Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Woƒoa Nu Tsoa Dɔmenyonyo Kple Lɔlɔ̃ Ŋu’

‘Woƒoa Nu Tsoa Dɔmenyonyo Kple Lɔlɔ̃ Ŋu’

‘Woƒoa Nu Tsoa Dɔmenyonyo Kple Lɔlɔ̃ Ŋu’

LE NYITSƆ laa ƒewo me la, wogblẽ Yehowa Ðasefo siwo le France ŋu vevie ŋutɔ. Woƒe tsitretsiɖeŋulawo zã numevivinyawo kple nyatakaka gbegblẽwo tsɔ gblẽ wo ŋu na amewo. Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefo siwo le France bliboa ma trakt si ƒe tanyae nye People of France, You Are Being Deceived! (Franseawo, Wole Mia Blem!) ɖekaɖeka miliɔn 12. Wogblɔ le trakt sia me be ameŋugblẽnya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la mele eme o.

Ŋkeke ʋɛ aɖewo le trakt sia mama megbe la, Aƒetɔ Jean Bonhomme, si nye atikewɔla eye wònye Sewɔtakpekpea me tɔ tsã la, ɖo lɛta aɖe ɖe nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽtaƒe aɖe be woata. Eŋlɔ be: “Yehowa Ðasefowo vaa aƒenyeme ɣeaɖewoɣi. Wova ƒoa nu tso dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ si anɔ xexeame katã ŋu. . . . Womezia woƒe vava ɖe ame dzi o. Woƒoa nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye woɖoa to nye ɖikenyawo tufafatɔe.”

Esi Aƒetɔ Bonhomme nɔ nu ƒom tso Yehowa Ðasefowo ƒe gbɔgbɔmenyawo ŋuti nukpɔsusu ŋu la, egblɔ be: “Woƒe xexeame ƒe akpaɖekemanyemanye mate ŋu ahe vɔ̃ aɖeke vɛ o. Dunyahela aɖewo ƒe ɖevinuwɔwɔ boŋue ate ŋu agblẽ dukɔmeviwo ƒe tomefafa kple amegbetɔƒomea ƒe ɖekawɔwɔ me.”