Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aƒetɔ La Tsi Tre Vavã!”

“Aƒetɔ La Tsi Tre Vavã!”

 “Aƒetɔ La Tsi Tre Vavã!”

Kpɔ alesi gbegbe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xa nui esi wowu woƒe Aƒetɔ la ɖa le susu me. Woƒe mɔkpɔkpɔ dze nu gbɔloe abe ame kuku si Yosef si tso Arimatia tsɔ mlɔ yɔdoa me la ke ene. Mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si nɔ amewo si be Yesu aɖe Yudatɔwo tso Romatɔwo ƒe kɔkutia te la hã zu dzodzro.

NE ÐE nyaa wu enu ɖe afima ko la, anye ne ɖewohĩ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo akaka abe alesi wòdzɔ ɖe ame geɖe siwo gblɔ be Mesia yewonye la yomedzelawo dzii ene. Gake Yesu le agbe! Ŋɔŋlɔawo gblɔ be eɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi geɖe le eƒe ku megbe kpuie. Eyata eʋã wo dometɔ aɖewo wodo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ la tsi tre vavã”!—Luka 24:34.

Eva hiã be nusrɔ̃laawo naʋli woƒe dzixɔse be Yesu enye Mesia la ta. Le esia wɔwɔ me la, wofia asi eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome be enye eƒe Mesianyenye ƒe kpeɖodzi sẽŋu. Le nyateƒe me la, “apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 4:33.

Ne ɖe ame aɖe te ŋu ɖo kpe edzi be ameflunue tsitretsitsi sia nye—ɖewohĩ ne wòna nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be aʋatsonyae wònye alo ɖee fia be Yesu ƒe ŋutilã la tsi yɔdoa me—la, anye ne Kristotɔnyenye mate ŋu akpɔ dzidzedze o le gɔmedzedzea ke. Gake medzɔ alea o.  Esi Yesu yomedzelawo nya be Kristo le agbe ta la, woyi afisiafi ɖaɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsia, eye ame gbogbo aɖewo va xɔ Kristo si wofɔ ɖe tsitre la dzi se.

Nukatae wò hã nàte ŋu axɔ Yesu ƒe tsitretsitsia dzi ase? Kpeɖodzi kae li be esia dzɔ ŋutɔŋutɔ?

Nukata Wòle Be Nàdzro Kpeɖodziawo Me?

Nyanyui eneawo katã ka nya ta le Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu. (Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-29) * Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo ƒo nu tso Kristo ƒe tsitretsitsi tso ku me ŋu kakaɖedzitɔe.

Mewɔ nuku be Yesu yomedzelawo ɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsi o! Ne Mawu gbɔ agbee nyateƒe la, ke eyae nye nya si wɔ nuku wu si xexeame se kpɔ. Efia be Mawu li. Efia hã be Yesu le agbe fifi laa.

Aleke esia ka míi? Yesu do gbe ɖa be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, Yesu kple Fofoa ŋuti sidzedze si naa agbe ate ŋu asu mía si. Ne míetsɔ sidzedze sia wɔ dɔe eye míeku hã la, woate ŋu afɔ míawo hã ɖe tsitre, elabena wofɔ Yesu ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29) Mɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ mía si be míanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Via, Yesu Kristo, fiawo dzi Fia, si wodo ŋutikɔkɔe na si me la te.—Yesaya 9:5, 6; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 17:14.

Eyata nya si nye be ɖe wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ŋutɔŋutɔa la le vevie. Eka míaƒe agbenɔnɔ fifia kple míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ. Ema tae míekpe wò be nàdzro nu ene siwo ɖo kpe edzi be Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre la me.

Yesu Ku ɖe Ati Ŋu Nyateƒe

Ðikela aɖewo gblɔ be togbɔ be woklã Yesu ɖe ati ŋu hã la, meku ŋutɔŋutɔ le atia ŋu o. Wogblɔ be eku afã kple afã eye be alesi yɔdoa me fae la na agbe gaɖo eŋu. Ke hã kpeɖodzi ɖesiaɖe si li ɖee fia be Yesu ƒe ŋutilã kukue wotsɔ mlɔ yɔdoa me.

Esi wònye gaglãgbee wowu Yesu le ta la, ɖasefowo nɔ nya sia ŋu be eku ɖe atia ŋu. Roma-srafomegã si kpɔ ewuwua dzi la ɖo kpe edzi be eku. Asrafomegã ma nya eƒe dɔ si nye be wòakpɔ egbɔ be amea ku. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Roma-mɔmefia Pontio Pilato kpɔ kakaɖedzi be Yesu ku ko hafi wòɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na Yosef si tso Arimatia be wòaɖi.—Marko 15:39-46.

Wokpɔ Yɔdo la Wòtsi Ƒuƒlu

Yɔdo si tsi ƒuƒlu lae nye nu gbãtɔ si ɖo kpe Yesu ƒe tsitretsitsi dzi na nusrɔ̃laawo, eye kakaɖedzi gale kpeɖodzi sia ŋu. Yɔdo yeye si me womeɖi ame aɖeke ɖo kpɔ o mee woɖi Yesu ɖo. Ete ɖe afisi woklãe ɖe ati ŋu le ŋu eye enye teƒe si woate ŋu akpɔ adze sii kaba ɣemaɣi. (Yohanes 19:41, 42) Nyanyuiawo katã ƒe nuŋlɔɖi lɔ̃ ɖe edzi be esime Yesu xɔlɔ̃wo va ɖo yɔdoa gbɔ le eƒe ku megbe ŋkeke evelia ƒe ŋdi me la, eƒe ŋutilã la menɔ eme o.—Mateo 28:1-7; Marko 16:1-7; Luka 24:1-3; Yohanes 20:1-10.

Yɔdo si tsi ƒuƒlu la wɔ mo yaa na Yesu ƒe futɔwo, abe alesi wònɔ le xɔlɔ̃awo hã gomee ene. Eƒe futɔwo dze agbagba ɣeyiɣi didi aɖe be yewoawui ahaɖii. Esi wote ŋu ɖo woƒe taɖodzinua gbɔ la, wodze agbagba tsɔ dzɔla ɖo yɔdoa gbɔ hetre enu. Ke hã etsi ƒuƒlu le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi me.

 Yesu xɔlɔ̃woe va tsɔ eƒe kukua le yɔdoa mea? Ao, womawɔ nenema o, elabena Nyanyuiawo ɖee fia be woxa nu ŋutɔ le ewuwu megbe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, asesẽ be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ yometiti kple ku me tom ɖe nusi wonya be enye ameflunu la ta.

Amekae va ɖe ame kukua le yɔdoa me? Asesẽ be Yesu ƒe futɔwo nava tsɔ ŋutilã kukua. Ne woawoe va tsɔe hã la, anye ne woaɖee afia emegbe atsɔ atsi tre ɖe nya si nusrɔ̃lawo gblɔ be wofɔ Yesu ɖe tsitre wòle agbe la ŋu. Gake naneke medzɔ nenema o, elabena Mawu ŋutɔe fɔe.

Kwasiɖa aɖewo megbe la, Yesu ƒe futɔwo metsi tre ɖe Petro ŋu o, esime wòɖi ɖase be: “Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienya ene; amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui. Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta. Elabena Dawid gblɔ le eŋuti bena: ‘Mekpɔa [Yehowa, NW] le ŋkunye me ɖaa, . . . nye ŋutilã hã adzudzɔ le mɔkpɔkpɔ me. Elabena magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be, wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o.’”—Dɔwɔwɔwo 2:22-27.

Ame Geɖe Kpɔ Yesu si Wofɔ Ðe Tsitre

Nyanyuiŋlɔla Luka gblɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be: ‘Yesu tsɔ eɖokui fia apostoloawo hã agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.’ (Dɔwɔwɔwo 1:2, 3) Nusrɔ̃la geɖe kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la le teƒe vovovowo—le abɔ aɖe me, le mɔ dzi, le nuɖuɣi, le Tiberia-ƒua gbɔ.—Mateo 28:8-10; Luka 24:13-43; Yohanes 21:1-23.

Ðikelawo tɔa gbe eɖokui ɖeɖe fia siawo ƒe nyateƒenyenye. Wogblɔna be agbalẽa ŋlɔlawo ŋutɔe kpa nyaawo, alo wohea susu yia nya siwo dze abe ɖe woto vovo na wo nɔewo ene dzi. Le nyateƒe me la, vovototo suesue siwo le Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo me ɖo kpe edzi be womewɔ babla ŋlɔ nya aɖeke o. Ne nuŋlɔla ɖeka gblɔ nya siwo ɖe nusi dzɔ le Kristo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ me tsɔ de nuŋlɔɖi bubuwo dzi la, ena míeganyaa nu geɖe wu le Yesu ŋu.

Ðe Yesu ɖokui ɖeɖefia le eƒe tsitretsitsi megbe la nye nusi amewo kpɔ le susu me koa? Womate ŋu aɖe nya sia me wòasɔ le go aɖeke me o, elabena amesiwo kpɔe la sɔ gbɔ. Wo dometɔ aɖewo nye tɔƒodelawo, nyɔnuwo, dziɖuɖudɔwɔla aɖe, kple apostolo Toma, amesi ke ɖi eye wòkpɔ kpeɖodzi sẽŋu be wofɔ Yesu ɖe tsitre hafi xɔe se la gɔ̃ hã. (Yohanes 20:24-29) Zi geɖe la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mekpɔ woƒe Aƒetɔ si wofɔ ɖe tsitre la dze sii gbã o. Ɣeaɖeɣi ame 500 kple edzivɔ kpɔe, eye amesiawo ƒe akpa gãtɔ nɔ agbe esime apostolo Paulo zã nudzɔdzɔ ma wònye kpeɖodzi esi wònɔ tsitretsitsia ta ʋlim.—Korintotɔwo I, 15:6.

 Yesu si Le Agbe la Kpɔa Ŋusẽ Ðe Amewo Dzi

Yesu ƒe tsitretsitsi menye ŋkukekeɖenume alo nyaʋiʋli dzro ko o. Nyateƒe si wònye be ele agbe la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi le afisiafi. Tso keke ƒe alafa gbãtɔ me ke la, ame gbogbo aɖewo siwo metsɔa ɖeke le Kristotɔnyenye me o alo tsia tre ɖe eŋu koŋ la va kpɔ kakaɖedzi blibo be eyae nye subɔsubɔ vavãtɔ. Nukae na wotrɔ nɔnɔme? Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ na wokpɔ kpeɖodzi be Mawu fɔ Yesu va agbe me wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si wodo ŋutikɔkɔe na le dziƒo. (Filipitɔwo 2:8-11) Woxɔ Yesu kple ɖoɖo si Yehowa Mawu wɔ ɖe xɔname ŋu to Kristo ƒe tafevɔsa dzi la dzi se. (Romatɔwo 5:8) Amesiawo kpɔa dzidzɔ vavãtɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ kple agbenɔnɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu me.

Bu nusi wòbia be ame nanye Kristotɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu kpɔ. Menye nusi me woakpɔ ŋkɔxɔxɔ, ŋusẽ, alo kesinɔnuwo le o. Nusi dzɔ boŋue nye be Kristotɔ geɖe ‘do dzi kple dzidzɔ le wo ŋutinuwo haha me’ le woƒe xɔse ta. (Hebritɔwo 10:34) Kristotɔnyenye bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbenɔnɔ si me yometiti le si te ŋu va wua nu ɖe xɔsetaku me le ame geɖe gome.

Hafi ame aɖewo nava zu Kristo yomedzelawo la, mɔkpɔkpɔ nyui nɔ wo si le ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔnuwo gome. Gamaliel si nye Sefiala xɔŋkɔ la gbɔe Saul si tso Tarso srɔ̃ nu le eye Yudatɔwo va nɔ ebum ame ŋkutae. (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2; 22:3; Galatiatɔwo 1:14) Ke hã Saul va zu apostolo Paulo. Eya kple ame bubu geɖe trɔ megbe de xexe sia me ŋkɔxɔxɔ kple ŋusẽkpɔkpɔ. Nukatae? Be woakaka gbedasi si ku ɖe mɔkpɔkpɔ vavã si wotu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo kple nyateƒe si nye be wofɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi ŋu. (Kolosetɔwo 1:28) Wolɔ̃ be yewoakpe fu ɖe agbenɔnɔ si wonya be wotu ɖe nyateƒe dzi la ta.

Nenemae wòle le ame miliɔn geɖe gome egbea. Àte ŋu akpɔ wo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame godoo. Ðasefowo tsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàva Kristo ƒe ku ƒe azã si woɖuna ƒe sia ƒe, si woaɖu le ɣeɖoto megbe le Kwasiɖa, April 8, 2001 dzi. Adzɔ dzi na wo be nàva wɔna ma wɔƒe kple kpekpe siwo katã wowɔna hena Biblia sɔsrɔ̃ le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me.

Nukata màsrɔ̃ nu geɖe, menye le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ɖeɖeko ŋu o, ke le eƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo hã ŋu o? Ekpe mí be míava ye gbɔ. (Mateo 11:28-30) Wɔ nu fifia be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu asiwò. Esia wɔwɔ ate ŋu ana nàkpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Via lɔlɔ̃a si me la te.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Àkpɔ Nyanyuiawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋuti kpeɖodziwo le “Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe?” si le May 15, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ me la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame miliɔn geɖe siwo nye Yesu Kristo yomedzelawo kpɔa dzidzɔ vavãtɔ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]

Etso Self-Pronouncing Edition of the Holy Bible, si me King James kple Revised Biblia gɔmeɖeɖewo le me