Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La

Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La

 Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La

“Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nanɔ mia dzɔm, . . . eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi.”—KORINTOTƆWO II, 13:11, NW.

1, 2. (a) Nukatae dzi medzɔa ame geɖe le agbe me o? (b) Nukae nye dzidzɔ, eye aleke míate ŋu atui ɖoe?

LE AFƆKUƔI siawo me la, ame geɖe kpɔe be nu boo aɖeke meli si ta dzi adzɔ ame ɖo o. Ne afɔku dzɔ ɖe woawo alo woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe dzi la, ɖewohĩ woase le wo ɖokui me abe blematɔ Hiob ene, amesi gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Kristotɔwo mevo tso ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sẽ’ me xaxa kple kuxiwo me o, eye mewɔ nuku be ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ƒo o.—Timoteo II, 3:1.

2 Ke hã dzi ate ŋu adzɔ Kristotɔwo, ne wole dodokpɔ me tom gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 5:40, 41) Be míase alesi esia anya wɔe me la, bu nusi dzidzɔ nye ŋu gbã. Woɖe dzidzɔ gɔme be “seselelãme si ɖoa ame me ne wokpɔ alo le mɔ kpɔm na nu nyui aɖe.” * Eyata ne míegbɔ dzi ɖi xlẽ míaƒe yayrawo fifia eye míede ŋugble le dzidzɔ si le mía lalam le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu la, dzi ate ŋu adzɔ mí.

3. Susu ka nue míate ŋu agblɔe le be susu aɖewo ya teti le amesiame si, siwo ta wòle be dzi nadzɔe ɖo?

3 Woyra amesiame le mɔ aɖe nu si ta wòle be wòada akpe ɖo. Ðewohĩ dɔ age le ƒome ƒe ta aɖe si. Ele dzɔdzɔme nu be wòatsi dzi. Edi be yeakpɔ yeƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ke hã ne ŋusẽ le eŋu eye wòle lãmesẽ me la, ate ŋu ada akpe ɖe ema ta. Ne eva kpɔ dɔ la, lãmesẽ si le esi ate ŋu akpe ɖe eŋu wòawɔ dɔ sesẽ. Kpɔɖeŋu bubue nye be, dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ate ŋu adze nyɔnu Kristotɔ aɖe dzi. Ke hã ate ŋu ada akpe be xɔlɔ̃ kple ƒometɔ lɔ̃amewo kpe ɖe eŋu wòte ŋu kpe akɔ kple dɔlélea le bubu kple dzideƒo me. Enye nyateƒe be Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ su yewosi yewonya Yehowa, ‘dzidzɔ Mawu’ la, kple Yesu Kristo, ‘Dziɖula dzidzɔtɔ ɖeka’ la, nɔnɔme ka ke mee wole o. (Timoteo I, 1:11; 6:15) Ẽ, dzi dzɔa Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wu amesiame. Woyi edzi le dzidzɔ kpɔm togbɔ be nɔnɔme siwo le anyigba dzi to vovo sasasã na alesi Yehowa ɖoe le gɔmedzedzea me hã. Woƒe kpɔɖeŋua  ate ŋu afia nu geɖe mí le alesi míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ŋu.

Womebu Woƒe Dzidzɔ Kpɔ Gbeɖe O

4, 5. (a) Aleke Yehowa wɔ nui esime ame gbãtɔwo dze aglã? (b) Mɔ ka nue Yehowa ɖe ameƒomea ŋuti nukpɔsusu nyui fia le?

4 Le Eden-bɔa me la, lãmesẽ kple susu deblibo nɔ Adam kple Xawa si, si na be wonya kpɔ ale gbegbe. Dɔ ɖe vi nɔ wo si woawɔ eye nɔnɔme si ƒo xlã wo de wo dzi woate ŋu awɔ dɔa. Ƒo wo katã ta la, mɔnukpɔkpɔ nɔ wo si be woaɖo dze kple Yehowa gbesiagbe. Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be etsɔme dodzidzɔname nasu wo si. Gake nunana nyui siawo katã medze mía dzila gbãtɔawo ŋu o; wofi atikutsetse si ŋu wode se ɖo na wo la le “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” la dzi. Tomaɖomaɖo nuwɔna sia gbɔe dzidzɔmakpɔmakpɔ, siwo katã me mí, woƒe dzidzimeviwo míele egbea la tso.—Mose I, 2:15-17; 3:6; Romatɔwo 5:12.

5 Gake Yehowa meɖe mɔ Adam kple Xawa ƒe akpemadamada nuwɔnaa na dzi megadzɔnɛ o. Kakaɖedzi nɔ esi be woƒe dzidzimevi aɖewo ya teti ƒe dzi aʋã wo be woasubɔ ye. Le nyateƒe me la, kakaɖedzi nɔ esi ale gbegbe be wòdo ŋgɔ ɖe gbeƒã eƒe tameɖoɖo be yeaɖe Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi toɖolawo hafi wova dzi wo vi gbãtɔ gɔ̃ hã! (Mose I, 1:31; 3:15) Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, ameƒomea ƒe akpa gãtɔ to Adam kple Xawa ƒe afɔtoƒe, gake Yehowa metrɔ megbe de amegbetɔ ƒomea le tomaɖomaɖo gã sia gbegbe ta o. Ke boŋ eƒe susu nɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ‘do dzidzɔ na eƒe dzi,’ amesiwo dze agbagba vevie be yewoawɔ nusi dze eŋu, esi wolɔ̃e ta la ŋu.—Lododowo 27:11; Hebritɔwo 6:10.

6, 7. Nukawoe kpe ɖe Yesu ŋu wòkpɔ dzidzɔ ɣesiaɣi?

6 Ke Yesu ya ɖe—aleke wòyi edzi kpɔ dzidzɔe? Esi Yesu nye nuwɔwɔ ŋusẽtɔ nɔ dziƒo ta la, mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe su esi wòalé ŋku ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo le anyigba dzi la ƒe nuwɔnawo ŋu. Woƒe blibomademadewo dze gaglãa Yesu kpɔ, gake elɔ̃ wo. (Lododowo 8:31) Emegbe esi wòva anyigba dzi heva ‘nɔ’ amegbetɔwo dome la, nukpɔsusu si nɔ esi ɖe ameƒomea ŋu metrɔ o. (Yohanes 1:14) Nukae kpe ɖe Mawu ƒe Vi deblibo la ŋu wòlé nukpɔsusu nyui sia me ɖe asi le amegbetɔƒome wɔnuvɔ̃ la ŋu?

7 Gbã la, Yesu medi nu geɖe fũ akpa na eɖokui kple tso ame bubuwo gbɔ o. Enyae be yemeva xexeame trɔ ge o. (Mateo 10:32-39) Eyata ekpɔa dzidzɔ ne dzinyuitɔ ɖeka gɔ̃ hã xɔ Fiaɖuƒegbedasia nyuie. Togbɔ be eƒe nusrɔ̃lawo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna medea dzi ƒo ɣesiaɣi o hã la, Yesu nya be le woƒe dzi me la, wodi ŋutɔŋutɔ be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye elɔ̃ wo le ema ta. (Luka 9:46; 22:24, 28-32, 60-62) Eɖe dzesi be le gbe si Yesu do ɖa na Fofoa si le dziƒo me la, eƒo nu tso afɔ nyui siwo eƒe nusrɔ̃lawo ɖe ŋu kpuie be: “Wolé wò nya la me ɖe asi.”—Yohanes 17:6.

8. Be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm la, ƒo nu tso mɔ aɖewo, siwo dzi míate ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Yesu le ŋu.

8 Ðikeke manɔmee la, kpɔɖeŋu si Yehowa Mawu kple Kristo Yesu ɖo le go sia me ŋu bubu aɖe vi na mí katã. Ðe míate ŋu asrɔ̃ Yehowa pɛpɛpɛ, be míatsi dzi fũ akpa, ne nuwo meva yi abe alesi míenɔ mɔ kpɔm ene oa? Ðe míate ŋu azɔ Yesu ƒe afɔtoƒe pɛpɛpɛ ale be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si le nɔnɔme si me míele fifia la ŋu, eye míawo hã míadi nu geɖe fũ akpa tso mía ɖokui kple ame bubuwo si oa? Mina míakpɔ alesi míate ŋu awɔ gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewo ŋudɔ le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖe, si me Kristotɔ veviedonulawo tsɔ ɖe le vevie, nu—si nye gbeadzisubɔsubɔdɔa mee ɖa.

Subɔsubɔdɔa Ŋuti Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò Ɣesiaɣi

9. Aleke dzidzɔ yeye gbugbɔ ɖo Yeremya mee, eye aleke eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

9 Yehowa di be dzi nadzɔ mí le yeƒe subɔsubɔdɔa me. Mele be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ te ɖe nusiwo dona tso dɔa wɔwɔ me dzi o. (Luka 10:17, 20) Nyagblɔɖila Yeremya ɖe gbeƒã le anyigbamama matseku me ƒe geɖe. Esime eƒe susu nɔ ameawo ƒe nuwɔna manyomanyowo  ŋu la, dzi megadzɔnɛ o. (Yeremya 20:8) Gake esi wòda susu ɖe nusi na gbedasia nyo dzi la, dzidzɔ yeye gaɖo eme. Yeremya gblɔ na Yehowa bena: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa.” (Yeremya 15:16) Ẽ, dzi dzɔ Yeremya ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nya ƒe mɔnukpɔkpɔ si su esi la ŋu. Dzi ate ŋu adzɔ míawo hã nenema.

10. Aleke míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me ne míaƒe anyigbamama mele ku tsem fifia o hã?

10 Ne ame akpa gãtɔ gbe be yewomaɖo to nyanyuia o hã la, susu nyuitɔ kekeake si ta wòle be dzi nadzɔ mí ne míele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm la le mía si. Ðo ŋku edzi be kakaɖedzi nɔ Yehowa si kɔte be ame aɖewo ase le wo ɖokui me be yewoasubɔ ye. Abe Yehowa ene la, mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí gbeɖe o be mlɔeba la ame aɖewo ya teti ava kpɔ nya la adze sii ahaxɔ Fiaɖuƒegbedasia. Mele be míaŋlɔ be o be amewo ƒe nɔnɔmewo trɔna. Ne nya aɖewo siwo womele mɔ kpɔm na o dzɔ ɖe wo dzi alo woɖo xaxa me la, amesi naneke mehiã le agbe me kura o gɔ̃ hã ate tamebubu le gɔmesese si le agbe ŋu la ŋu vevie. Ànɔ afima ana kpekpeɖeŋu ne ame sia va ‘tsɔ ɖe le eƒe gbɔgbɔmenuhiahiã mea’? (Mateo 5:3) Ɣebubuɣi si nàyi wò anyigbamama me la, ame aɖe anɔ klalo aɖo to nyanyuia!

11, 12. Nukae dzɔ le du aɖe me, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

11 Alesi míaƒe anyigbamama nɔ tsã hã ate ŋu atrɔ. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Le du sue aɖe me la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe nɔ srɔ̃tɔ siwo metsi o ƒe ƒuƒoƒo aɖe kple wo viwo dome. Ne Yehowa Ðasefowo yi wo gbɔ la, nya ɖeka tɔgbe koe wogblɔna na wo le ʋɔtru ɖesiaɖe nu be, “Míedi miaƒe nyaa míase o!” Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia me la, aƒelikaawo ɖea dzi le eƒo enumake be wòagalɔ̃ Ðasefoawo nava egbɔ azɔ o. Edze ƒã be gbeƒãɖeɖe le afima mele bɔbɔe kura o. Ke hã Ðasefoawo mena ta o; woyi gbeƒãɖeɖea dzi. Nukae do tso eme?

12 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevi siwo nɔ du ma me dometɔ geɖe va tsi, ɖe srɔ̃, eye woa ŋutɔwo tso aƒe ɖe afima. Esi wova de dzesii be alesi yewonɔa agbee mehe dzidzɔ vavã aɖeke vɛ na yewo o la, ɖekakpui siawo dometɔ aɖewo te nyateƒea didi. Woke ɖe eŋu esi woxɔ nyanyui si ƒe gbeƒã Ðasefoawo ɖena na wo la nyuie. Aleae wòdzɔe be le ƒe geɖe megbe la, hame sue la te tsitsi. Kpɔ alesi wòanye dzidzɔ na Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo mena ta o lae ɖa! Neva eme be Fiaɖuƒegbedasi wɔnukua gbɔgblɔ na amewo kutrikukutɔe nana míawo hã míakpɔ dzidzɔ!

Haxɔsetɔwo Akpe Ðe Ŋuwò

13. Ameka ŋue míate ŋu atrɔ ɖo ne dzi ɖe le mía ƒo?

13 Ne Nyaƒoɖeamenuwo le dzidzim ɖe edzi alo agbemenyawo wu tsɔtsɔ na wò la, afikae nàte ŋu atrɔ ɖo hena akɔfafa? Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe miliɔn geɖe trɔna ɖe Yehowa ŋu gbã le gbedodoɖa me, emegbe wotena ɖe wo nɔviŋutsu  kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eya ŋutɔ hã de asixɔxɔ kpekpeɖeŋu si eƒe nusrɔ̃lawo na la ŋu. Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, eƒo nu tso wo ŋu be wonye amesiwo ‘do dzi nɔ anyi kpli ye le yeƒe tetekpɔwo me.’ (Luka 22:28) Ele eme be nusrɔ̃la mawo mede blibo o ya, gake woƒe nuteƒewɔwɔa nye akɔfafa na Mawu ƒe Vi la. Míawo hã míate ŋu axɔ ŋusẽdodo tso hati tadeagulawo gbɔ.

14, 15. Nukae kpe ɖe srɔ̃tɔ aɖewo ŋu wonɔ te ɖe wo viŋutsu ƒe ku nu, eye nukae nèsrɔ̃ le woƒe nyadzɔɖeamedzia me?

14 Srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo siwo ŋkɔe nye Michel kple Diane kpɔ asixɔxɔ si le kpekpeɖeŋu si wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ate ŋu ana la ŋu dze sii. Wodo wo viŋutsu Jonathan, si xɔ ƒe 20 eye wònye Kristotɔ si ŋu ŋusẽ le eye kakaɖedzi li ŋutɔ be egbɔna ame bibi aɖe nye ge la kpɔ hekpɔe be eƒe ahɔhɔ̃ te. Ðɔktawo dze agbagba ɖesiaɖe be yewoaxɔe ɖe agbe, gake ɖeko dɔa nɔ sesẽm ɖe edzi na Jonathan vaseɖe esime wòku le ɣetrɔ aɖe me. Michel kple Diane tɔtɔ ale gbegbe. Wode dzesii be Subɔsubɔkpekpe si nɔ fiẽ ma dzi la, nɔ enu wum xoxo. Gake le alesi wotɔtɔ ŋutɔe henɔ akɔfaname dim la, wobia hamemegã si nɔ wo ŋu la be wòanɔ yewo ŋu yewoayi Fiaɖuƒe Akpata la me. Ðeko wogblɔ Jonathan ƒe kunyaa na hamea teti koe nye ma wova ɖo. Le kpekpea megbe la, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒo xlã dzila siwo ƒe mo aɖatsi bla la, kpla asi kɔ na wo hegblɔ akɔfanyawo na wo. Diane gblɔ be: “Míetɔtɔ ŋutɔ esi míeva ɖo akpataa me, gake akɔfafa si míexɔ tso nɔviwo gbɔ la wu gbɔgblɔ—ɖeko míegbugbɔ ɖo mía ɖokui me bliboe! Togbɔ be womeɖe vevesesea ɖa na mí o hã la, wokpe ɖe mía ŋu míenɔ te ɖe nuteɖeamedzia nu!”—Romatɔwo 1:11, 12; Korintotɔwo I, 12:21-26.

15 Dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedzi na Michel kple Diane te ɖe wo nɔviwo ŋu kplikplikpli. Ena woa ŋutɔwo hã va nɔ kplikplikpli kple wo nɔewo. Michel gblɔ be: “Mesrɔ̃ alesi malɔ̃ srɔ̃nye lɔlɔ̃ae ɖe edzi. Le ɣeyiɣi siwo me dzi ɖe le mía ƒo la, míeɖoa dze tso Biblia me nyateƒewo kple alesi Yehowa le míalém ɖe tee ŋu.” Diane gblɔ kpee be: “Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa va nye nu ŋutɔŋutɔ na mí fifia wu tsã.”

16. Nukatae wòle be míado ŋgɔ ana mía nɔviwo nanya nu tso míaƒe hiahiãwo ŋu?

16 Ẽ, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ate ŋu anye “akɔfafa” na mí le agbemekuxi sesẽwo me ahakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. (Kolosetɔwo 4:11) Nyateƒee wònye be womate ŋu anya nusi le míaƒe susuwo me o. Eyata ne míehiã kpekpeɖeŋu la, anyo be míana woanya. Emegbe míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ nyuitɔ afia ɖe akɔfafa ɖesiaɖe si mía nɔviwo naa mí la ŋu, míabui be Yehowa gbɔe wotso na mí.—Lododowo 12:25; 17:17.

Lé Ŋku Ðe Wò Hamea Ŋu

17. Kuxi kawoe vidada dzilaɖekɛ aɖe do goe, eye aleke míebua amesiwo le abe eyama enee?

17 Zi alesi nèle ŋku lém ɖe haxɔsetɔwo ŋui la, zi nenemae nàsrɔ̃ alesi nàkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋui eye hadede kpli wo nado dzidzɔ na wò. Lé ŋku ɖe wò hamea ŋu. Nukae nèkpɔ? Ðe dzilaɖekɛ aɖe li si le dagbadagbam be yeahe ye viwo le nyateƒemɔa dzia? Èbu kpɔɖeŋu nyui siwo wòɖona ŋu nyuiea? Dze agbagba nàkpɔ kuxi siwo me wòtona le susume kpɔ. Vidada dzilaɖekɛ aɖe si ŋkɔe nye Jeanine yɔ kuxi siawo dometɔ aɖewo: akogotsitsi, ŋutsuwo ƒe ahiãdzenyawo gbɔgblɔ nam le dɔwɔƒe si nyemedi o, ganyawo ƒe teteɖeamedzi. Gake kplamatsedonu sesẽtɔ kekeake si wògblɔ la ku ɖe viawo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu, esi wònye ɖevia ɖesiaɖe kple etɔe ta. Jeanine gayɔ kuxi bubu: “Ate ŋu anye gbetɔame ŋutɔŋutɔ be nàgbe didi si nɔa anyi be nàwɔ viwòŋutsuvi ƒomea ƒe tae ɖe srɔ̃ŋutsu si megali o la teƒe. Vinyɔnuvi le asinye, eye mele bɔbɔe be maɖo ŋku edzi be menyo be matsɔ nye seselelãmekuxiwo anɔ agba dom nɛ o.” Abe dzilaɖekɛ Mawu-vɔ̃la akpe geɖewo ke ene la, Jeanine wɔa dɔ ɣeyiɣiawo katã hekpɔa eƒemetɔwo dzi. Esrɔ̃a  Biblia kpli viawo, fiaa subɔsubɔdɔa wɔwɔ wo, eye wòkplɔa wo vaa hamea ƒe kpekpewo mee hã. (Efesotɔwo 6:4) Aleke gbegbe wòanye dzidzɔ na Yehowae nye si esi wòléa ŋku ɖe ƒome sia ƒe agbagbadzedze be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la ŋu gbesiagbee! Ðe medzɔa dzi na mí be amesiawo tɔgbe le mía dome oa? Enyea dzidzɔ na mí godoo.

18, 19. Ƒo nu tso alesi míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe hamea me tɔwo ŋui la ŋu.

18 Galé ŋku ɖe wò hamea ŋu ake. Ðewohĩ àkpɔ ahosi alo aho nuteƒewɔla, siwo ‘medoa kpo’ kpekpewo dede gbeɖe o. (Luka 2:37) Ðe wotsia akogo ɣeaɖewoɣia? Godoo. Wosusua woƒe kpeɖeŋutɔwo vevie! Gake wokua kutri le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me hetsɔa ɖe le amewo me. Nɔnɔme nyui like si woɖena fiana la tua dzidzɔ si le hamea me ɖo! Kristotɔ aɖe si wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 30 kple edzivɔ sɔŋ gblɔ be: “Nusiwo doa dzidzɔ nam vevie dometɔ ɖekae nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi siwo to dodokpɔ geɖewo me hekpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la kpɔkpɔ!” Ẽ, Kristotɔ tsitsi siwo le mía dome la nyea dzideƒo na sɔhɛawo ale gbegbe.

19 Ke ame yeye siwo te hadede kple hamea nyitsɔ laa hã ɖe? Ðe míekpɔa dzidzɔ ne woɖe woƒe xɔse gblɔ le kpekpewo me oa? Bu ŋgɔyiyi si wowɔ tso esime wote Biblia sɔsrɔ̃ ŋu kpɔ. Woƒe  nu ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. Ke míawo ya ɖe? Ðe míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔna, hekafua wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo taa?

20. Nukatae míate ŋu agblɔe be hamea me tɔ ɖesiaɖe wɔa akpa vevi aɖe le hamea me?

20 Srɔ̃tɔ, tre, alo dzilaɖekɛ ye nènyea? Tsyɔ̃evi, ahosi alo aho ye nènyea? Amesi le ha dem kple hamea ƒe geɖe alo amesi dze hadede kplii gɔme eteƒe medidi o ye nènyea? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be wò nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí katã. Eye ne èkpɔ gome le Fiaɖuƒeha dzidzi me, ne èɖo nya ŋu alo nèwɔ sukuvi ƒe dɔdasi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzina ɖe edzi le akpa si nèwɔna ta. Vevietɔ la, enyea dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.

21. Nukawo mee susu geɖe le be míawɔ, gake biabia kawoe fɔ ɖe te?

21 Ẽ, le ɣeyiɣi sesẽ siawo gɔ̃ hã me la, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm le míaƒe Mawu, dzidzɔtɔ la subɔsubɔ me. Susu geɖe li siwo ta wòle be míawɔ ɖe Paulo ƒe dzideƒonamea dzi be: “Dzi nanɔ mia dzɔm, . . . eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!” (Korintotɔwo II, 13:11) Ke ne míedze ŋgɔ dzɔdzɔmefɔku, yometiti, alo gakuxi sesẽ ya ɖe? Ðe wòanya wɔ be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le nɔnɔme siawo gɔ̃ hã mea? Ƒo nya ta na ɖokuiwò esi nèle nyati si gbɔna la me dzrom.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, Babla 2, axa 119.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

•Aleke woɖɔ dzidzɔe?

•Aleke nɔnɔme nyui me léle ɖe asi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzidzɔ kpɔm?

•Nukae akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe hamea ƒe anyigbamama ŋu?

•Mɔ kawo nue nèkpɔa ŋudzedze ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le wò hamea me ŋu le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Míaƒe anyigbamama me tɔwo ate ŋu atrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Kuxi kawoe amesiwo le wò hamea me doa goe?