Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuteƒewɔla Dzideƒotɔwo Ðu Nazitɔwo ƒe Yometiti Dzi

Nuteƒewɔla Dzideƒotɔwo Ðu Nazitɔwo ƒe Yometiti Dzi

 Minɔ Tsitre Bliboe Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

Nuteƒewɔla Dzideƒotɔwo Ðu Nazitɔwo ƒe Yometiti Dzi

“VINYE, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Nya dodzidzɔname sia ɖee fia be Mawu ƒe nuwɔwɔ nyanuwo te ŋu doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne woɖi anukware hewɔ nuteƒe nɛ. (Zefanya 3:17) Gake Satana si nye alɔmeɖela la ɖoe kplikpaa be yeagblẽ amesiwo subɔa Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ me.—Hiob 1:10, 11.

Vevietɔ tso ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze esime wonya Satana tso dziƒo va anyigbanutome la, dzi le ekum ŋutɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:10, 12) Ke hã Kristotɔ vavãwo nɔ tsitre ‘bliboe, eye wokpɔ kakaɖedzi sẽŋu’ heyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu. (Kolosetɔwo 4:12) Mina míadzro nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi alea ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe me—eku ɖe Yehowa Ðasefo siwo nɔ Germany do ŋgɔ na Xexemeʋa II kple le aʋaa wɔɣi ŋu.

Dɔwɔwɔ Dzonɔamemetɔe na Wodo Woƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔ

Le ƒe 1920-awo kple ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo, amesiwo woyɔna be Bibelforscher le Germany ɣemaɣi la, ma Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo. Tso ƒe 1919 vaseɖe ƒe 1933 me la, wona ƒome ɖesiaɖe si le Germany kpɔ agbalẽ, agbalẽvi, alo magazine enyi le mama dedie nu.

Ɣemaɣi la, Germany nye dukɔ siwo me Kristo yomedzela amesiaminawo sɔ gbɔ le wu dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, ame 83,941 siwo ɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le ƒe 1933 me le xexeame katã la ƒe akpa si gogo 30 le alafa me nɔ Germany. Eteƒe medidi o, Germany Ðasefo siawo do go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ sesẽwo. (Nyaɖeɖefia 12:17; 14:12) Wo nyanya le dɔwɔƒewo, woƒe aƒewo dzi dzedze, kple wo nyanya le suku do gã ɖe edzi wòva zu wo ƒoƒo, wo léle, kple wo dede gaxɔ me. (Nɔnɔmetata 1) Eyata le ƒe siwo do ŋgɔ na Xexemeʋa II me la, amesiwo katã wosika ɖe fuwɔamesaɖawo me dometɔ 5 vaseɖe 10 le alafa me nye Yehowa Ðasefowo.

Nusita Nazitɔwo Ti Ðasefoawo Yome

Gake nukae na Yehowa Ðasefowo ƒe nu ku dzi na Nazi-dziɖuɖua? Nufialagã Ian Kershaw gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Hitler—1889-1936: Hubris me be woti Ðasefowo yome elabena wogbe “tanana le alesi Nazi-dziɖuɖua dinae be woawɔ nusianu si yeabia la me.”

Agbalẽ si nye Betrayal—German Churches and the Holocaust, si ƒe nuŋɔŋlɔmetolawoe nye ŋutinyafialagã Robert P. Ericksen kple Yudatɔwo ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe nufialagã Susannah  Heschel, ɖe eme be Ðasefowo “gbe gomekpɔkpɔ le ŋutasesẽ alo asrafoŋusẽ zazã me. . . . Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o, si fia be womada akɔ na Hitler loo alo ado gbe na Hitler o.” Agbalẽ ma ke gblɔ be esia do dziku na Nazitɔwo eye wòna Ðasefowo va nɔ afɔku me elabena “Dukɔa ƒe Dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ ɖe nusianu dzi la malɔ̃ ɖe woƒe gbegbe sia dzi o.”

Xexeame Katã ƒe Nyagbename Kple Wo Yometiti Geɖe Wu

Joseph F. Rutherford si nɔ dɔa nu ɣemaɣi to ame dɔdɔ tɔxɛ aɖe dzi ɖo nyagbename lɛta si ku ɖe Nazitɔwo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ŋuti la ɖe Hitler le February 9, 1934 me. (Nɔnɔmetata 2) Le October 7, 1934, me la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ 50 siwo me Germany hã le la ɖo nyagbename lɛta kple telegram siwo ade 20,000 ɖe Hitler le Rutherford ƒe lɛtaa megbe.

Nazitɔwo tso ɖe eŋu hena yometitia me gasẽ ɖe edzi. Le April 1, 1935, me la woxe mɔ ɖe Ðasefowo nu le dukɔa me godoo. Eye le August 28, 1936, me la, Adzamekpovitɔwo dze wo dzi kple woƒe ŋusẽ katã. Ke hã Betrayal—German Churches and the Holocaust gblɔ be Ðasefowo “yi edzi ma agbalẽviwo eye wolé woƒe xɔse me ɖe asi boŋ.”

Le kpɔɖeŋu me, le December 12, 1936, me la, Ðasefo siwo ade 3,500 ma tameɖoɖo kplikpaa aɖe si ku ɖe fu si wɔm wole wo ŋu le afisi tututu Adzamekpovitɔwo nɔ. Gbetakpɔxɔ gblɔ le dɔ sia wɔwɔ ŋu be: “Enye aʋadziɖuɖu gã kple fuwɔwɔ futɔ la, eye dɔwɔla nuteƒewɔlaawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe.”—Romatɔwo 9:17.

Yometitia Medze Edzi O!

Nazitɔwo yi edzi di Yehowa Ðasefowo. Kaka ƒe 1939 naɖo la, wode wo dometɔ akpe ade gaxɔ me, eye wokplɔ akpe geɖe yi fuwɔamesaɖawo me. (Nɔnɔmetata 3 lia) Aleke nɔnɔmea nɔ le Xexemeʋa II ƒe nuwuwui? Ðasefo siwo ade 2000 ku le gaxɔ me, eye woɖoe koŋ wu wo dome ame 250 kple edzivɔ. Gake Nufialagã Ericksen kple Heschel ŋlɔ be “Yehowa Ðasefowo ƒe akpa gãtɔ lé woƒe xɔse me ɖe asi le xaxa ma me.” Esia wɔe be esi Hitler ƒe dziɖuɖua mu la, Ðasefo siwo wu akpe ɖeka do tso fuwɔamesaɖawo me aʋadziɖuɖutɔe.—Nɔnɔmetata 4 lia; Dɔwɔwɔwo 5:38, 39; Romatɔwo 8:35-37.

Nukae do ŋusẽ Yehowa ƒe amewo be wodo dzi le yometiti me? Adolphe Arnold si tsi agbe le fuwɔamesaɖa me gblɔ be: “Ne nu be yeaglo wò la, Yehowa kpɔnɛ, enya nusi me tom nèle, eye ado ŋusẽ si hiã la wò be nàɖu nɔnɔmea dzi ahayi edzi awɔ nuteƒe. Eƒe alɔ mele kpuie o.”

Aleke gbegbe nyagblɔɖila Zefanya ƒe nyawo va eme na Kristotɔ nuteƒewɔla mawoe nye si! Egblɔ be: “Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie.” (Zefanya 3:17) Neva eme be Mawu vavã la subɔla siwo katã li egbea nasrɔ̃ Ðasefo nuteƒewɔla mawo siwo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le Nazitɔwo ƒe yometiti me la ƒe xɔse eye woawo hã nado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Filipitɔwo 1:12-14.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Państwowe Muzeum Oświȩcim-Brzezinka, le USHMM Photo Archives ƒe mɔɖeɖe nu