Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!

Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!

 Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!

“Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—MATEO 9:37, 38.

1. Nukae kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?

NE MÍEÐO ŋku ŋkeke si dzi míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa subɔlawo, eɖanye ƒe ʋɛ aɖewo alo ƒe geɖe megbee o dzi la, awɔ na mí ko abe etsɔe ene. Yehowa kafukafu va zu nu vevitɔ na mí le míaƒe adzɔgbeɖegbenɔnɔ me. Esi míeƒle ɣeyiɣi nyuitɔ be míakpe ɖe amewo ŋu woase Fiaɖuƒe gbedasia eye be ne anyo woaxɔe la, Yehowa subɔsubɔ dzidzɔtɔe va zu nusi ŋu míetsia dzi ɖo wu. (Efesotɔwo 5:15, 16) Vaseɖe egbea la, míekpɔnɛ be ne míaƒe ŋku biã eye míele ‘geɖe wɔm le Aƒetɔ la ƒe dɔa me’ la, ɣeyiɣiawo va yina kabakaba. (Korintotɔwo I, 15:58) Togbɔ be míedoa go kuxiwo hã la, dzidzɔ si míekpɔna le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me doa ŋusẽ mí be míayi dɔa dzi.—Nexemya 8:10.

2. Nukawoe naa míekpɔa dzidzɔ le kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔa me?

2 Mí Kristotɔwo míele kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔ aɖe wɔm. Yesu Kristo tsɔ amewo nuƒoƒoƒu hena agbe mavɔ kpɔkpɔ sɔ kple nuŋeŋe. (Yohanes 4:35-38) Esi míele nuŋeŋedɔ sia wɔm ta la, ade dzi ƒo na mí be míadzro dzidzɔ si Kristotɔ gbãtɔ nuŋelawo kpɔ la me. Emegbe míadzro nu vevi etɔ̃ siwo naa dzi dzɔa mí le egbegbe nuŋeŋedɔa me la me akpɔ. Woawoe nye (1) míaƒe mɔkpɔkpɔ gbedasi la, (2) dzidzedze si míekpɔna le míaƒe amewo didi dɔa me kple (3) ŋutifafawɔwɔ ƒe nɔnɔme si le mí nuŋelawo si.

Wodɔ Wo Ða be Woanye Nuŋelawo

3. Nuka wɔwɔ mee Yesu yomedzela gbãtɔwo kpɔ dzidzɔ le?

3 Aleke gbegbee nuŋela gbãtɔwo—vevietɔ Yesu ƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo—ƒe agbenɔnɔ trɔe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe ŋkeke si dzi woyi to aɖe dzi le Galilea va kpe Kristo si wofɔ ɖe tsitre lae nye esi! (Mateo 28:16) Anɔ eme be “nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃” nɔ afima gbemagbe. (Korintotɔwo I, 15:6) Dɔ si Yesu de asi na wo la tsi susu me na wo. Egblɔ na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW) Togbɔ be woti wo yome vevie hã la, wokpɔ dzidzɔ geɖe le nuŋeŋedɔa me esi wokpɔe wole Kristo yomedzelawo ƒe hamewo ɖom ɖe teƒeteƒewo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘gbeƒãɖeɖe nyanyuia ɖo nuwɔwɔwo katã gbɔ le dziƒoa te.’—Kolosetɔwo 1:23; Dɔwɔwɔwo 1:8; 16:5.

4. Nɔnɔme kawo mee wodɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ɖa le?

4 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzedze le  Galilea teti la, eyɔ apostolo 12 la eye wòdɔ wo etɔxɛe be woaɖa ɖe gbeƒã be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 10:1-7) Eya ŋutɔ ‘yi ɖato Galilea duwo kple kɔƒewo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe ŋutinya nyuia gblɔm hele dɔléle kple lãmegbegblẽ ƒomevi ɖesiaɖe ɖem ɖa le dukɔ la dome.’ Amehawo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu “elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:35, 36) Ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ [Yehowa Mawu] bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mateo 9:37, 38) Nenema ke Yesu kpɔ be nuŋelawo hiãe le Yudea esime wòsusɔ dzinu ade pɛ ko ne eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nawu enu. (Luka 10:2) Le ɣeyiɣi evea siaa me la, edɔ eyomedzelawo be woanye nuŋelawo.—Mateo 10:5; Luka 10:3.

Míaƒe Mɔkpɔkpɔ Gbedasi La

5. Nukae naa míekpɔa dzidzɔ le nuŋeŋedɔa me?

5 Mí Yehowa subɔla siwo li egbea míetsɔa dzidzɔ wɔna ɖe nuŋeŋedɔa ƒe amekpekpea dzi. Nu vevi aɖe si naa míekpɔa dzidzɔe nye be míetsɔa mɔkpɔkpɔgbedasi yina na amesiwo ƒo dzi ɖe le kple blanuilélawo. Abe Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo ene la, mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na mí be míagblɔ nyanyuia—si nye mɔkpɔkpɔ gbedasi akuakua—na amesiwo ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene”!

6. Dɔ kae apostoloawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me?

6 Kaka ƒe alafa gbãtɔ ƒe domedome naɖo la, apostolo Paulo ƒe ŋku biã vevie ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu. Eye ɖikeke mele eme o be eƒe nuŋeŋedɔa tse ku, elabena esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Korinto Kristotɔwo le ƒe 55 M.Ŋ. lɔƒo la, egblɔ be: “Nɔviwo, mena mienya nyanyui, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me mietsi tre ɖo hã.” (Korintotɔwo I, 15:1) Apostoloawo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuwo nye nuŋela dovevienuwo. Togbɔ be Biblia megblɔ apostolo neni siwo nɔ agbe to nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo va wu enu ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ me le ƒe 70 M.Ŋ. me na mí o hã la, míenyae be apostolo Yohanes ganɔ gbeƒã ɖem anye ƒe 25 le nudzɔdzɔ ma megbe.—Nyaɖeɖefia 1:9.

7, 8. Mɔkpɔkpɔgbedasi kae Yehowa subɔlawo tsɔ hiahiã kpata le gbeƒã ɖemee fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe?

7 Emegbe ƒe alafa siwo me Kristodukɔa ƒe nunɔlawo, siwo nye xɔsegbela ‘sedzimawɔla’ la, ƒe dziɖuɣi la va. (Tesalonikatɔwo II, 2:3) Gake le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, amesiwo di be yewoanɔ agbe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe agbenɔnɔ nu la xɔ mɔkpɔkpɔ gbedasia eye woɖe gbeƒã Fiaɖuƒea. Le nyateƒe me, nya siwo nye “Kristo ƒe Anyinɔnɔ ƒe Gbeƒãɖela,” “Kristo ƒe Fiaɖuƒe ƒe Gbeƒãɖela,” alo “Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe” kpe ɖe magazine sia ƒe ŋkɔ ŋu tso eƒe tata gbãtɔ (July 1879) dzi ke.

8 Woɖo Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me wòle Yesu Kristo si me, eye míetsɔ hiahiã kpata le gbeƒã ɖem mɔkpɔkpɔgbedasia fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nukatae? Elabena Fiaɖuƒeyayraawo dometɔ aɖee nye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si ava kpuie la. (Daniel 2:44) Nyanyui kae agate ŋu anɔ anyi wu ema? Eye dzidzɔ gã kae míagate ŋu akpɔ tsɔ wu be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea hafi “xaxa gã” la nadze egɔme?—Mateo 24:21; Marko 13:10.

Amewo Didi si Wokpɔ Dzidzedze Na

9. Mɔfiafia kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae do tso eme?

9 Nu bubu si naa míekpɔa dzidzɔ le nuŋeŋedɔa mee nye dzidzedze si míekpɔna le amesiwo va zua nusrɔ̃lawo eye wova kpena ɖe mía ŋu le nuŋeŋedɔa me la didi me. Le ƒe 31-32 M.Ŋ. me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie.” (Mateo 10:11) Menye amesiamee dze o, abe alesi woƒe nɔnɔme ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu ɖenɛ fiana ene. Ke hã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tsɔ dzonɔameme ɖe gbeƒã nyanyuia na amewo le afisiafi.

10. Aleke Paulo wɔ amesiwo dze la didi ƒe dɔae?

 10 Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, woyi amesiwo dze la didi dzi kple ŋkubiã. Paulo ƒo nu na Yudatɔwo le woƒe ƒuƒoƒewo kple amesiwo ŋu wòkena ɖo le asime le Atene. Esi wòɖi ɖase le Hela-du ma si nye Areopago me la, “ŋutsu aɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dioniso, [si nye ʋɔnudrɔ̃la le Areopago, NW] kple nyɔnu aɖe si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le.” Paulo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ɖi le gbeƒãɖeɖe “le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” me le afisiafi si wòyina hã.—Dɔwɔwɔwo 17:17, 34; 20:20.

11. Nyanyuia gbɔgblɔmɔnu kawoe wozã le ƒe aɖewo me va yi?

11 Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Kristotɔ amesiaminawo tsɔ dzideƒo di amesiwo dze lae. July/August 1881 ƒe Zion’s Watch Tower me nyati si ƒe tanyae nye “Wosi Ami na Wo be Woaɖe Gbeƒã” gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe nyanyuia . . . le ‘ame fafawo’—amesiwo lɔ̃ be yewoasee bene woate ŋu akpɔ Kristo ƒe ŋutilã, si nye eƒe hadomenyilawo le wo dome—gbɔ ɖom.” Zi geɖe la, Mawu ƒe nuŋeŋedɔwɔlaawo doa go amewo ne wokpa tso sɔleme eye wotsɔa trakt siwo me Ŋɔŋlɔawo me nya siwo ŋu wotrɔ asi le be wòanyɔ amesiwo dze ƒe ɖetsɔleme le la naa wo. Esi wogbugbɔ ŋku lé ɖe ɖaseɖiɖimɔnu sia ƒe dɔwɔwɔ ŋu nyuie la, May 15, 1903, ƒe Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo na nuŋelawo be woama traktawo “tso aƒeme yi aƒeme, le Kwasiɖagbe ŋdiwo.”

12. Aleke míedzi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe nyonyome ɖe edzii? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

12 Le nyitsɔ laa ƒewo me la, míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to amewo gbɔ yiyi le teƒe bubu siwo menye woƒe aƒewo me o me. Mɔnu sia le vi geɖe ɖem le dukɔ siwo me dɔwɔnyawo kple modzakaɖeɖe naa amewo menɔa aƒeme o le ɣeyiɣi si me míelɔ̃a wo gbɔ dede me. Esi Ðasefo aɖe si le England kple eƒe zɔhɛ de dzesii be amedzrowo ɖoa ʋu va ɖea modzaka le ƒuta edziedzi la, woléa dzi ɖe ƒo gena ɖe ʋuawo me nɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam ʋuɖolaawo. Woma magazine 229 le dzinu ɖeka me. Woka nya ta be: “Míevɔ̃na na ɖaseɖiɖi le ƒuta, nudzraƒewo, alo kplamatsedonu aɖeke si adze ŋgɔ mí o elabena míenya be Yehowa li kpli mí ɣeawokatãɣi.” Woɖe magazine ƒe ademɔ, dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme, eye wo ame evea wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.

13. Tɔtrɔ kawo wɔwɔe hiã le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le teƒe aɖewo?

13 Esi míeyi edzi le amesiwo dze dim la, ahiã be míagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔae ŋu nyuie le teƒe aɖewo. Togbɔ be Ðasefo geɖe lɔ̃a gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ tso aƒeme yi aƒeme Kwasiɖagbe ŋdiwo hã la, wokpɔ le teƒe aɖewo be amewo ƒe aƒeme yiyi ŋdi nenema mele vi ɖem tututu o elabena aƒea me tɔwo nɔa gbɔgbɔm ɖe eme. Ðasefo geɖe trɔ asi le woƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu fifia eye woyia amewo gbɔ ɣebubuɣi gbemagbe, ɖewohĩ le kpakpã tso  woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo vɔ megbe. Eye le nyateƒe me, amewo didi sia le ku nyuiwo tsem. Le ƒe si va yi me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi alafa memama 2.3 le xexeame katã. Esia dea bubu nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la ŋu hedoa dzidzɔ na míaƒe dzi.

Minye Ŋutifafamewo le Nuŋeŋedɔa Wɔwɔ Me

14. Nɔnɔme kae míetsɔna gblɔa míaƒe gbedasiae, eye nukatae?

14 Nu bubu si ta dzi dzɔa mí ɖo enye ŋutifafawɔwɔ ƒe nɔnɔme si míeɖena fiana le nuŋeŋedɔa wɔwɔ me. Yesu gblɔ be: “Ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.” (Mateo 10:12, 13) Gɔmesese si le Hebrigbe me gbedoname sia kple esi sɔ kplii le Helagbe si wotsɔ ŋlɔ Biblia me la siaa ŋue nye ‘Eme nenyo na wò.’ Nɔnɔme sia fiaa mɔ si nu míate ɖe amewo ŋu le la mí ne míele gbeƒã ɖem nyanyuia. Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia nyuie. Le amesiwo axɔe nyuie gome la, woate ŋu alé avu le woa kple Mawu dome ne wotrɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me eye wogbugbɔ hewɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eye ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu ana woakpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 3:19; 13:38, 48; Korintotɔwo II, 5:18-20.

15. Aleke míawɔ akpɔtɔ anye ŋutifafamewo ne womexɔ mí nyuie le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me o?

15 Aleke míawɔ akpɔtɔ anye ŋutifafamewo ne womexɔ mí nyuie o? Yesu gblɔe be: “Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.” (Mateo 10:13) Luka ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nusrɔ̃la 70 la dɔdɔ ŋu gblɔ Yesu ƒe nya siawo kpee be: “Ne ŋutifafame aɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agagbugbɔ ava mia dzi.” (Luka 10:6) Ne míetsɔ nyanyuia yi na amewo la, esɔ be míate ɖe wo ŋu le vividoɖeameŋu kple ŋutifafawɔwɔ ƒe nɔnɔme me. Ðeko aƒemenɔla ƒe ɖekematsɔleme, nyatoƒoetoto, alo nya madzemadze gbɔgblɔ ana míaƒe gbedasia ƒe ŋutifafa ‘nagbugbɔ’ ava mía dzi. Gake nusiawo dometɔ aɖeke megblẽa míaƒe ŋutifafa, si nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe kutsetse, la me o.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Taɖodzinu Nyui aɖe na Nuŋelawo

16, 17. (a) Nukae nye míaƒe taɖodzinu le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe amesiwo si Biblia me nyabiabiawo le ŋui?

16 Edzɔa dzi na mí nuŋelawo be míekpɔa  gome le amewo nuƒoƒoƒu hena agbe mavɔ kpɔkpɔ me. Eye aleke gbegbe wònyea dzidzɔ na míi enye si ne ame aɖe si míeɖe gbeƒã na la xɔ mí, eye wòdi be yeasrɔ̃ nu, heva zu “ŋutifafa xɔlɔ̃”! Ðewohĩ Biblia me nya geɖe le esi wòabia gake míate ŋu aɖo wo katã ŋu nɛ le yiyi zi ɖeka me o. Esi masɔ be míanɔ egbɔ wòadidi akpa le yiyi zi gbãtɔ me o ta la, nukae míate ŋu awɔ? Míate ŋu aɖo taɖodzinu aɖe si wokafu ƒe 60 enye sia va yi la ke na mía ɖokui.

17 “Ele be Yehowa ɖasefo ɖesiaɖe nadzra ɖo awɔ Biblia me nusɔsrɔ̃ nyui.” Nya ma dze le Model Study-gbalẽ siwo wota kplɔ wo nɔewo ɖo tso ƒe 1937 vaseɖe 1941 me ƒe etɔ̃lia me. Agbalẽa gblɔ yi edzi be: “Ele be [Fiaɖuƒegbeƒãɖela] ɖesiaɖe nadze agbagba vevie akpe ɖe lɔlɔ̃nu nyui tɔ siwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒenya la me ŋu alesi wòanya wɔ. Ele be nàtrɔ ayi amesiawo gbɔ, aɖo woƒe biabiawo ŋu . . . , eye ekema nàdze nusɔsrɔ̃ gɔme . . . enumake alesi nàte ŋui.” Ẽ, taɖodzinu si míetsɔ wɔa tɔtrɔyiwoe enye be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme eye míawɔe edziedzi. * Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme kple ɖetsɔtsɔ le ɖetsɔlemetɔa me lɔlɔ̃tɔe ʋãa mí míedzrana ɖo nyuie hewɔa nusɔsrɔ̃a wòléa vi.

18. Aleke míawɔ akpe ɖe ame yeyewo ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo?

18 Míate ŋu ato agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple agbalẽ gbadzawo abe Nukae Mawu Di tso Mía Si? ene dzi awɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ nyuiwo ale be míakpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeyewo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo. Esi míedina be míasrɔ̃ Yesu Kristo, Nufiala Gã la, ta la, ate ŋu adzɔ be Biblia-nusrɔ̃vi mawo hã asrɔ̃ ŋutifafa kple dzidzɔ si dzena le mía ŋu, míaƒe anukwareɖiɖi, kple míaƒe bubudede Yehowa ƒe dzidzenuwo kple mɔfiamewo ŋu. Ne míele kpekpem ɖe ame yeyewo ŋu le woƒe nyabiabiawo ŋu ɖom na wo la, mina míawɔ nusianu si míate ŋui afia alesi woaɖo nya ŋui na amesiwo abia nya wo la hã wo. (Timoteo II, 2:1, 2; Petro I, 2:21) Mí kpɔɖeŋu nuŋelawo míate ŋu akpɔ dzidzɔ be le subɔsubɔƒe si va yi me la, míewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 4,766,631 le mama dedie nu le xexeame katã. Enyea dzidzɔ gã aɖe na mí ne míele nuŋela siwo kpɔ gome le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ dɔa wɔwɔ me la dome.

Nɔ Dzidzɔ Kpɔm Ðaa le Nuŋeŋedɔa Me

19. Nukatae susu nyuiwo nɔ anyi siwo ta dzi dzɔ amewo le nuŋeŋedɔa me le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple emegbe kpuie?

19 Susu nyuiwo nɔ anyi siwo ta dzi dzɔ amewo le nuŋeŋedɔa me le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple emegbe kpuie. Ame geɖe xɔ nyanyuia ɣemaɣi. Woƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi vevietɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi, elabena amesiwo ade 3,000 wɔ ɖe Petro ƒe mɔfiafia dzi, eye woxɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, heva zu Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel-dukɔ la me tɔwo. Le nyateƒe me, woƒe xexlẽme yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi esi “Aƒetɔ [Yehowa] tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.”—Dɔwɔwɔwo 2:37-41, 46, 47; Galatiatɔwo 6:16; Petro I, 2:9.

20. Nukae naa míekpɔa dzidzɔ gã aɖe le míaƒe nuŋeŋedɔa wɔwɔ me?

20 Yesaya ƒe nyagblɔɖi aɖe nɔ eme vam ɣemaɣi be: “[Yehowa,] èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye  nèna dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne womã aboyonu ene.” (Yesaya 9:2) Togbɔ be amesiaminawo ƒe ‘dukɔ’ ma ƒe ‘dzidziɖedzi’ wu enu keŋkeŋ kloe fifia hã la, míaƒe dzidzɔ dzina ɖe edzi ne míekpɔ alesi nuŋela bubuwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii ƒe sia ƒe.—Psalmo 4:8; Zaxarya 8:23; Yohanes 10:16.

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Ðikekemanɔmee la, susu nyuiwo li siwo ta míanɔ dzidzɔ kpɔm ɖaa le nuŋeŋedɔa me. Mɔkpɔkpɔ gbedasi si le mía si, alesi míedia amesiwo dzee, kple ŋutifafawɔwɔ ƒe nɔnɔme si le mía si—nusiawo katã naa míenyea nuŋela kpɔdzidzɔwo. Gake enaa ame geɖe tsia tre ɖe mía ŋu hã. Nusia dzɔ ɖe apostolo Yohanes dzi. Wodee game le Patmo-ƒukpo dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Ke aleke míawɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le yometiti kple tsitretsiɖeŋu me? Nukae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe ame geɖe siwo míeɖea gbeƒã na fifia la ƒe ɖekematsɔleme nu? Ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya siawo ŋu le míaƒe nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Gbã la, woɖoa nusɔsrɔ̃wo wɔƒe ɖe afisiwo woate ŋu aƒo ɖetsɔlemetɔwo nu ƒu ɖo. Gake mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi wova te nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo hã o.—Kpɔ Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 574.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae nye kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔ la?

• Gbedasi ka tɔgbee míeɖea gbeƒãe?

• Nukatae míaƒe nusrɔ̃ladididɔa le dzidzedze kpɔm?

• Aleke míewɔna nyea ŋutifafamewo le nuŋeŋedɔa wɔwɔ me?

• Nukatae míeyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm le nuŋeŋedɔa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]

Gbeƒãɖeɖe le ƒe alafa gbãtɔ kple 20 lia me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Abe Paulo ene la, míaƒe ŋkekea me nuŋelawo dzea agbagba be yewoaɖo amewo gbɔ le afisiafi

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Tsɔ vividoɖeameŋu ɖe gbeƒã nyanyuiae