Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Latvia le To Ðom Nyanyui La

Latvia le To Ðom Nyanyui La

 Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Latvia le To Ðom Nyanyui La

BIBLIA gblɔe eme kɔ ƒã be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Amesiwo si mɔnukpɔkpɔ mesu wose nyanyuia o hena ƒe geɖe le esem fifia! Le Latvia, abe xexeame ƒe akpa bubuwo ke ene la, amesiwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso teƒe vovovowo le to ɖom gbedasia, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.

• Le Rēzekne, si nye du aɖe si le ɣedzeƒe Latvia la, vidada aɖe kple via nyɔnuvi ƒewuivi bia nyɔnu aɖe le ablɔdzi be wòafia mɔ yewo. Esi nyɔnua, si wova nya emegbe be enye Yehowa Ðasefo la, fia mɔa wo vɔ la, ekpe wo be woava Ðasefowo ƒe kpekpe.

Esi mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na vidadaa kple vianyɔnuvia siaa ta la, wotso nya me be yewoayi kpekpea. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, woɖoe be ne yewokpɔ numanyomanyo aɖe le afima la, yewoatrɔ adzo enumake. Gake kpekpea vivi wo nu ale gbegbe be dzodzo megava tame na wo kura o. Wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo eye wote kpekpeawo dede edziedzi. Le ɣleti etɔ̃ ko megbe la, woɖee fia be yewodi be yewoakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wole mɔ kpɔm be yewoaxɔ nyɔnyrɔ.

• Le ɣetoɖoƒe-du aɖe me le Latvia la, Ðasefo aɖe do go Anna, si xɔ ƒe 85, amesi ɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ fia eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Vianyɔnu kple ƒometɔ bubuwo tsi tre ɖe eŋu vevie. Gake Anna meɖe mɔ tsitretsiɖeŋu ma alo ƒe geɖe xɔxɔ kple lãmesẽ madeamedzi xe mɔ nɛ wòdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ o.

Gbeɖeka Anna gblɔ na vianyɔnua be yele nyɔnyrɔ xɔ ge. Anna ƒe vinyɔnua ɖo eŋu nɛ be: “Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, maɖo wò ɖe ame tsitsiwo dzikpɔƒe.” Gake vɔvɔ̃doname sia meɖe dzi le Anna ƒo o. Le eƒe lãmemasẽmasẽ ta la, wonyrɔe le eya ŋutɔ ƒe aƒeme.

Aleke Anna vinyɔnua wɔ nu ɖe nusia ŋui? Eƒe nɔnɔme trɔ, eye wòɖa nu tɔxɛ aɖe na dadaa le nyɔnyrɔxɔxɔa megbe. Emegbe ebia dadaa be, “Esi nèxɔ nyɔnyrɔ fifia ɖe, aleke nèse le ɖokuiwò me?” Aleke Anna ɖo eŋui? “Abe amesi wodzi yeyee ene!”

• Le December 1998 la, Ðasefo eve do go Soviet Union srafomegã aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔme. Esi wòxɔe se be Wɔla aɖe li ta la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye srɔ̃a hã va wɔ ɖeka kplii le nusɔsrɔ̃a me emegbe. Wowɔ ŋgɔyiyi kabakaba eye eteƒe medidi o wova zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo me la, asrafomegã la xɔ nyɔnyrɔ. Alesi srɔ̃tɔ siawo lɔ̃ gbɔgbɔmenuwo vevie la nye dzideƒo na hamea me tɔwo katã. Gakpe ɖe eŋu la, wokpe asi ɖe aƒe aɖe si le afima la dzadzraɖo ŋu wòzu Fiaɖuƒe Akpata nyui aɖe.