Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Lém Ðe Te Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

Yehowa Lém Ðe Te Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

Agbemeŋutinya

Yehowa Lém Ðe Te Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me

ABE ALESI FORREST LEE GBLƆE ENE

Ðeko kpovitɔwo xɔ míaƒe agbaƒomɔ̃wo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo le mía si koe nye ma. Xexemeʋã II na mɔnukpɔkpɔ su tsitretsiɖeŋulawo si woƒo nya ɖe Canada ƒe dukplɔla yeyea nu wòde se ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu. Nusia dzɔ le July 4, 1940, dzi.

ESI nusi dzɔ meɖe dzi le mía ƒo kura o ta la, míeyi ɖatsɔ agbalẽ bubuwo le afisi woda wo ɖo eye míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Maɖo ŋku nya siwo Papa gblɔ gbemagbe la dzi ɣesiaɣi, be: “Míenaa ta bɔbɔe nenema o lo. Yehowa de se na mí be míaɖe gbeƒã.” Ƒe ewo vi si ŋu ŋusẽ nɔ ye menye ɣemaɣi. Gake egbea gɔ̃ hã la, Papa ƒe kutrikuku kple dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu kpɔtɔ ɖoa ŋku alesi míaƒe Mawu, Yehowa, léa amesiwo wɔa nuteƒe nɛ ɖe te dzi nam ɣesiaɣi.

Esi kpovitɔwo gatɔ mí ɣeyiɣi bubu la, menye míaƒe agbalẽwo koe woxɔ le mía si o, ke wokplɔ Papa ɖade mɔ̃, Dada ɖeɖe kple mí ɖevi ene míetsi anyi. Nu ma dzɔ le September 1940 me le Saskatchewan. Le ema megbe kpuie la, wonyam le suku le esi mewɔ nu ɖe nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee nu hegbe gbedodo na aflaga alo dukɔa ƒe ha dzidzi ta. Adzɔge nusrɔ̃ɖoɖo si dzi meto yi nye sukua dzi na nye ɖoɖowo de dzinye mete ŋu kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe wu.

Le ƒe 1948 me la, yɔyɔ aɖe va na mɔɖelawo, siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, be woaʋu ayi Canada ƒe ɣedzeƒe-ƒuta nutome. Eyata meyi ɖawɔ mɔɖeɖedɔa le Halifax, Nova Scotia, kple Cape Wolfe, Prince Edward Island. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wokpem be mava wɔ dɔ kwasiɖa eve le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Toronto. Kwasiɖa eve mawo va trɔ zu ƒe ade kple edzivɔ ƒe subɔsubɔ si me yayra geɖe nɔ. Mlɔeba medo go Myrna, amesi wɔ ɖeka kplim le nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia Yehowa me, eye míeɖe mía nɔewo le December 1955 me. Míenɔ Milton, Ontario, eye eteƒe medidi o, woɖo hame yeye ɖe afima. Xɔ si le míaƒe xɔwo tee va zu Fiaɖuƒe Akpata.

Didi be Míakeke Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Enu

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, míedzi vi ade, gake ɖeko míede kpe wo kabakaba. Mía vinyɔnu Miriam ye nye gbãtɔ. Eyometɔwoe nye Charmaine, Mark, Annette, Grant, eye Glen nye mamlɛa. Zi geɖe ne megbɔ tso dɔme la, mekpɔa ɖeviawo nɔa anyi ɖe anyigba le dzoƒuƒea nɔa dzo ƒum eye Myrna nɔa Biblia xlẽm na wo, henɔa Biblia me nudzɔdzɔwo me ɖem na wo, tsɔ nɔ lɔlɔ̃ deto na Yehowa ƒãm ɖe woƒe dzime. Le kpekpeɖeŋu si wòna lɔlɔ̃tɔe ta la, Biblia me sidzedze nyui su mía viwo katã si tso ɖevime ke.

Fofonye ƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu wɔa dɔ ɖe nye susu kple dzi dzi ɣesiaɣi. (Lododowo 22:6) Eyata le ƒe 1968 me esime wokpe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo be woaʋu ayi Titina kple Anyiehe Amerika ava kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, edzro míaƒe ƒomea be míawɔ ɖe yɔyɔa dzi. Ɣemaɣi mía viwo xɔ tso ƒe 5 va ɖo 13, eye mía dometɔ aɖeke menya nya ɖeka pɛ hã le Spaingbe me o. Le mɔfiame si wona dzi wɔwɔ me la, mezɔ mɔ yi dukɔ vovovowo me be makpɔ alesi agbenɔnɔ le le teƒe mawo. Le nye tɔtrɔgbɔ megbe la, ƒome bliboa nɔ anyi lé nyawo kpɔ gbedodoɖatɔe eye míetso nya me be míaʋu ayi Nicaragua.

Subɔsubɔ le Nicaragua

Le October 1970 me la, míeʋu va míaƒe aƒe yeyea me, eye le kwasiɖa etɔ̃ dome la, wode dɔ sue aɖe asi nam le hamea ƒe kpekpe aɖe me. Medo togotogoe vevie le nye Spaingbe ʋɛ si mese dodo atsɔ awɔ dɔae ŋu eye mewu enu kple hame bliboa kpekpe be woava mía ƒeme hena cerveza le Memleɖagbe ŋdi 9:30 me. Servicio, si nye nya si wozãna na gbeadzisubɔsubɔ, ye medi be magblɔ hafi, gake le nyateƒe me la, ɖe mekpe amesiame be woava no biya. Le nyateƒe me la, gbea sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe o!

Le gɔmedzedzea me la, meŋlɔa dzeɖonya aɖe ɖe asiƒome eye metoa eme ne mele mɔ dzi yina ʋɔtrua nu. Megblɔna be: “Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpe ɖe agbalẽ sia ŋu.” Ame aɖe si xɔ agbalẽa gblɔ emegbe be ɖe yeva míaƒe kpekpea be yeadze agbagba akpɔ be yease nya si menɔ agbagba dzem be magblɔ na ye gɔme hã. Ŋutsu sia va zu Yehowa Ðasefo. Aleke gbegbe wòɖe dzesii enye si be Mawue nye amesi naa nyateƒea ƒe ku tsina le ɖokuibɔbɔlawo ƒe dzi me, abe alesi apostolo Paulo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzii ene!—Korintotɔwo I, 3:7.

Le fiadu si nye Managua me nɔnɔ ƒe eve lɔƒo megbe la, wobia tso mía si be míaʋu ayi Nicaragua ƒe anyiehekpa dzi. Míewɔ dɔ kple hame si le Rivas kple ɖetsɔlemetɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo sa ɖe aga le wo gbɔ. Pedro Peña, si nye Ðasefo tsitsi nuteƒewɔla aɖe kpe ɖe ŋunye míesrã ƒuƒoƒo siawo kpɔ. Wo dometɔ ɖeka nɔ tɔdomekpo si nye dzoto le Lake Nicaragua dzi, afisi ƒome ɖeka koe nye Yehowa Ðasefowo le.

Togbɔ be ŋutilãmenu ʋɛ aɖewo koe nɔ ƒome sia si hã la, wodze agbagba geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe míaƒe sasrãkpɔa ŋu. Kaka míaɖo fiẽ ma la, woɖa nu da ɖi na mí nɔ mía lalam. Míenɔ anyi kwasiɖa ɖeka, eye lɔlɔ̃tɔ siwo lɔ̃ Biblia le afima dometɔ geɖe kpea mí míeɖua nu kpli wo. Dzi dzɔ mí ale gbegbe esi ame 101 va se Biblia me dutoƒonuƒoa le Kwasiɖagbe.

Mese le ɖokuinye me ɣebubuɣi be Yehowa gazã eƒe ŋusẽ tsɔ lém ɖe tee esime wòle be míayi aɖasrã ɖetsɔlemetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpɔ le to siwo te ɖe Costa Rica dea ŋu dzi. Gbesigbe wòle be míadzo la, Pedro va nye kɔ ge, gake asrã lém metsi abadzi. Megblɔ be: “Pedro, nyemate ŋu ayi o.” Eɖo asi nye ŋgonu heɖo eŋu be: “Asrã sesẽ aɖe lé wò nyateƒe, gake ele be míayi! Nɔviawo le lalam.” Emegbe edo gbe ɖa, gbedodoɖa siwo tso dzi me ke si mese kpɔ dometɔ ɖekae wònye.

Emegbe megblɔ be: “Yi nàdi fresco (atikutsetsemetsi) aɖe nàno. Mawɔ vɔ le aɖabaƒoƒo ewo megbe.” Ƒome eve siwo nye Ðasefowo nɔ nuto si me míeyi me, eye wokpɔ mía dzi nyuie ale gbegbe. Ŋufɔke la, meyi gbeƒãɖeƒe kpli wo, togbɔ be asrãa na ŋusẽ menɔ ŋunye tututu o hã. Dzideƒo ka gbegbee nye si wònye esi míekpɔ amesiwo wu alafa ɖeka va míaƒe Kwasiɖagbe kpekpea!

Míegaʋu Ake

Le ƒe 1975 me la, míedzi mía vi adrelia, Vaughn. Le ganyawo ta la, ehiã be míatrɔ ayi Canada le ƒe si kplɔe ɖo me. Dzodzo le Nicaragua menɔ bɔbɔe na mí o, elabena míese le mía ɖokui me be Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ lé mí ɖe te ŋutɔŋutɔ esi míenɔ afima. Le ɣeyiɣi si me míenɔ dzodzom la, amesiwo wu 500 le míaƒe hamea ƒe anyigbamama me nɔ kpekpeawo vam.

Do ŋgɔ la, esi woɖo mía kple mía vinyɔnuvi Miriam mɔɖela veviwoe le Nicaragua la, Miriam biam be: “Papa, ne wòava hiã be nàtrɔ ayi Canada gbaɖegbe la, màna manɔ afisia oa?” Ðoɖo aɖeke menɔ asinye be mava dzo gbaɖegbe o, eyata meɖo eŋu be: “Meɖe fu o, mana nàtsi anyi!” Eyata esi míedzo la, Miriam tsi anyi yi eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Emegbe eva ɖe Andrew Reed. Le ƒe 1984 me la, wode Gilead-sukua, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku ƒe klass 77 lia, si nɔ Brooklyn, New York, ɣemaɣi. Fifia Miriam kple srɔ̃a wole subɔsubɔm le Dominican Republic, eye wòle didi si dutanyanyuigblɔla bibi siwo le Nicaragua ƒã ɖe eme la dzi wɔm.

Vaseɖe fifia la, Papa ƒe nyawo be “míenaa ta bɔbɔe nenema o lo” kpɔtɔ le bibim le nye dzime. Eyata le ƒe 1981 me esi míedzra ga si asu míate ŋu agbugbɔ atrɔ ayi Titina Amerika ɖo la, míegaʋu ake, fifia la, míeyi Costa Rica. Esi míenɔ subɔsubɔm le afima la, wokpe mí be míava kpe asi ɖe woƒe alɔdzedɔwɔƒe yeye tutu ŋu. Gake le ƒe 1985 me la, ehiã be woawɔ atike na mía viŋutsu Grant, eyata míetrɔ yi Canada. Glen tsi Costa Rica hena alɔdzedɔwɔƒe tutudɔa wɔwɔ, eye Annette kple Charmaine nye mɔɖela veviwo. Ke meva mí amesiwo dzo le Costa Rica ƒe susu me kpɔ be míegale tɔtrɔ ge ayi gbeɖe o.

Akɔkpekpe Kple Afɔku

Ŋu ke le September 17, 1993 dzi, xexeame kɔ eye ŋdɔ nɔ ʋuʋum nyuie. Mía kple mía viŋutsu tsitsitɔ Mark míenɔ do aɖewo trem le xɔ tame. Míewɔ dɔa aduadu henɔ dze ɖom le gbɔgbɔmenuwo ŋu, abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Kaka manya la, meɖe ŋu ɖi eye mege tso xɔa tame. Esi nye ŋkume kɔ la, nusi ko mete ŋu kpɔe nye akaɖi siwo nɔ keklẽm kple amewo wodo awu ɣiwo. Kɔdzixɔ si me wokpɔa dɔnɔ siwo gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata le mee.

Le nusi Biblia gblɔ ta la, nya si do le nunye gbãe nye: “Nyemaxɔ ʋu o, nyemaxɔ ʋu o!” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Aleke gbegbe dzi ɖo ƒonyee nye si esi mese Charmaine gblɔ be: “Papa, enyo. Mí katã míele afisia.” Meva se emegbe be ɖɔktawo kpɔ nye atikewɔwɔ gbalẽvia, eye womegblɔ ʋudonya aɖeke o. Nye kɔ ŋe eye metu kura, nyemate ŋu agbɔ le ɖokuinye si gɔ̃ hã o.

Esi azɔli megale ŋunye o ta la, ehiã be Yehowa nalém ɖe te wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi. Nye vehlomeyatoƒe si woko be woade ka aɖe si me magbɔ toe, na be yatoƒe megale nye gbeɖiɖikawo ŋu o. Nyemegate ŋu ƒoa nu o. Ðe amewo léa ŋku ɖe nye nuyiwo ŋu hafi te ŋu sea nya si menɔ agbagba dzem be magblɔ.

Gazazãwo yi dzi kabakaba. Esi wònye mía kple srɔ̃nye kple vinye akpa gãtɔ míele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ta, nyemenya ne ɖe wòle be woado le dɔ sia me ava kpɔ gakuxi siawo gbɔ o. Gake Mark va kpɔ dɔ aɖe si le ɣleti etɔ̃ ko me la, ete ŋu xe fe siawo ƒe akpa geɖe. Ewɔe be wo katã te ŋu yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi negbe mía kple srɔ̃nye ko.

Gbedonamegbalẽvi kple lɛta alafa geɖe tso dukɔ vovovo ade me xɔ gliawo ŋu le nye kɔdzixɔa me. Le nyateƒe me la, Yehowa nɔ ŋusẽ domem. Hamea hã kpe ɖe nye ƒomea ŋu hekpɔ woƒe nuɖunyawo gbɔ le ɣleti atɔ̃ kple afã si me wonɔ atike wɔm nam vevie le kɔa dzi. Gbesiagbe la, Kristotɔ hamemegã aɖe nɔa gbɔnye le ŋdɔ ɣeyiɣiwo me, xlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nam, eye wogblɔa nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo hã nam. Ƒomea me tɔ eve dzraa hamea ƒe kpekpe ɖesiaɖe ɖo kplim, eyata gbɔgbɔmenuɖuɖu veviwo meto ŋunye kpɔ gbeɖe o.

Esi menɔ kɔa dzi la, wowɔ ɖoɖo nam be makpɔ gome le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi me. Kɔdzidɔwɔlawo wɔ ɖoɖo na dɔnɔdzikpɔla bibi ɖeka kple mɔ̃ si me megbɔna tonae ŋu nyala ɖeka wonɔ ŋunye ŋkeke bliboa. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam be mawɔ ɖeka kple nɔvinye ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo ake! Nyemaŋlɔ ame gbogbo siwo nɔ fli me nɔ lalam be wòaɖo yewo dzi yewoado gbe nam la be akpɔ o.

Gbɔgbɔmemenyenye Léle Ðe Asi

Anɔ ƒe ɖeka le afɔkua ƒe dzɔdzɔ megbe la, mete ŋu dzo yi aƒeme ɖanɔ anyi kple nye ƒomea, togbɔ be egahiã kokoko be dɔnɔdzikpɔlawo nanɔ ŋunye gaƒoƒo 24 gbesiagbe hã. Agbatsɔʋu aɖe si me woɖo nuzazã tɔxɛwo ɖo nam kpena ɖe ŋunye mete ŋu yia kpekpeawo, esiwo ƒã hafi wotoa ŋunye. Gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be ebia tameɖoɖo kplikpaa hafi mete ŋu yina. Tso esime megbɔ va aƒeme la, mete ŋu de nutome gã takpekpe ɖesiaɖe.

Mlɔeba le February 1997 me la, ŋutete gaɖo ŋunye mete ŋu ƒoa nu vie. Nye dɔnɔdzikpɔla aɖewo ɖoa to ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ne mele nye Biblia me mɔkpɔkpɔwo ŋu nya gblɔm na wo. Dɔnɔdzikpɔla ɖeka xlẽ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom bliboa katã kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo nam. Meɖoa dze kple amewo to ati aɖe si metsɔna ƒoa kɔmpiutae me. Togbɔ be mɔ̃a ƒoƒo to mɔ sia dzi tea ɖeɖi ŋunye ŋutɔ hã la, eɖea vi nam be mekpɔtɔ kpɔa gome le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

Mesea veve le lãme ŋutɔ. Gake ewɔ abe ne mele Biblia ƒe nyateƒea gblɔm na amewo alo wole wo xlẽm mele sesem la, mekpɔa gbɔdzɔe vie ene. Ɣeaɖewoɣi la, mía kple srɔ̃nye si kpena ɖe ŋunye ŋutɔ míewɔa ablɔdzi ɖaseɖiɖidɔa, eye eɖea nye nyawo me na amewo ne mehiã kpekpeɖeŋu. Mete ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa zi geɖe. Kristotɔ hamemegã ƒe dɔwo wɔwɔ naa dzi dzɔam, vevietɔ ne nɔviwo te ɖe ŋunye le kpekpewo me alo srãm kpɔ le nye aƒeme eye mete ŋu na kpekpeɖeŋu wo hede dzi ƒo na wo.

Ele be malɔ̃ ɖe edzi be ele bɔbɔe be ame nalé blanui. Eyata ɣesiaɣi si mase le ɖokuinye me be nu te ɖe dzinye la, medoa gbe ɖa enumake be dzidzɔ naɖo menye. Medoa gbe ɖa zã kple keli be Yehowa nayi edzi além ɖe te. Ne mexɔ lɛta alo ne ame aɖe srãm kpɔ la, edzɔa dzi nam ɣesiaɣi. Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! magazine xexlẽ hã naa tamesusu tuameɖowo xɔa nye susu me. Ɣeaɖewoɣi la, dɔnɔdzikpɔla vovovowo xlẽa magazine siawo nam. Tso esime afɔkua dzɔ ɖe dzinye la, meɖo to se Biblia bliboa me nyawo xexlẽ le kasɛt dzi zi gbɔ zi adre. Mɔ vovovo siwo dzi Yehowa to lém ɖe te dometɔ aɖewoe nye esiawo.—Psalmo 41:3.

Alesi nɔnɔmeawo va trɔ namee na ɣeyiɣi geɖe su asinye matsɔ ade ŋugble le alesi míaƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa, le nu fiam mí hena agbekpɔkpɔe ŋu. Etsɔ eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavã, subɔsubɔdɔ ɖɔʋu, nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona ŋuti ɖaŋuɖoɖo, kple nusi míawɔ le fukpekpewo me ŋuti nunya na mí. Yehowa tsɔ srɔ̃nyɔnu nyui wɔnuteƒe yramee. Vinyewo hã kpe ɖe ŋunye nuteƒewɔwɔtɔe, eye enye dzidzɔ nam be wo katã kpɔ gome le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, mía viŋutsu Mark kple srɔ̃a Allyson, wu Gilead Suku ƒe klass 108 lia nu le March 11, 2000 dzi, eye woɖo wo ɖe Nicaragua. Mía kple srɔ̃nye míete ŋu de woƒe sukunuwuwu wɔnawo wɔƒe. Mate ŋu agblɔe le nyateƒe me be afɔku trɔ nye agbe gake metrɔ nye dzi o.—Psalmo 127:3, 4.

Meda akpe na Yehowa ɖe nunya si wònam si kpe ɖe ŋunye mete ŋu kpɔ gbɔgbɔmedomenyinu si mexɔ la ta wòsu nye ƒomea hã si. Ŋusẽ ɖoa ŋunye eye dzi ɖoa ƒonye ne mekpɔ be vinyewo le wo Wɔla subɔm kple nɔnɔme si tɔgbe nɔ fofonye si, amesi gblɔ be, “Míenaa ta bɔbɔe nenema o lo. Yehowa de se na mí be míaɖe gbeƒã.” Le nyateƒe me la, Yehowa lé mía kple nye ƒomea ɖe te le míaƒe agbemeŋkekewo katã me.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple Papa, nɔvinyeŋutsuwo, kple nɔvinyenyɔnu, míetɔ ɖe míaƒe ʋu si nye xɔ, si míezã le mɔɖeɖedɔa wɔɣiwo me la gbɔ. Nyee ma le ɖusime

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Myrna

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ƒome foto si míeɖe nyitsɔ laa

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mekpɔtɔ ŋlɔa lɛta tsɔ ɖia ɖasee