Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?

Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?

Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?

NE Kristotɔ xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke ɖikeke mele eme o be lɔlɔ̃ na Mawue ʋã wò be nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Gawu la, anɔ eme kokoko be subɔsubɔdɔa nye dɔ si koŋ nètsɔ ɖokuiwò na be yeawɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, Yesu Kristo de se na eyomedzelawo katã be woanye nusrɔ̃lawɔlawo. (Mateo 28:19, 20) Ẽ, ɖewohĩ èle ŋutilãmedɔ wɔm fifia tsɔ le ɖokuiwò dzi kpɔmee. Gake ƒo wo katã ta la, esi nènye Yesu yomedzela kple Yehowa Ðasefo ta la, ènye Kristotɔ subɔla—amesi tsɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me.—Mateo 24:14.

Ðewohĩ fifia nèle wò ƒewui mamlɛawo me alo nèle wò ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze. Anɔ eme godoo be èbu dɔ si nàva wɔ le agbe me ŋu vevie. Le dɔ vovovo siwo ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wò dadakpɔ me la, ɖewohĩ wò ŋutɔ wò dzidzemekpɔkpɔ hã le vevie na wò.

Ke de ŋugble tso nusi Jørgen, si le Denmark gblɔ le tiatia si wòwɔ ŋu la ŋuti kpɔ. Jørgen gblɔ be enye “agbenɔnɔmɔnu nyuitɔ kekeake si me nàte ŋu atrɔ wò susu katã ɖe dɔ vevitɔ kekeake si li ŋu le.” Eva, si nye nyɔnu si xɔ ƒe 31 le Greece, gblɔ be: “Ne metsɔ nye agbenɔnɔ sɔ kple hatinyewo tɔ la, ɖeko meƒoa nya ta ɣesiaɣi be gɔmesese le eŋu wu, dzidzeme le eme wu, eye wòdoa dzidzɔ na ame wu.” Agbemedɔ kae naa dzidzeme ma tɔgbe? Aleke nàwɔ wò asi nasu agbemedɔ ma dzi?

Ðe Mawu Fiaa Mɔa Wòa?

Agbemedɔ aɖe tiatia ate ŋu anye nu sesẽ. Le nyateƒe me la, ame aɖewo adi be Mawu naɖe nusi tututu wòdi be yewoawɔ la afia yewo.

Esime Mose nɔ Midian la, Yehowa bia tso esi be wòagbugbɔ ayi Egipte eye wòakplɔ Israel-viwo tso kluvinyenye me. (Mose II, 3:1-10) Mawu ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Gideon, amesi wotia be wòaɖe Israel-viwo tso teteɖeanyi me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-14) Dawid nɔ alẽwo kplɔm esime Mawu gblɔ na Samuel be wòasi ami nɛ wòanye Israel-fia yeye. (Samuel I, 16:1-13) Womegatoa mɔ siawo tɔgbe dzi fiaa mɔ mi egbea o. Ðe eteƒe la, ehiã be míada nyawo akpɔ eye míatso nya me le alesi míawɔ ŋutete siwo Mawu na mí ŋudɔe ŋu.

Yehowa ʋu “ʋɔtru gã, si na [wowɔa] dɔ geɖe” la na Kristotɔ sɔhɛwo egbea. (Korintotɔwo I, 16:9) Le mɔ ka nu? Le ƒe ewo siwo va yi me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 2,125,000 kple edzivɔ va ɖo amesiwo wu 6,000,000 le anyigba katã dzi. Amekawoe naa kpekpeɖeŋu le Biblia, agbalẽ, agbalẽ gbadza, magazine, kple trakt miliɔn gbogbo siwo hiã na gbɔgbɔmenunyiame kple hena xexeame godo ƒe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa la tata me? Amesiwo wɔa dɔ le xexeame katã ƒe Betel-ƒomea mee kpɔa gome le mɔnukpɔkpɔ sia si me yayra le la me.

Agbenɔnɔ si me Teƒeɖoɖo Le

Betel gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe,” eye Betel-ƒewo nye teƒe siwo Kristotɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le dɔ wɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒewo le. (Mose I, 28:19, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Míate ŋu atsɔ egbegbe Betel-ƒomewo asɔ kple ‘aƒe siwo wotsɔ nunya tui’ wòle ɖoɖo nyui me si wotu ɖe lɔlɔ̃ na Yehowa dzi.—Lododowo 24:3.

Nukae míate ŋu agblɔ tso ƒometɔwo ƒe nɔnɔme si le Betel la ŋu? Estonia Betel-ƒomea me tɔ aɖe si xɔ ƒe 25, gblɔ be: “Esese le ɖokuinye me be mele Yehowa ƒe xɔlɔ̃wo dome ɣesiaɣi doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Esia gakpɔtɔ nye nu vevitɔ kekeake nam le Betel.”—Psalmo 15:1, 2.

Le xexeame katã la, amesiwo ade 19,500 sie mɔnukpɔkpɔa su wole dɔ wɔm le Betel. (Psalmo 110:3) Le United States la, amesiwo le Betel dometɔ 46 le alafa me nye amesiwo xɔ tso ƒe 19 vaseɖe 29. Wogblɔ abe Yesaya ene be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Yesaya—amesi ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo—nɔ eɖokui tsɔm na faa be yeaxɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubu akpee. Edze ƒã be esia abia be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe viɖe aɖewo asa vɔe. Amesiwo le dɔ wɔm le Betel gblẽ woƒe aƒewo kple teƒe siwo nɔnɔ ma wo, kpakple dadawo, fofowo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, kple xɔlɔ̃wo ɖi. Wotso dzime faa tsɔ nusiawo sa vɔe ‘le nyanyui la ta.’—Marko 10:29, 30.

Eye gbɔgbɔmeyayra gbogbo ka gbegbee nye si wokpɔna le Betel! Russia Betel-ƒomea me tɔ sɔhɛ aɖe ɖe nu me be: “To ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ me la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe siwo ava ɖe vi na mí le agbenɔnɔ le xexe yeyea me. Mate ŋu agblɔ be le gonyeme la, Yehowa ƒe yayrawo sɔ gbɔ sasasã wu nusiwo metsɔ sa vɔe.”—Maleaxi 3:10.

Agbenɔnɔ le Betel

Aleke agbenɔnɔ le le Betel? Betel-ƒomea me tɔwo lɔ̃ ɖe edzi be etua ame ɖo eye wònaa dzidzeme ame, eye edoa dzidzɔ na ame hã. Jens, amesi xɔ ƒe 43, kpɔa dzidzɔ le Betel-subɔsubɔ me. Nukatae? Egblɔ be: “Le esi mesena le ɖokuinye me be míenye amesiwo le asi kpem ɖe dɔ gã aɖe si le vevie wɔwɔ ŋu ta. Mete ŋu kpɔa Yehowa ƒe dɔa ƒe takeke kple vevienyenye dzea sii.”

Tso Dzoɖa vaseɖe Memleɖa la, wodzea Betel ƒe ŋkekea gɔme kple ŋdi mawunyakpukpui me dzodzro. Esia nye Biblia me dzodzro, si dzi hamemegã bibi aɖe kpɔna. Le Dzoɖa fiẽwo la, wotsɔa gaƒoƒo ɖeka wɔa ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ hezãa Gbetakpɔxɔ, eye ɣeaɖewoɣi la, woƒoa nuƒo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe dzi, vevietɔ esi asɔ na Betel-ƒomea, la kplɔnɛ ɖo.

Nukae dzɔna ne ame aɖe va ɖo Betel zi gbãtɔ? Be woana ƒomea me tɔ yeyea nanya alesi agbenɔnɔ le le Betel la, ƒomea me tɔ tsitsiwo ƒoa nuƒo siwo kuna ɖe wɔna vovovo siwo yia edzi le Betel-subɔsubɔ me ŋu. Kwasiɖa geɖe le ƒe gbãtɔa me la, Betel-ƒomea me tɔ yeye dea kwasiɖa sia kwasiɖa suku nyui aɖe si ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ ana wòadzi eƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmesese ɖe edzi. Azɔ hã, ƒomea me tɔ yeyewo kpɔa gome le Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe me. Ƒomea me tɔ yeyewo xlẽa Biblia bliboa katã le woƒe Betel-subɔsubɔ ƒe ƒe gbãtɔ me.

Ŋusẽ kae hehexɔxɔ siawo katã kpɔna ɖe ame dzi? Joshua, si nye Hong Kong Betel-ƒomea me tɔ si xɔ ƒe 33, ɖo eŋu be: “Betel na nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu gade to ɖe edzi ale gbegbe. Mete ŋu dea ha kple nɔvi kpɔnuteƒe siwo zã woƒe agbe ƒe akpa gãtɔ tsɔ le Yehowa subɔmee. Gbɔgbɔmeɖoɖowo, abe ŋdi mawunyakpukpui me dzodzro kple ƒomea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ene, koŋue doa dzidzɔ nam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mekpɔa ŋudzedze ɖe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple agbe bɔbɔe nɔnɔ si le afima la ŋu. Esia naa mevona tsoa dzimaɖitsitsi madzemadzee me. Mesrɔ̃ alesi mawɔ nuwo abe Kristotɔ ene hã, eye esia ɖea vi nam ɣesiaɣi.”

Betel-ƒomea me tɔwo zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋutete ƒe akpa gãtɔ tsɔ wɔa nusi wotsɔ wo ɖokui na be yewoawɔ. Efia be wozãa woƒe ŋutilã kple susu me nunanawo tsɔ kpɔa dɔdasi si wona wo le Betel la koŋ gbɔe. Ehiã be woakpɔ nu gbogbo vovovo aɖewo gbɔ. Ame aɖewo wɔa dɔ le agbalẽtamɔ̃wo ŋu alo wowɔa dɔ le agbalẽblaƒewo, hetaa agbalẽ siwo woɖona ɖe hame geɖe. Ame bubuwo wɔa dɔ le dzodoƒea, le nuɖuxɔa me, alo nunyaƒea. Woƒe dɔdasiwo dometɔ aɖewoe nye nuŋututu, agbledede, xɔtudɔ, kple bubuawo. Ame aɖewo ƒe dɔdasi enye be woakpɔ dɔwɔnu siwo le dɔwɔƒe siawo dzadzraɖo gbɔ. Ame bubuwo hã kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ alo wɔa dɔ le ɔfis. Betel-dɔdasiwo katã nye dɔ siwo bia agbagbadzedze si hea dzidzɔ vɛ eye teƒeɖoɖo wɔnukuwo le wo wɔwɔ me. Betel-dɔwɔnaawo naa ame ƒe dzi dzea eme ale gbegbe elabena edoa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ eye wowɔa wo le lɔlɔ̃ na Mawu ta.

Wotiaa hame siwo me Betel-ƒomea me tɔwo anɔ la na wo, afisi woa ŋutɔwo kpɔa alesi woƒe dɔa le vi ɖemee le. Hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me doa dzidzɔ na wo. Esia wɔe be kadodo sẽŋu nɔa Betel-ƒomea me tɔwo kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le wo gbɔ hamewo me la dome.—Marko 10:29, 30.

Rita, si nye Britain Betel-ƒomea me tɔ, gblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe hamea ŋu ale gbegbe! Ne mele kpekpewo me kple gbeadzi, eye mekpɔ nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, ɖeviwo, kple ame tsitsi lɔlɔ̃awo le afima la, edoa ŋusẽ nye xɔse ŋutɔ! Nuka kee ɖale dzɔdzɔm o, wovana. Esia naa megadoa vevie nu le nye Betel-subɔsubɔa me.”

Menye dɔwɔwɔ, kpekpewo dede, gbeadzidede, kple nusɔsrɔ̃ sɔŋ koe Betel-gbenɔnɔ nye o. Ƒomea kpɔa gome le ɖiɖiɖemewɔnawo hã me. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa “Ƒome Modzakaɖeŋkeke” si nye wɔna dodzidzɔname si me gbɔgbɔmeviɖewo le hã, si naa mɔnukpɔkpɔ sua wo si wosea vivi na ame geɖe ƒe dzɔdzɔmenunanawo eye wosrɔ̃a nu tso Betel-dɔwɔla bubuwo ƒe agbenɔnɔ siwo dea dzi ƒo na ame la me. Ame nɔewo sasrãkpɔ ƒe hadede nyui siwo tua ame ɖo hã doa dzidzɔ na ame. Modzakaɖenu aɖewo hã nɔa anyi, eye agbalẽdzraɖoƒewo li na ɖokuisi nuxexlẽ kple numekuku wɔwɔ. Eye dzeɖoɖo dodzidzɔname siwo yia edzi le nuɖukplɔ̃awo ŋu le nuɖuɣiwo hã li.

Tom, si nye Estonia Betel-ƒomea me tɔ, gblɔ be: “Atsiaƒua gbɔ medidi tso Betel-ƒea gbɔ o, eye ave dzeani aɖe hã te ɖe mía ŋu, afisi mía kple srɔ̃nye míeva ɖia tsa le. Ɣeaɖewoɣi la, meva ƒoa gɔlf, hockey, kple tenis kple xɔ̃nye siwo le hamea me kpakple esiwo le Betel. Eye ne yame ƒe nɔnɔme de ame dzi la, míedoa gasɔ.”

Nukae Nàte Ŋu Awɔ be Nàdze?

Nyateƒe wònye be Betel nye afisi Kristotɔ tsitsiwo tsɔa subɔsubɔ kɔkɔe naa Yehowa le eye wowɔa dɔ tsɔ kpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu le xexeame godoo. Ele be amesiwo va zua Betel-ƒomea me tɔwo naɖo nudidi aɖewo gbɔ. Nukae nàte ŋu awɔ be nàdze na dɔwɔwɔ le Betel?

Ele be tenɔnɔ nyui nanɔ amesiwo woxɔ be woava wɔ dɔ le Betel si le hamea me, abe Timoteo, amesi subɔ kple apostolo Paulo ene. (Timoteo I, 1:1) Timoteo nye amesi ŋu “nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase nyuie le.” (Dɔwɔwɔwo 16:2) Togbɔ be ɖekakpui ko Timoteo nye hã la, enya Ŋɔŋlɔawo eye wòli ke ɖe nyateƒea me. (Timoteo II, 3:14, 15) Nenema ke wokpɔ mɔ be amesiwo woaxɔ be woava wɔ dɔ le Betel hã nanya Biblia.

Ehiã be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ Betel-ƒomea me tɔwo si. Timoteo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple eɖokuitsɔtsɔna faa be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ ɖe dzesi ale gbegbe be Paulo te ŋu gblɔ le eŋu be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o; elabena wo katã la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o. Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.”—Filipitɔwo 2:20-22.

Betel-subɔsubɔ bia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye gbɔgbɔmemewo. Ðoɖo siwo wowɔ na Betel-ƒomea me tɔwo wɔe be wòle bɔbɔe be woatsi le gbɔgbɔ me to Biblia sɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi me, kple to hadede kple Kristotɔ tsitsiwo me. Eyata wokpena ɖe amesiwo le Betel ŋu be woawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be: “[Miyi edzi miazɔ le Kristo Yesu] me, eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, miagba go le akpedada me.”—Kolosetɔwo 2:6, 7.

Le alesi dɔa ƒe nɔnɔme le le Betel ta la, ele be ŋusẽ nanɔ amesiwo si subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia su la ŋu eye woanɔ lãmesẽ me nyuie. Ne èɖo nudidi siwo míeyɔ la gbɔ, eye nèxɔ ƒe 19 alo wu nenema, eye nèxɔ nyɔnyrɔ wòde ƒe ɖeka ya teti la, ke míede dzi ƒo na wò be nàbu Betel-subɔsubɔ ŋu.

Mí Katã Míaƒe Wɔƒe Li

Esi míenye Kristotɔwo ta la, kakaɖedzitɔe la, mí katã míedi be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me eye be míatsɔ luʋɔ blibo awɔ míaƒe subɔsubɔdɔae na Yehowa. (Mateo 6:33; Kolosetɔwo 3:23) Míate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo le subɔsubɔm le Betel hã be woayi edzi anɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na le afima. Eye ele be woade dzi ƒo na nɔviŋutsu ɖekakpuiwo vevietɔ, amesiwo dze awɔ dɔ le Betel be woaminya mɔnukpɔkpɔ sia si me yayra le.

Betel-subɔsubɔdɔ nye agbemɔ si me gbɔgbɔmedzidzeme le—si ate ŋu anye agbemedɔ nyuitɔ kekeake na wò vavã. Enye agbemedɔ nyuitɔ kekeake na Nick, amesi te subɔsubɔ le Betel esime wòxɔ ƒe 20. Le Betel-subɔsubɔdɔ wɔwɔ ƒe ewo megbe la, egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi daa akpe nɛ ɖe eƒe amenuveve ta. Nukae gali magabia wu esia? Le afisia la, míele Kristotɔ nuteƒewɔla siwo le nusianu si woate ŋui wɔm tsɔ le Yehowa subɔm la dome.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

NUKAE HAMEMEGÃWO KPLE DZILAWO ATE ŊU AWƆ?

Ele na hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo koŋ be woade dzi ƒo na ɖekakpuiwo be woabia be yewoawɔ dɔ le Betel. Numekuku aɖe si ame aɖewo wɔ le wo ɖokui si nyitsɔ laa, le ɖekakpui kple ɖetugbi siwo le Betel-ƒomea me ŋu ɖee fia be Kristotɔ dzikpɔlawoe xlɔ̃ nu wo dometɔ 34 le alafa me be woana dɔwɔwɔ le Betel nanye woƒe taɖodzinu. Enye nyateƒe be woƒe dzodzo le hame siwo me wonɔ ate ɖe ame dzi ya. Gake anyo be míaɖo ŋku edzi be, togbɔ be ɖikeke mele eme o be Timoteo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe sɔhɛ bubu siwo nɔ Listra kple Ikonio dzi hã la, hamemegã siwo nɔ afima megbe asiɖeɖe le eŋu be wòava wɔ dɔ kple Paulo o. Womeƒo nya ta be asiɖeɖe le Timoteo ŋu wòava kpe ɖe Paulo ŋu agblẽ nu le yewoƒe hamea ŋu vevie o.—Timoteo I, 4:14.

Ele na Kristotɔ dzilawo, vevietɔ, be woakpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo viwo dzi le nya sia gome. Le numekuku si míeyɔ fifi laa me la, amesiwo wobia gbee dometɔ 40 le alafa me gblɔ be yewo dzilawo koŋue de dzi ƒo na yewo be yewoawɔ dɔ le Betel. Nɔvinyɔnu aɖe si le dɔ wɔm le Betel ƒe aɖewoe nye sia gblɔ be: “Dzinyelawo ƒe wo ɖokui ƒoƒo ɖe Yehowa subɔsubɔ me nye ameʋãnu sẽŋu aɖe si na meƒo ɖokuinye ɖe Betel-subɔsubɔ me. Esi mekpɔ kpɔɖeŋu si woɖo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, medze sii zi ɖeka be esiae anye agbemɔ nyuitɔ kekeake kple esi me dzidzeme anɔ wu si wòle be ame natia.”

[Aɖaka si le axa 24]

WOKPƆ ŊUDZEDZE ÐE BETEL SUBƆSUBƆDƆ ŊU

“Mekpɔa dzidzɔ ɖe nye Betel-subɔsubɔ ŋu. Nyanya be mesubɔ Yehowa ŋkeke bliboa katã eye be megale ewɔ ge nenema le ŋufɔke, kple ŋkeke si agakplɔe ɖo ahanɔ ewɔwɔ dzi nenema ɖaa naa nye dzi dzea eme. Esia naa dzitsinya nyui nɔa asinye eye wòna mebua nu nyuiwo ŋu.”

“Betel nye afisi nàte ŋu atsɔ wò ɣeyiɣi kple wò ŋusẽ katã asubɔ Yehowa susuhenu aɖeke manɔmee. Esia naa wokpɔa dzidzɔ le ememe. Azɔ hã agana nàkpɔ Yehowa ƒe habɔbɔ le mɔ bubu nu kura. Àse le ɖokuiwò me be yete ɖe habɔbɔ sia ƒe dɔwɔƒegã ŋu wu, eye esia naa dzi gadzɔa ame ŋutɔ.”

“Betel vava ye nye nu nyuitɔ kekeake si me meto kpɔ. Hehexɔxɔ nu metsona le afisia gbeɖe o. Eye hehe si mexɔna le afisia la menye na nye ŋutɔ nye dzidzedzekpɔkpɔ o, ke boŋ na Yehowa ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ. Nye dɔwɔwɔ le afisia mazu dzodzro gbeɖe o.”

“Nye dzɔdzɔmenunanawo ŋudɔwɔwɔ le Betel na dzidzeme kple tomefafam elabena wo zazã le vi ɖem na Yehowa kple nɔviawo.”

“Dzidzeme kple dzidzɔ akuakua mesu asinye le nye tsãdɔwɔna me o. Enɔa dzroyem ƒe geɖe enye sia be mawɔ dɔ kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo be wòaɖe vi na wo. Eyatae meva Betel ɖo. Nyanya be nye agbagbadzedzewo katã aɖe vi na amewo le gbɔgbɔ me eye wòahe kafukafu vɛ na Yehowa naa nye dzi dzea eme ale gbegbe.”