Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ

Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ

 Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ

BUDDHA subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe, Dalai Lama, gblɔ be: “Mexɔ se be taɖodzinu si koŋ le míaƒe agbe ŋue nye be míadi dzidzɔkpɔkpɔ.” Eyi edzi ɖe eme be yexɔe se be woate ŋu akpɔ dzidzɔ to susu kple dzi la hehe alo emamla me. Egblɔ be: “Nu vevitɔ si míehiã be míakpɔ dzidzɔ blibo enye susu.” Ete gbe ɖe edzi be Mawu dzixɔse mehiã o. *

To vovo na ema la, de ŋugble le Yesu, amesi si Mawu dzixɔse sẽŋu nɔ eye eƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn alafa geɖe dzi le ƒe alafawo me la ŋu kpɔ. Yesu tsɔ ɖe le amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Edze eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa gɔme kple dzidzɔnya asieke—nyagbɔgblɔ asieke siwo dze egɔme kple: “Dzidzɔtɔwoe nye . . .” (Mateo 5:1-12, NW) Le mawunya ma ke me la, efia eƒe nyaselawo be woalé ŋku ɖe woƒe susu kple dzi ŋu, akɔ wo ŋu ahana hehe wo—woatsɔ tamesusu siwo me ŋutifafa, kɔkɔenyenye, kple lɔlɔ̃ le aɖo ŋutasesẽ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ɖokuitɔdidi ƒe tamesusuwo teƒe. (Mateo 5:21, 22, 27, 28; 6:19-21) Abe alesi eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka xlɔ̃ nui emegbe ene la, ele be ‘míayi edzi anɔ nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, nusiwo dzea ame, kple nusiwo dze na kafukafu la, ŋu susum.’—Filipitɔwo 4:8.

Yesu nya be mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzɔ vavãtɔ kpɔkpɔ dzi. Le dzɔdzɔme nu la, mí amegbetɔwo míelɔ̃a hadede, eyata míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míeɖe mía ɖokui ɖe aga alo wɔa dzre ɣesiaɣi kple amesiwo dome míele o. Ne míesee le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí eye be míelɔ̃ ame bubuwo ko hafi dzi ate ŋu adzɔ mí. Yesu fia nu be nu vevitɔ si dzi wotu lɔlɔ̃ sia ɖoe nye mía kple Mawu dome ƒomedodo. Le go sia koŋ me la, Yesu ƒe nufiafia mewɔ ɖeka kple Dalai Lama tɔ o, elabena Yesu fia nu be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ Mawu manɔmee o. Nukatae wòle nenema ɖo?—Mateo 4:4; 22:37-39.

Bu Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Ŋu

Todzimawunya la me dzidzɔnyawo dometɔ ɖekae nye: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔme nuhiahiãwo me.” (Mateo 5:3, NW) Nukatae Yesu gblɔ nya sia ɖo? Elabena to vovo na lãwo la, gbɔgbɔmenuwo hiã na míawo ya. Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo ta, míate ŋu atu Mawu ƒe nɔnɔmewo, siwo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nublanuikpɔkpɔ, kple nunya, ɖo va ɖo afi aɖe. (Mose I, 1:27; Mixa 6:8; Yohanes I, 4:8) Míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ƒe ɖee nye didi be taɖodzinu nanɔ míaƒe agbe ŋu.

Aleke míawɔ akpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã siawo? Menye to ŋugbledede ʋĩ si me woɖea nusianu ɖa le susu me keŋkeŋ alo ameɖokuimedzodzro  ko mee o. Ke boŋ Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) De dzesii be Yesu gblɔ be Mawu gbɔe “nya sia nya” si hiã hena míaƒe agbenɔnɔ la tsona. Mawu koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia aɖewo ŋu. Sidzedze ma sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi, vevietɔ le egbeŋkekea me, esime tameɖoɖo si le agbe ŋu kple mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ ŋuti nufiafiawo va bɔ. Agbalẽ siwo doa lãmesẽ, kesinɔnuwo, kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ŋugbe na nuxlẽlawo la xɔ nɔƒe gbogbo aɖewo le agbalẽdzraƒewo. Woɖo dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nyatakakawo diƒe ɖe Internet dzi.

Ke hã zi geɖe la, amegbetɔ ƒe tamesusu le go siawo me mesɔna o. Zi geɖe la, enyɔa ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo alo ɖokuidodoɖedzi ɖe ame me. Sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ si mede ŋgɔ o dzie wotui ɖo, eye aʋatsonyatakakawo hã dzie wotunɛ ɖo zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nusi le dzidzim ɖe edzi le kpekpeɖeŋunana ame ɖokui gbalẽ ŋlɔlawo domee nye be woatu woƒe nukpɔsusuwo ɖe “nɔnɔmetɔtrɔ ƒe susuŋutinunya,” si me wogblɔna le be lã siwo me wosusu be woawo mee míedzɔ tso mee amegbetɔwo ƒe seselelãme le, dzi. Nyateƒeae nye be viɖe mate ŋu anɔ agbagba ɖesiaɖe si woadze be woadi ŋutifafa si wotu ɖe nufiafia siwo ŋea aɖaba ƒua akpa si mía Wɔla la wɔna dzi ŋu o eye woado kpo nu mlɔeba. Blema nyagblɔɖila aɖe gblɔ be: “Ŋu akpe nunyalawo, . . . kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?”—Yeremya 8:9.

Yehowa Mawu nya míaƒe wɔwɔme kple nusi ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Enya nusitae wòwɔ ame ɖe anyigba dzi kple nusi etsɔme ahe vɛ, eye egblɔ nya ma na mí le Biblia me. Nusi wògblɔ ɖe agbalẽ ma si tso gbɔgbɔ me me la dzea amesiwo si dzi nyui le la ŋu eye wòdzɔa dzi na wo. (Luka 10:21; Yohanes 8:32) Aleae wònɔ le Yesu ƒe nusrɔ̃la eve gome. Le eƒe kua ta, dzi menɔ wo dzɔm o. Gake esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ŋutɔ gblɔ akpa si wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo hena amegbetɔ ƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me na wo la, wogblɔ be: “Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?”—Luka 24:32.

Dzidzɔ sia gadzina ɖe edzi ne míena Biblia ƒe nyateƒea fia mɔ míaƒe agbenɔnɔ. Le go sia me la, míate ŋu atsɔ dzidzɔkpɔkpɔ asɔ kple anyieʋɔ. Edzena ne nɔnɔmeawo de edzi, gake eme gakɔna ɖe edzi—alo zua anyieʋɔa ƒe teƒe eve—ne nɔnɔmea sɔ nɛ keŋkeŋ. Azɔ mina míakpɔ alesi Biblia ƒe nufiafiawo tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ wui ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

Nɔ Agbe si Le Bɔbɔe

Gbã la, de ŋugble le Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo ku ɖe kesinɔnuwo ŋu la ŋu kpɔ. Esi wòxlɔ̃ nu le kesinɔnudidi tsɔtsɔ wɔ nu vevitɔe le agbe me ŋu vɔ la, egblɔ nya ʋãme aɖe. Egblɔ be: “Ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ.” (Mateo 6:19-22) Nusi gblɔm wòle koe nye be ne míeti kesinɔnu, ŋusẽ, alo taɖodzinu bubu siwo amewo ɖona na wo ɖokui dometɔ ɖesiaɖe yome la, nusiwo le  vevie wu la abɔ mí. Nusitae nye be abe alesi Yesu gblɔe ɣebubuɣi ene la, “ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Ne míeɖo nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ, abe mía kple Mawu dome ƒomedodo, ƒomea ƒe nuhiahiãwo, kple nya siwo do ƒome kplii la nɔƒe gbãtɔ la, míaƒe “ŋku” dzi ‘adza,’ edzi maxe o.

De dzesii be menye nuteteameɖokuigbenɔnɔ ƒe dzi dem ƒo Yesu nɔ o. Elabena Yesu ŋutɔ mete nu eɖokui o. (Mateo 11:19; Yohanes 2:1-11) Efia nu boŋ be amesiwo bua agbe abe mɔnukpɔkpɔ si ŋudɔ woawɔ atsɔ ali kɔ kesinɔnuwo ɖi ko la abu woƒe agbe.

Esi susumedɔdala aɖe si le San Francisco, U.S.A., nɔ nu ƒom tso ame aɖewo siwo zu kesinɔtɔ gãwo kaba le agbe me ŋu la, egblɔ be ga nye “nusi hea nuteɖeamedzi kple tɔtɔ” vɛ na wo. Egblɔ kpee be amesiawo “ƒlea aƒe eve alo etɔ̃, ʋu, hegblẽa ga ɖe nuwo ŋu. Eye ne ema mesu eme na wo o [si nye be mena wokpɔ dzidzɔ o] la, woléa blanui, tsia yaa eye womenyaa nusi woawɔ kple woƒe agbe o.” Gake ele bɔbɔe be amesiwo wɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo be woanɔ agbe si le bɔbɔe le ŋutilãmenuwo gome eye be ɣeyiɣi nanɔ wo ŋu na gbɔgbɔmenuwo la nakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

Tom, si nye xɔtula le Hawaii, tsɔ eɖokui na faa be yeakpe asi ɖe tadeaguƒewo tutu ŋu le Pacific-ƒukpowo dzi, afisi ŋutilãmenu mebɔ ɖe amewo si le o. Tom de dzesi nane le afimatɔ ɖokuibɔbɔla siawo ŋu. Egblɔ be: “Nɔvinye ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siwo le ƒukpo siawo dzi le dzidzɔ kpɔm nyateƒe. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔe dze sii kɔte be menye ga kple nunɔamesiwoe nye nusiwo gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ tsona o.” Elé ŋku ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔ dɔ kplii le ƒukpoawo dzi ŋu hekpɔ alesi woƒe dzi dze emee. Tom gblɔ be: “Anye ne woate ŋu akpɔ ga gbogbo aɖe hafi. Gake wotiae be yewoatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ahanɔ agbe si le bɔbɔe.” Le alesi kpɔɖeŋu siawo wɔ dɔe ɖe Tom dzi ta la, enɔ agbe si le bɔbɔe wu ale be wòate ŋu akpɔ vovo ɖe eƒe ƒomea kple gbɔgbɔmenuwo ŋu—enye afɔɖeɖe aɖe si wɔwɔ mevee kpɔ gbeɖe o.

Dzidzɔkpɔkpɔ Kple Asixɔxɔ Dede Ame Ðokui Ŋu

Sese le ame ɖokui me be bubu, alo asixɔxɔ le ye ŋu le vevie ŋutɔ hena dzidzɔkpɔkpɔ. Le amegbetɔ ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo dona tsoa eme ta la, ame aɖewo bua wo ɖokui be yewomele ɖeke me o, eye le ame geɖe gome la, aleae wòwɔna na wo tso woƒe ɖevime ke. Seselelãme si ƒo ke ɖe to la dzi ɖuɖu ate ŋu anye nu sesẽ, gake woate ŋu aɖu edzi. Egbɔkpɔnuae nye Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ.

Biblia ɖe alesi Wɔla la sena le eɖokui me le mía ŋu la me na mí. Ðe alesi wòbua nu ŋui la mele vevie wu alesi amegbetɔ ɖesiaɖe bunɛ—alo alesi míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebunɛ—oa? Mawu, amesi ƒe amenyenye le go sia go me nye lɔlɔ̃ la, mebua nazã ɖe mía ŋu alo dia vɔ̃e na mí o. Amesiwo míenye kple amesiwo míate ŋu azu ŋue wòléa ŋku ɖo le mía ŋu. (Samuel I, 16:7; Yohanes I, 4:8) Le nyateƒe me la, ebua amesiwo le didim be yewoado dzidzɔ nɛ la ame xɔasiwoe, ẽ, be wonye ame nyuiwo, metsɔ le blibomademade si le wo ŋu me o.—Daniel 9:23; Xagai 2:7.

Mefia be Mawu ŋea aɖaba ƒua míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuvɔ̃ siwo míawɔ dzi ya o. Edina tsoa mía si be míadze agbagba vevie be míawɔ nusi le dzɔdzɔe, eye edoa alɔ mí ne míewɔ nenema. (Luka 13:24) Ke hã Biblia gblɔ be: “Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe  dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.” Egblɔ hã be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.”—Psalmo 103:13; 130:3, 4.

Eyata srɔ̃ alesi nàbu ɖokuiwò abe alesi Mawu bua míi ene. Enyanya be ebua amesiwo lɔ̃e la amesiwo ƒe nu nyoa eŋu eye be ekana ɖe wo dzi—togbɔ be woabu wo ɖokui be yewomedze o hã—ate ŋu atu ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖo geɖe.—Yohanes I, 3:19, 20.

MɔkpɔkpɔEle Vevie Hena Dzidzɔkpɔkpɔ

Nukpɔsusu aɖe si woto vɛ nyitsɔ laa si woyɔna be kakaɖedzinɔamesisusu ƒe amesinɔnɔ gblɔ be kakaɖedzinɔamesi, si sua ame si to nu nyuiwo kple ame ƒe ŋutetewo ŋu bubu me ate ŋu akplɔ ame yi dzidzɔkpɔkpɔ mee. Ame ʋɛ aɖewo koe agbe be kakaɖedzinɔamesi tsɔtsɔ bu nuwo ŋui le agbe me kple etsɔme ŋui madzi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi o. Gake ele be woatu kakaɖedzinɔamesi sia ɖe nu ŋutɔŋutɔ dzi, menye ɖe didi dzro aɖe ko dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kakaɖedzinɔamesi aɖeke mate ŋu aɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔléle, ɖiƒoƒonu, tsitsi, dɔléle, alo ku—siwo nye nusiwo naa ame geɖe mekpɔa dzidzɔ o—ɖa o. Ke hã kakaɖedzinɔamesi ƒe wɔƒe li.

Enyo be míade dzesii be Biblia mezã nya si gɔme míeɖe be kakaɖedzinɔamesi o; nya bubu si nu sẽ wue wòzã—eyae nye mɔkpɔkpɔ. Vine’s Complete Expository Dictionary ɖe alesi wozã “mɔkpɔkpɔ” le Biblia me la gɔme be efia be “woakpɔ mɔ na nu nyui siwo ŋu kakaɖedzi le, . . . dzidzɔ tsɔtsɔ lala nu nyuiwo ƒe vava.” Le alesi wozã mɔkpɔkpɔe le Biblia me nu la, ede ŋgɔ wu kakaɖedzi ƒe amesinɔnɔ le nuwo ŋu ko. Eku ɖe nusi ŋu ame ku eƒe mɔkpɔkpɔ ɖo hã ŋu. (Efesotɔwo 4:4; Petro I, 1:3) Le kpɔɖeŋu me, enye Kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔ be woaɖe nu manyomanyo siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le memama si do ŋgɔ me la ɖa kpuie. (Psalmo 37:9-11, 29) Gake bubu geɖe gali kpee.

Kristotɔwo kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me amegbetɔ wɔnuteƒewo anɔ agbe deblibo le paradisonyigba dzi. (Luka 23:42, 43) Esi Nyaɖeɖefia 21:3, 4 nɔ mɔkpɔkpɔ ma me ɖem la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ. . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”

Amesiame si le mɔ kpɔm be etsɔme ma nasu ye si akpɔ dzidzɔ godoo, ne nɔnɔme si me wòle fifia gɔ̃ hã mele edzi dem o. (Yakobo 1:12) Ekema nukata màku Biblia me akpɔ nusitae nàte ŋu axɔe ase o. Do ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le asiwò to ɣeyiɣi didi ɖe Biblia xexlẽ ŋu gbesiagbe me. Ema wɔwɔ ado ŋusẽ wò le gbɔgbɔ me, akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na nusiwo naa dzi medzɔa amewo o, eye wòatu wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le asiwò fifia ŋu ɖo. Ẽ, nusi ƒo ɖesiaɖe ta si gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsonae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Nyagblɔla 12:13) Agbenɔnɔ si wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ye nye agbenɔnɔ si me dzidzɔ le, elabena Yesu gblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm.”—Luka 11:28.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Mawu dzixɔse mele vevie na Buddhatɔ o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Kɔlili kesinɔnuwo, ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga, alo kaka ɖe amegbetɔ ƒe nunya si mede afi aɖeke o dzi mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Agbenɔnɔ si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi wɔwɔ dzie nye esi me dzidzɔ nɔna

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔa naa wokpɔa dzidzɔ