Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nedzɔ Wò Le Sidzedze Yehowa Ta

Dzi Nedzɔ Wò Le Sidzedze Yehowa Ta

 Dzi Nedzɔ Wò Le Sidzedze Yehowa Ta

“Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm.”—LUKA 11:28, NW.

1. Ɣekaɣie Yehowa dze nuƒoƒo na amegbetɔwo gɔme?

YEHOWA lɔ̃ amegbetɔwo eye wòtsɔ ɖe le woƒe dedienɔnɔ me vevie. Eyata mewɔ nuku o be eƒoa nu na wo. Edze nuƒoƒo na wo gɔme tso Eden-bɔa me ke. Mose I, 3:8 gblɔ be gbeɖeka le “anyinufaɣi” la, Adam kple Xawa ‘se Yehowa Mawu ƒe gbe.’ Ame aɖewo gblɔ be nya sia fia be Yehowa lɔ̃a nuƒoƒo na Adam le anyinufaɣiwo, ɖewohĩ gbesiagbe. Aleke ke nyaa le o, Biblia na eme kɔ be menye ɖeko Mawu ɖoe koŋ fiaa mɔ ame gbãtɔ la o, ke boŋ efiaa nusiwo wòle be wòanya ale be wòate ŋu awɔ dɔ siwo wòde esi la hãe.—Mose I, 1:28-30.

2. Aleke ame eve gbãtɔ ɖe wo ɖokui ɖa le Yehowa ƒe mɔfiame ŋui, eye nukae do tso eme?

2 Yehowa na agbe Adam kple Xawa, ena ŋusẽ wo be woaɖu lãwo dzi, eye wòtsɔ anyigba blibo la de woƒe ŋusẽ te. Se ɖeka koe wòde na wo—si nye be woagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atikutsetsea o. Le Satana ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Adam kple Xawa dzi ta la, woda le Mawu ƒe sea dzi. (Mose I, 2:16, 17; 3:1-6) Wotiae be yewoawɔ nu le yewo ɖokui si ahawɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso na wo ɖokui. Nusia wɔwɔ na be woɖe wo ɖokui ɖa le wo Wɔla lɔ̃amea ƒe mɔfiame ŋu movidzɔdzɔtɔe. Afɔkue do tso eme na woa kple wo vi siwo womekpɔ dzi haɖe o la. Adam kple Xawa va tsi heku amegã kple nyagã eye mlɔeba woku eye mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si na tsitretsitsi o. Woƒe dzidzimeviwo nyi nuvɔ̃ kple emetsonu si nye ku ƒe dome.—Romatɔwo 5:12.

3. Nukatae Yehowa ƒo nu na Kain ɖo, eye aleke Kain wɔ nu ɖe eŋui?

3 Togbɔ be aglãdzenu sia yi edzi le Eden hã la, Yehowa yi edzi ƒoa nu na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo. Kain, si nye Adam kple Xawa ƒe viŋutsu gbãtɔ, nɔ mɔ si akplɔe de nuvɔ̃ me dzi. Yehowa xlɔ̃ nui be eɖo ta afɔku me eye wòɖo aɖaŋu nɛ be ‘wòatrɔ ɖe nyuiwɔwɔ ŋu.’ Kain gbe aɖaŋu sia si woɖo nɛ lɔlɔ̃tɔe la xɔxɔ eye wòwu nɔvia. (Mose I, 4:3-8) Ale wɔ ame etɔ̃ gbãtɔ siwo nɔ anyigba dzi la gbe amesi na agbe wo, Mawu si fiaa nu eƒe amewo be wòaɖe vi na wo, la ƒe mɔfiame si me kɔ la xɔxɔ. (Yesaya 48:17) Aleke nusia ate ɖe Yehowa dzie nye si!

Yehowa Ðe Eɖokui Fia Blematɔwo

4. Kakaɖedzi kae nɔ Yehowa si ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ŋu, eye esi nusia nɔ susu me nɛ ta la, mɔkpɔkpɔ ƒe dzidzɔgbedasi kae wògblɔ?

4 Togbɔ be Yehowa tɔ dzɔ be wòadzudzɔ nuƒoƒo na amegbetɔwo hã la, mewɔe nenema o. Kakaɖedzi nɔ esi be Adam ƒe dzidzimevi aɖewo ava wɔ nu nunyatɔe axɔ Yeƒe mɔfiame. Le kpɔɖeŋu me, esime Yehowa nɔ fɔ bum Adam kple Xawa la, egblɔ “dzidzimevi” aɖe si ava tsi tre ɖe Da la, si nye Satana Abosam, ŋu ƒe vava ŋu nya ɖi. Ɣeyiɣi aɖe ava esime woagba ta na Satana wòaku. (Mose I, 3:15) Nyagblɔɖi sia nye mɔkpɔkpɔ ƒe dzidzɔgbedasi na “amesiwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm.”—Luka 11:28, NW.

5, 6. Mɔ kawo nue Yehowa to ƒo nu na eƒe amewo do ŋgɔ na ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ., eye aleke esia ɖe vi na woe?

5 Yehowa gblɔ eƒe lɔlɔ̃nu na blemafofo nuteƒewɔlawo abe Noa, Abraham, Isak, Yakob, kple  Hiob ene. (Mose I, 6:13; Mose II, 33:1; Hiob 38:1-3) Emegbe eto Mose dzi tsɔ sededewo na Israel-dukɔa. Mose ƒe Sea ɖe vi na wo le mɔ geɖe nu. Esime Israel-viwo wɔ edzi la, ena wozu Mawu ƒe ame tɔxɛ siwo ɖe ɖe vovo tso dukɔ bubuwo katã ŋu. Mawu na kakaɖedzi Israel-viwo be ne wowɔ Sea dzi la, menye ŋutilã me koe yeayra wo le o, ke le gbɔgbɔ me hã, yeana woanye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe, dukɔ kɔkɔe. Nuɖuɖu kple dzadzɛnyenye ŋuti sedede siwo doa lãmesẽ ɖe ŋgɔ gɔ̃ hã nɔ Sea me. Gake Yehowa xlɔ̃ nu wo tso nu wɔnublanui siwo ado tso tomaɖomaɖo me hã ŋu.—Mose II, 19:5, 6; Mose V, 28:1-68.

6 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova tsɔ agbalẽ bubu siwo tso gbɔgbɔ me la kpe ɖe Biblia-gbalẽwo ŋu. Ŋutinyamenuŋlɔɖiwo na míenya nu tso alesi Yehowa wɔ nu kple dukɔwo kpakple amewoe ŋu. Woƒo nu tso eƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie le agbalẽ siwo nye hakpanyawo me. Wogblɔ alesi Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le etsɔmee la ɖi le nyagblɔɖigbalẽwo me. Blematɔ nuteƒewɔlawo srɔ̃ nuŋlɔɖi siawo siwo tso gbɔgbɔ me la memie hetsɔ wo de dɔwɔwɔ me. Wo dometɔ ɖeka ŋlɔ bena: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Yehowa na nufiame kple numekɔkɔ wo dometɔ si lɔ̃ be yewoaɖo toe.

Kekelia Klẽ Ðe Edzi

7. Togbɔ be Yesu wɔ nukunuwo hã la, nu vevi ka koŋue wonya nɛ wu, eye nukatae?

7 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yuda-subɔsubɔhawo va tsɔ amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo de Sea me. Wova wɔ Sea ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu, eye le esi teƒe be wòanye numekɔkɔ tsoƒe la, eva zu agba kpekpe le kɔnyinyi mawo ta. (Mateo 23:2-4) Gake le ƒe 29 M.Ŋ. me la, Yesu, si nye Mesia la do. Menye eƒe agbe si wòatsɔ ana ɖe ameƒomea ta ɖeɖeko tae wòva ɖo o, ke boŋ be ‘wòaɖi ɖase le nyateƒe la ŋuti.’ Togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la, ŋkɔ si wonya nɛ koŋ enye “Nufiala.” Eƒe nufiafia nɔ abe akaɖi si nɔ keklẽm ɖe gbɔgbɔmeviviti si xɔ amewo ƒe susu me la me ene. Yesu ŋutɔ gblɔe wòsɔ nyuie be: “Nyee nye xexeame ƒe kekeli la.”—Yohanes 8:12; 11:28; 18:37.

8. Agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me kawoe woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, eye aleke woɖe vi na Kristotɔ gbãtɔwoe?

8 Emegbe wova tsɔ Nyanyuiawo, siwo nye Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi ene, kple Dɔwɔwɔwo  ƒe agbalẽa, si nye Kristotɔnyenye ƒe kaka le Yesu ƒe ku megbe ŋuti nya, kpe ɖe wo ŋu. Lɛta siwo gbɔgbɔ ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo woŋlɔ, kple nyagblɔɖigbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa hã nɔ anyi. Agbalẽ siawo kpakple Hebri Ŋɔŋlɔawoe ƒo ƒu zu Biblia bliboa. To agbalẽ siawo siwo tso gbɔgbɔ me ƒe kpekpeɖeŋu me la, Kristotɔwo “kpakple ame kɔkɔewo katã [te ŋu dze] si nusi nye [nyateƒea ƒe] kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme.” (Efesotɔwo 3:14-18) “Kristo ƒe tamesusu” te ŋu su wo si. (Korintotɔwo I, 2:16) Ke hã Kristotɔ gbãtɔ mawo mese Yehowa ƒe tameɖoɖowo ƒe akpa sia kpa gɔme keŋkeŋ o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati xɔsetɔwo be: “[Fifia] la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me.” (Korintotɔwo I, 13:12) Abebubuwo koe ahuhɔ̃e ma aɖe afia, ke menye eƒe akpa sia akpa tsitotsito o. Mawu ƒe Nya ŋuti gɔmesese bliboa le ŋgɔ gbɔna.

9. Nukawo mee va kɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me?

9 Egbea la, míele ɣeyiɣi aɖe si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me, wonye ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ.’ (Timoteo II, 3:1) Nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi be le ɣeyiɣi sia me la, ‘sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’ (Daniel 12:4) Ale Yehowa, Nufiala Gãtɔ la, kpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woase eƒe Nya la gɔme. Ameha gãwo va se egɔme fifia be woɖo Kristo Yesu zi dzi le dziƒo si ŋku mate ŋu akpɔ o le ƒe 1914 me. Wonya hã be eteƒe madidi o aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa ahatrɔ anyigbaa wòazu xexeame katã ƒe paradiso. Wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyuia ƒe akpa vevi sia le anyigba la katã dzi fifia.—Mateo 24:14.

10. Aleke amewo wɔ nu ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame ŋui le ƒe alafa siwo va yi me?

10 Ẽ, le ŋutinya katã me la, Yehowa gblɔ eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo na amewo le anyigbaa dzi. Biblia ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso ame geɖe siwo ɖo to, tsɔ mawumenunya wɔ dɔe, eye woyra wo ɖe eta ŋu. Eƒo nu tso ame bubu siwo gbe nuxlɔ̃ame siwo Mawu na lɔlɔ̃tɔe la xɔxɔ hedze Adam kple Xawa ƒe afɔtoƒe gblẽkua yome hã ŋu. Yesu wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu esi wòƒo nu tso kpɔɖeŋumɔ eve ŋu. Ðeka kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me. Esi wònye be mɔ sia keke hele gbadzaa ta la, ame gbogbo siwo gbe Mawu ƒe Nya lae le edzi. Mɔ evelia kplɔa ame yia agbe mavɔ me. Togbɔ be edzi xaxa hã la, eya dzie ame ʋɛ siwo xɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya, eye wonɔa agbe ɖe enu la le.—Mateo 7:13, 14.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nusi le Mía Si la Ŋu

11. Nuka ƒe kpeɖodzie Biblia si míeva nya hexɔ edzi se la nye?

11 Èle amesiwo tia agbemɔ la domea? Ne èle wo dome la, ɖikeke aɖeke mele eme o be àdi be yeanɔ edzi ɖaa. Aleke nàte ŋu awɔe? Nɔ ŋugble dem le yayra siwo Biblia ƒe nyateƒenyawo nyanya na nèkpɔ le wò agbeme la ŋu edziedzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Nyateƒenya si wònye be èɖo to nyanyuia ɖeɖe nye kpeɖodzi be Mawu ƒe yayra le dziwò. Yesu ɖe esia fia esime wògblɔ nya siawo na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩwo.” (Mateo 11:25) Tɔƒodelawo kple nudzɔlawo se Yesu ƒe nufiafiawo gɔme, gake subɔsubɔhakplɔla agbalẽnyala gãwo mese wo gɔme o. Yesu gblɔ hã be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Ne èva nya Biblia eye nèxɔ eƒe nufiafiawo dzi se hetsɔnɛ wɔa dɔe la, esia nye kpeɖodzi  be Yehowae he wò vɛ. Enye susu si ta dzi nadzɔ wò ɖo.

12. Mɔ kawo nue Biblia naa numekɔkɔ mí le?

12 Nyateƒenya siwo naa gbɔdzɔe kple numekɔkɔ ame la le Mawu ƒe Nya la me. Amesiwo nɔa agbe ɖe Biblia me sidzedze si su wo si nu la vo tso alakpadzixɔsewo, alakpanufiafiawo, kple numanyamanya siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi la me. Le kpɔɖeŋu me, luʋɔ ŋuti nyateƒea nyanya nana míevona tsoa vɔvɔ̃ be ame kukuwo ate ŋu awɔ nuvevi mí alo be míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la le fu kpem me. (Xezekiel 18:4) Nyateƒenya siwo ku ɖe mawudɔla vɔ̃ɖiwo ŋu nyanya kpena ɖe mía ŋu be míaƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔ. Tsitretsitsia ŋuti nufiafiaa faa akɔ na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku. (Yohanes 11:25) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo na míenya afisi míeɖo na ɣeyiɣiawo eye wonaa kakaɖedzi sua mía si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu. Wonaa agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si hã me sẽna ɖe edzi.

13. Aleke Mawu ƒe Nya dzi wɔwɔ ɖea vi na mí le ŋutilã mee?

13 Mawumegɔmeɖose siwo le Biblia me fia mí alesi míanɔ agbee wòaɖe vi na mí le ŋutilã me. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃ alesi míaƒo asa na nuwɔna siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã, abe atama kple atike bubuwo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ene. Míetsria ahamumu. (Korintotɔwo II, 7:1) Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo dzi wɔwɔ kpɔa mía ta tsoa nulɔdɔwo me. (Korintotɔwo I, 6:18) To wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame be míatsri galɔlɔ̃ me la, míenɔa kesinɔnuwo yome hegblẽa míaƒe tomefafa me abe alesi ame geɖe tɔ me gblẽe ene o. (Timoteo I, 6:10) Mɔ kawo nue Mawu ƒe Nya tsɔtsɔ wɔ dɔe le wò agbe me ɖe vi na wò ŋutɔ le?

14. Ŋusẽ kae gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔna ɖe míaƒe agbe dzi?

14 Ne míenɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya nu la, míexɔa Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Míetua Kristo ƒe  amenyenye ɖo, eye nɔnɔme nyoameŋuwo abe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo dzena le mía ŋu. (Efesotɔwo 4:24, 32) Mawu ƒe gbɔgbɔ la hã naa míetsea eƒe ku—siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nɔnɔme siawo naa dzidzɔ kple nugɔmesese nɔa amewo dome ƒomedodowo kple ƒometɔwo dome kadodo me. Ememe ŋusẽ si kpena ɖe ame ŋu wònɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu kple dzideƒo la sua mía si. Ède dzesi alesi gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi wònyo wui la?

15. Vi kawoe wòaɖe na mí ne míena míaƒe agbe wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?

15 Ne míena míaƒe agbe wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, míedoa ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo. Kakaɖedzi gasua mía si be esea nu gɔme na mí eye wòlɔ̃ mí. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖenɛ fiana mí be ekpena ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me. (Psalmo 18:19) Míekpɔnɛ dzea sii ŋutɔŋutɔ be eɖoa to míaƒe gbedodoɖa. (Psalmo 65:3) Ewɔnɛ be míeva ɖoa ŋu ɖe eƒe mɔfiamewo ŋu, eye kakaɖedzi nɔa mía si be woaɖe vi na mí. Eye mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia le mía si be le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, ana amesiwo wɔa nuteƒe nɛ nade blibo eye wòana woaxɔ eƒe nunana si nye agbe mavɔ. (Romatɔwo 6:23) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Èse le ɖokuiwò me be mia kple Yehowa dome ƒomedodo me gasẽ ɖe edzi esime nète ɖe eŋu kplikplikplia?

Kesinɔnu si Ðeke Mesɔ Kpli O

16. Tɔtrɔ kawoe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo wɔ?

16 Paulo ɖo ŋku nu dzi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiaminawo be wo dometɔ aɖewo nye matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, fiafitɔwo, ŋubiãlawo, ahamulawo, busubɔlawo, kple adzodalawo tsã. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Biblia ƒe nyateƒea wɔe wowɔ tɔtrɔ gãwo; ‘wole tsi na wo.’ Dze agbagba nàbu alesi wò agbe anɔ ne ɖe menye nyateƒenya si ɖea ame lae nèsrɔ̃ tso Biblia me o ŋu kpɔ. Vavãe, nyateƒea nye kesinɔnu si ɖeke mesɔ kplii kura o. Aleke gbegbe dzi dzɔa míe nye si be Yehowa ƒoa nu na mí!

17. Aleke wonyi Yehowa Ðasefowo le gbɔgbɔ me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee?

17 Gakpe ɖe eŋu la, bu yayra siwo míekpɔna le míaƒe ameƒomevi vovovowo ƒe nɔvihabɔbɔa me ŋu kpɔ ko! “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la naa nuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, si ƒe ɖewoe nye Bibliawo, magazinewo, kple agbalẽ bubuwo le gbegbɔgblɔ vovovowo me. (Mateo 24:45-47) Le ƒe 2000 subɔsubɔƒea me la, Yehowa Ðasefowo siwo le dukɔ geɖewo me srɔ̃ nu tso Hebri Ŋɔŋlɔa me gbalẽ enyi ŋu le hamea ƒe kpekpewo me. Wode ŋugble le Biblia me me 40 siwo ŋu woƒo nu tsoe le Insight on the Scriptures ƒe agbalẽa me ƒe agbenɔnɔ ŋu. Wodzro agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe akpa ɖeka le ene me me kple Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe agbalẽ bliboa katã me. Míedzro nyati xɔasi 36 me hekpe ɖe nusɔsrɔ̃nyati 52 ŋu le Gbetakpɔxɔ magazinea me. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa ƒe tata 12 kple kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe dutoƒonuƒo siwo ku ɖe Biblia me nyati vovovowo ŋu nyi Yehowa ƒe amewoe.  Aleke gbegbe wona míexɔ gbɔgbɔ me sidzedze wògba goe nye si!

18. Mɔ kawo nue wokpena ɖe mía ŋu le le Kristo-hamea me?

18 Le xexeame godoo la, míexɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname le hame 91,000 kple edzivɔ me to kpekpewo kple hadede me. Míexɔa kpekpeɖeŋu tsoa hati Kristotɔ tsitsi siwo lɔ̃ be yewoakpe ɖe mía ŋu le gbɔgbɔ me la hã gbɔ. (Efesotɔwo 4:11-13) Ẽ, nyateƒea ƒe sidzedze si su mía si la ɖe vi na mí ale gbegbe. Enye dzidzɔ be míenya Yehowa hele esubɔm. Aleke hakpala la ƒe nyawo nye nyateƒee nye si, amesi ŋlɔ bena: “Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!”—Psalmo 144:15, NW.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la, amekawoe Yehowa ƒo nu na.

• Aleke gbɔgbɔmekekelia va klẽ ɖe edzi le ƒe alafa gbãtɔ mee? le egbeŋkekea mee?

• Yayra kawoe dona tsoa agbenɔnɔ le ɖekawɔwɔ me kple sidzedze Yehowa me?

• Nukatae wònye dzidzɔ na mí be míedze si Mawu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Yehowa na Mose, Noa, kple Abraham nya eƒe lɔlɔ̃nu

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yehowa na eƒe Nya la ŋuti numekɔkɔ geɖe mí le míaƒe ŋkekea me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

De ŋugble le yayra siwo míekpɔna le míaƒe ameƒomevi vovovowo ƒe nɔvihabɔbɔa me ŋu!