Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðɔɖɔɖoɣi la” Ðo Vɔ!

“Ðɔɖɔɖoɣi la” Ðo Vɔ!

“Ðɔɖɔɖoɣi la” Ðo Vɔ!

Esi wòsusɔ vie Yesu nadzo yi dziƒo la, eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo dometɔ aɖewo biae be: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Alesi Yesu ɖo eŋui fia be ɣeyiɣi aɖe ava yi hafi Fiaɖuƒea nava. Le ɣeyiɣi ma me la, dɔ gã aɖe anɔ eyomedzelawo dzi woanɔ wɔwɔm. Ele be woanye Yesu ƒe ɖasefowo “le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:6-8.

MENYE ŋkeke, kwasiɖa, alo ɣleti ʋɛ aɖewo koe woatsɔ awɔ dɔ ma awu enu o. Gake nusrɔ̃lawo mehe ɖe megbe kura o, wodze gbeƒãɖeɖe gɔme. Ke hã woƒe susu medzo le ɖɔɖɔɖo ƒe nyaa dzi o. Apostolo Petro ƒo nu tso eŋu na ameha gã aɖe si ƒo ƒu ɖe Yerusalem, egblɔ be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa. Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me.”—Dɔwɔwɔwo 3:19-21, míawoe te gbe ɖe edzi.

“Ðɔɖɔɖoɣi” siawo ana ‘gbɔɖemeɣiwo’ natso Yehowa gbɔ ava. Ðɔɖɔɖo si ŋu nya wogblɔ ɖi la ava eme le akpa eve me. Gbã la, gbɔgbɔmeɖɔɖɔɖo si me gbɔɖeme le anɔ anyi, eye ele edzi yim fifia. Evelia, paradiso ŋutɔŋutɔ si woaɖo anyi le anyigba dzi akplɔe ɖo.

Ðɔɖɔɖoɣia Dze Egɔme

Abe alesi apostolo Petro gblɔe na ameha ma le Yerusalem ene la, dziƒo ‘xɔ Yesu da ɖi.’ Woxɔe da ɖi vaseɖe ƒe 1914 me, esime Yesu xɔ eƒe fiaɖuŋusẽ eye wòdze dziɖuɖu gɔme henye Fia si Mawu tia. Petro gblɔe ɖi ɣemaɣi be, Yehowa ‘adɔ’ Via ‘ɖo ɖa’ le susua nu be Aɖe mɔ na Yesu be wòawɔ ame vevi si wònye le Mawu ƒe tameɖoɖowo me la ƒe wɔƒe. Biblia ɖɔ nudzɔdzɔa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: “Eye [Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ dzi] ŋutsuvi, [Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me, amesi] latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã.”—Nyaɖeɖefia 12:5.

Gake dukɔwo mewɔ susu aɖeke be yewoabɔbɔ ɖe Kristo ƒe dziɖulanyenye te o. Le nyateƒe me la, wodze etevi wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi, amesiwo woyɔna egbea be Yehowa Ðasefowo, la dzi. Ðasefoawo lé ‘Yesu ƒe ɖaseɖiɖidɔa’ me ɖe asi goŋgoŋ abe alesi apostolo siwo do ŋgɔ na wo wɔe ene. (Nyaɖeɖefia 12:17) Wova nɔ tsitre tsim ɖe dɔ si Kristotɔ ɖianukware siawo nɔ wɔwɔm ŋu vevie tso dukɔ me yi dukɔ me. Le ƒe 1918 me la, wotsɔ alakpanyawo ɖe amesiwo xɔ ŋgɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, ŋu hekplɔ wo yi ʋɔnui eye wotso afia madzɔmadzɔ na wo be woayi mɔ ɣeyiɣi didi. Edze hena ɣeyiɣi aɖe abe ɖe egbeŋkekea me ɖaseɖiɖidɔ si wɔm wole “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” la magadze edzi o ene.—Nyaɖeɖefia 11:7-10.

Gake le ƒe 1919 me la, woɖe asi le dɔwɔƒea ƒe tatɔ siwo wode gaxɔ me la ŋu eye emegbe woɖe wo le alakpanya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu me. Womegblẽ ɣeyiɣi aɖeke hafi gadze gbɔgbɔmeɖɔɖɔɖodɔa wɔwɔ gɔme o. Tso ɣemaɣi la, nu le edzi dzem na Yehowa ƒe amewo le gbɔgbɔ me eye etɔgbe aɖeke medo ŋgɔ o.

Wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa wòde didiƒe tsɔ fia nu dukɔwo katã me tɔwo be woawɔ nusiwo Kristo de se na eyomedzelawo be woawɔ. (Mateo 28:20) Dzidzemenya ka gbegbee nye si wònye be woakpɔ be amesiwo ɖea lãwo ƒe nɔnɔme fiana tsã la trɔ woƒe nukpɔsusu! Woɖe amenyenye xoxo, si nana woɖea nɔnɔmewo abe “dɔmedzoe,” “busunyagbɔgblɔ,” kple “ŋukpenanyawo” ene fiana la ɖi, eye wodo amenyenye yeye, ‘si wowɔ yeye to sidzedze vavãtɔ dzi ɖe [Mawu] amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.’ Le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo le eme vam fifia gɔ̃ hã be: “Amegãxi [amesi ɖea amegãxi ƒe nɔnɔme fiana tsã] anɔ alẽvi [amesi ɖea nɔnɔme fatu fiana] gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ.”—Kolosetɔwo 3:8-10; Yesaya 11:6, 9.

Ðɔɖɔɖo Bubuwo Gbɔna Kpuie!

Tsɔ kpe ɖe ɖɔɖɔɖo si na gbɔgbɔmeparadiso li egbea ŋu la, ɣeyiɣi si míaƒe ɣletinyigba azu paradiso ŋutɔŋutɔ la le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Anyigba ƒe akpa sue aɖee nye paradiso esime Yehowa da mía tɔgbui kple mía mama, Adam kple Xawa, ɖe Eden-bɔa me. (Mose I, 1:29-31) Ema tae míate ŋu agblɔ be woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi ɖo. Gake hafi ema nava eme la, ele be woaɖe alakpasubɔsubɔ si medea bubu Mawu ŋu o ɖa le anyigba dzi. Xexeme sia ƒe dunyahelawoe akpɔ esia gbɔ. (Nyaɖeɖefia 17:15-18) Emegbe woatsrɔ̃ dunyahelaawo kple asitsalawo, kpakple wo dzi delawo. Mlɔeba la, woatu nu ɖe Mawu ƒe tsitretsiɖeŋula susɔeawo—Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo—nu ƒe akpe ɖeka—si nye ɣeyiɣi si woatsɔ awɔ ɖɔɖɔɖodɔae. Le ɣeyiɣi ma me la, “gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.” (Yesaya 35:1) Anyigba bliboa avo tso fuɖename me. (Yesaya 14:7) Woafɔ ame miliɔn siwo ku gɔ̃ hã va agbe me le anyigba dzi. Amewo katã ase vivi na tafevɔsaa ƒe ɖɔɖɔɖoa ƒe viɖewo. (Nyaɖeɖefia 20:12-15; 22:1, 2) Ŋkuagbãtɔ, tokunɔ, alo xɔdrɔ̃ aɖeke manɔ anyigba dzi o. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ko la, woaɖe asi le Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe eye woakpɔ afisi Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba va eme se ɖo. Mlɔeba la, woatsrɔ̃ wo tegbee.—Nyaɖeɖefia 20:1-3.

Ne anyigbaa ɖo ƒe akpe ɖeka la ƒe ɖɔɖɔɖoɣia ƒe nuwuwu la, “nusianu, si me gbɔgbɔ le” akafu Yehowa, eye woanɔ ekafukafu dzi yi ɖe mavɔmavɔ me. (Psalmo 150:6) Ànɔ wo domea? Àte ŋu anɔ wo dome.