Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi ƒe Asi Tu Nunya’

‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi ƒe Asi Tu Nunya’

 ‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi ƒe Asi Tu Nunya’

ENYE hakpanyaŋlɔla, xɔtuɖaŋunyala, kple fia. Dɔlar miliɔn 200 kple edzivɔ si wòkpɔna ƒe sia ƒe la wɔe be wònye fia si si kesinɔnuwo nɔ wu fia siwo katã nɔ anyigba dzi kpɔ. Ŋutsua ƒe nunya hã na wòxɔ ŋkɔ. Ewɔ dɔ ɖe fianyɔnu aɖe si va srãe kpɔ dzi ale gbegbe be wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o; èƒo nya, si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnu ŋuti mese la ta.” (Fiawo I, 10:4-9) Ðoƒe siae nɔ blema Israel Fia Salomo si.

Kesinɔnuwo kple nunya siaa nɔ Salomo si. Eye ema na wòdze nyuie ada nu evea siaa kpɔ awɔ nyametsotso le wo dometɔ si le vevie wu ŋu. Eŋlɔ bena: “[Dzidzɔtɔe nye] amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosalo ƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye wò nu veviwo katã mede enu o.”—Lododowo 3:13-15.

Gake afikae míate ŋu akpɔ nunya le? Nukatae wòxɔ asi wu kesinɔnuwo? Nukawoe wɔe be wòdze ame ŋu wu? Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 8 lia, si Salomo ŋlɔ, ɖo biabia siawo ŋu le mɔ lédziname aɖe nu. Le afima la, woɖɔ nunya abe ame ene, abe ɖe wòte ŋu ƒoa nu hewɔa nu ene. Eye nunya ŋutɔ ɖe eƒe nu lédziname kple eƒe asixɔxɔ gblɔ.

“Ele ɣli dom”

Lododo ta 8 dze egɔme kple nyabiabia si naa wobua tame, be: “Ðe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?” * Ẽ, nunya kple gɔmesese le ɣli dom, gake menye abe nyɔnu agbegbegblẽnɔla si dea xa ɖe teƒe do vivitiwo hetsɔa amenublenyawo nɔa dali domee ɖe ɖekakpui tsigbɔdome makpɔnuteƒe aɖe ƒe tome ene o. (Lododowo 7:12) “Etsi tre ɖe togbɛwo tame le mɔ to, kple mɔ dogoewo nu. Ele ɣli dom le agboawo xa, le dua ƒe mɔ nu kple ʋɔtruawo nu.” (Lododowo 8:1-3) Wosea nunya ƒe gbe sesẽ si me kakaɖedzi le la sesĩe eye eme kɔna nyuie le ablɔwo dzi—le agboawo xa, le mɔ dogoewo nu, le du ƒe ʋɔtruwo nu. Amewo ate ŋu ase gbe ma bɔbɔe ahawɔ nu ɖe enu.

Amekae ate ŋu agblɔ be mawumenunya si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me me la meli amesiame kloe si di be wòasu ye si la nakpɔ o? The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Bibliae nye agbalẽ si woxlẽ wu le ŋutinya me.” Egblɔ kpee be: “Woma Biblia geɖe wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe. Woɖe Biblia hã gɔme zi geɖe, eye ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me, wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe.” Le esi Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ kple gbetagbe siwo wu 2,100 me ta la, Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa aɖe ya teti le amegbetɔƒomea me tɔ 90 le alafa me si le woa ŋutɔwo degbe me.

 Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Biblia me gbedasia le afisiafi. Wole gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia hele Mawu ƒe Nyaa me nyateƒeawo fiam amewo moveviɖoɖotɔe le dukɔ 235 me. Wotaa woƒe magazine siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo nye Gbetakpɔxɔ si wotana ɖe gbegbɔgblɔ 140 me, kple Nyɔ! si wotana ɖe gbegbɔgblɔ 83 me, la dometɔ ɖesiaɖe miliɔn 20 kple edzivɔ. Le nyateƒe me la, nunya yi edzi le ɣli dom sesĩe le ablɔwo dzi!

“Amegbetɔviwoe Nye Gbe Le Ðiɖim Na”

Nunya si woɖɔ amee la dze nuƒoƒo gblɔ be: “Ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na, eye amegbetɔviwoe nye gbe le ɖiɖim na. Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, mixɔ gɔmesese na mia ɖokui!”Lododowo 8:4, 5.

Ɣli si dom nunya le la ɖina wosena le xexeame katã. Ele ameƒomea katã kpem. Ele ame bebewuwo gɔ̃ hã kpem be woadze aye alo aɖɔ ŋu ɖo, eye be gɔmesese nasu ame tsibomewo si. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo xɔe se be Biblia nye agbalẽ na amewo katã eye wodzea agbagba ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe be woade dzi ƒo na amesiame si wodoa goe be wòaku eme ahake ɖe nunya ƒe nya siwo le eme la ŋu.

‘Nye Nu Gblɔa Nyateƒe’

Esi nunya nɔ eƒe kokoƒoƒoa kekem ɖe enu la, egblɔ be: “Misee, elabena nya xɔasi gblɔm mele, eye nusi le eteƒe pɛpɛpɛ la, nye nu agblɔ. Elabena nyateƒe gblɔm nye nu le, eye nu vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na nye nuyiwo. Nye numenyawo katã le eteƒe, aye kple alakpa mele wo me o.” Ẽ, nunya ƒe nufiafiawo nyo eye wodzɔ, wonye nyateƒe eye wole eteƒe. Amebeble alo alakpa aɖeke mele wo me o. “Wo katã me kɔ na amesiwo dze nunya, eye wosɔ na amesiwo ƒe asi tu sidzedze la.”Lododowo 8:6-9.

Eyata esɔ be nunya naxlɔ̃ nu be: “Mixɔ nye amehehe wu klosalo kple sidzedze wu sika nyuitɔ.” Nunya le kokoƒoƒo sia me, “elabena nunya nyo wu adzagba, eye nu veviwo katã mede enu o.” (Lododowo 8:10, 11) Gake nukatae? Nukae na nunya xɔ asi wu kesinɔnuwo?

“Nye Kutsetse Xɔ Asi Wu Sika”

Nu siwo nunya naa amesiwo ɖoa toe la xɔ asi wu sika, klosalo, alo adzagba. Esi nunya nɔ nusi nunana siawo nye yɔm la, egblɔ be: “Nye, nunya, gbɔe ayedzedze le, eye asinye mee tamebubu vavã ƒe sidzedze le. Yehowa-vɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé fu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.”Lododowo 8:12, 13.

Nunya naa ayedzedze kple tamebubuŋutete amesi si wòle. Le esi wònye “Yehowa-vɔvɔ̃  enye nunya ƒe gɔmetoto” ta la, Mawu-vɔvɔ̃ deto kple bubu hã nɔa amesi si mawumenunya le si na Mawu. (Lododowo 9:10) Le esia ta, eléa fu nusiwo Yehowa lé fui. Medana, doa eɖokui ɖe dzi, nɔa agbe gbegblẽ, hegblɔa alakpanyawo kura o. Eƒe fuléle vɔ̃ kpɔa eta tsoa ŋusẽ gbegblẽ kpɔkpɔ ɖe amewo dzi me. Aleke wòle vevie nye si be amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo le Kristo-hamea me, kple ƒome ƒe tawo, nadi nunya enye si!

Nunya yi edzi be: “Tɔnyee nye adaŋudede kple edzisusu; nyee nye gɔmesese, eye tɔnyee nye ŋusẽ. Dzinyee fiawo tona ɖua fia, eye amegãwo dea se dzɔdzɔe. Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo.” (Lododowo 8:14-16) Nunya ƒe kutsetsewo dometɔ aɖewoe nye nugɔmesese, gɔmesese, kple ŋusẽ—si nye nusiwo dziɖulawo, amegãwo, ame ŋkutawo hiã vevie. Nunya le vevie na amesiwo le ŋusẽnɔƒewo kple amesiwo ɖoa aɖaŋu na ame bubuwo.

Nunya vavãtɔ li amesiame akpɔ faa, gake menye amesiamee kpɔnɛ o. Ne etsɔ ɖe ame aɖewo gbɔ kpuie gɔ̃ hã la, wo gbenɛ alo ƒoa asa nɛ. Nunya be: “Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.” (Lododowo 8:17) Amesiwo dia nunya vevie la koe akpɔe.

Nunya ƒe mɔwo sɔ eye wodzɔ. Eɖoa eteƒe na edilawo. Nunya be: “Kesinɔnu kple bubu, nu xoxowo kple dzɔdzɔenyenye le asinye. Nye kutsetse xɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ, eye nye nukpɔkpɔ nyo wu klosalo nyuitɔ. Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe, ne mana kesinɔnu amesiwo lɔ̃am, eye made nu nudzraɖoƒe na wo fũ.”Lododowo 8:18-21.

Tsɔ kpe ɖe nɔnɔme ɖedzesi siwo nye ŋuɖɔɖo, tamebubuŋutete, ɖokuibɔbɔ, nugɔmesese, nunya vavãtɔ, kple gɔmesese, ŋuti la, kesinɔnuwo kple bubu hã kpe ɖe nunya ƒe nunanawo ŋu. Ame nyanu akpɔ kesinɔnuwo to mɔ dzɔdzɔe nu, eye nu adze edzi nɛ le gbɔgbɔ me. (Yohanes III, 2) Nunya hã naa bubu nɔa ame ŋu. Gawu la, ekpɔa dzidzeme le nusiwo sua esi me, eye tomefafa kple dzitsinya dzadzɛ nɔa esi ku ɖe Mawu ŋu. Ẽ, dzidzɔtɔe nye amesi tu nunya. Nunya ƒe kutsetsewo nyo wu sika nyuitɔ kple klosalo nyuitɔ vavã.

Aleke aɖaŋuɖoɖo sia sɔ ɖe ɣeyiɣia nui na mí, esi wònye míele ŋutilãmenudidi ƒe xexe si me wotea gbe ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ to mɔ sia mɔ kple nusianu si wòabia wɔwɔ dzi, enye si! Megadzɔ gbeɖe be míaŋlɔ alesi nunya xɔ asii be alo atrɔ ɖe mɔ madzɔmadzɔwo dzi toto akpɔ kesinɔnuwo ŋu o. Migana míaŋe aɖaba ƒu nusiwo ana míadze nunya—siwo nye míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple Biblia kpakple agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla  kple aɖaŋudzela la” tana sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si—dzi le kesinɔnu didi dzro ko ta o.—Mateo 24:45-47.

“Tso Tititi Woɖom”

Nunya ƒe amenyenye si míekpɔ le Lododowo ta 8 lia me menye nu dzro aɖe ko si dzi woato aɖe nane si menye ame o ƒe nɔnɔmewo me ko o. Eku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ vevitɔ kekeake ŋu le kpɔɖeŋumɔnu hã. Nunya yi edzi gblɔ be: “Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke. Tso tititi woɖom, tso gɔmedzedzea me ke, esime anyigba dzɔ kelekele. Wodzim, hafi tɔ goglowo nava ɖo anyi, hafi ne tsidzɔƒe, siwo me tsi le taŋtaŋ la, nava ɖo anyi. Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; medo ŋgɔ na togbɛwo, hafi ne woava wɔ anyigba kple gbegbe kpakple anyigba godoo ƒe anyikɔ gbãtɔwo.”Lododowo 8:22-26.

Aleke nunya si woɖɔ abe ame ene si ŋuti míeƒo nu tsoe do ŋgɔ sɔ kple nya si wogblɔ ku ɖe “Nya la” ŋu le Ŋɔŋlɔawo me enye si! Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye mawu aɖe.” (Yohanes 1:1, NW) Nunya si woɖɔ abe ame ene la tsi tre ɖi na Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me. *

Yesu Kristoe nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la; elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o.” (Kolosetɔwo 1:15, 16) Nunya si woɖɔ abe ame ene la yi edzi be: “Mele eteƒe, hafi [Yehowa, wɔ] dziƒo, esime wòdzidze dziŋgɔli ɖe tɔ gogloawo dzi; esime wòsa alilikpowo ɖe dzi me, eye tɔ goglowo dzi tsi bɔbɔbɔ. Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi ayi o, eye wòɖo anyigba ƒe zɔ anyi la, menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawokatãɣi; mefe le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.” (Lododowo 8:27-31) Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi la nɔ Fofoa—dziƒo kple anyigba Wɔla si ɖeke mesɔ kplii o la—gbɔ hewɔ dɔ kplii moveviɖoɖotɔe. Esi Yehowa Mawu wɔ ame gbãtɔwo la, Via kpɔ gome le dɔa wɔwɔ me kplii abe Dɔnunɔla ene. (Mose I, 1:26) Eyata mewɔ nuku o be Mawu ƒe Vi la tsɔ ɖe le eme na ameƒomea vevie, eye wòkpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu gɔ̃ hã!

“Woayra Amesi Ðoa Tom”

Mawu ƒe Vi la, si nye nunya si woɖɔ abe ame ene, gblɔ be: “Mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mɔwo ɖo. Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o. Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi. Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé fum la, ku lɔ̃m wole.”Lododowo 8:32-36.

Yesu Kristo enye Mawu ƒe nunya bliboa. “Amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.” (Kolosetɔwo 2:3) Eyata mina míaɖo to eyama vevie ahadze eƒe afɔɖoƒewo yome tututu. (Petro I, 2:21) Ne míegbee la, míanɔ nu vevi wɔm mía ɖokui ahanɔ ku lɔ̃m, elabena “menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.” (Dɔwɔwɔwo 4:12) Eyata mina míaxɔ Yesu abe amesi Mawu tsɔ na hena míaƒe xɔxɔ la ene. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) To ema dzi la, dzidzɔ si ‘keke ɖe agbe ŋu kple Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ’ hena vɛ la asu mía si.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Hebrigbe me nya si wozãna na “nunya” ɖɔnɛ abe nyɔnue wònye ene. Eyata gbegɔmeɖeɖe aɖewo zãa ŋkɔnyateƒenɔnya si wozãna na nyɔnu ne wole nu ƒom tso nunya ŋu.

^ mm. 25 Nyateƒe si wònye be Hebrigbe me nya si wozãna na “nunya” ɖɔnɛ abe nyɔnue wònye ene ɣesiaɣi hã la metsi tre ɖe nunya tsɔtsɔ atsi tre ɖi na Mawu ƒe Vi la ŋu o. Helagbe me nya si wozã na “lɔlɔ̃” le nyagbɔgblɔ si nye “Mawu enye lɔlɔ̃” me hã ɖɔe abe nyɔnue wònye ene. (Yohanes I, 4:8) Ke hã, wozãnɛ na Mawu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Nunya le vevie na amesiwo le ŋusẽnɔƒewo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Megaŋe aɖaba ƒu nusiwo ana míadze nunya la dzi o