Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàɖu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ Dzi?

Nukatae Wòle Be Nàɖu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ Dzi?

Nukatae Wòle Be Nàɖu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ Dzi?

Ðe nèdzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe be nusianu si yeawɔ la nanyo nyuiea? Le nyateƒe me ewɔwɔ nenema ate ŋu aɖe vi na mia kple amesiwo dome nèle le nu geɖe me. Gake ame aɖewo wɔ nu wògbɔ eme akpa si na wova zu blibodededitsoamesilawo. Nukae nya ma fia?

NYA “blibodede didi tso ame gbɔ” ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye “nusianu si mede blibo o maxɔmaxɔ ƒe nɔnɔme si anɔ ame si.” Ðewohĩ èdo go amesiwo si nɔnɔme ma tɔgbe le kpɔ. Àkpɔe be alesi wodia nu geɖe akpa tso amewo sii ate ŋu ahe kuxi geɖe vɛ, ana be naneke madze wo ŋu o eye dzi naɖe le wo ƒo. Amesiwo da sɔ dometɔ akpa gãtɔ ade dzesii be blibodede didi tso ame si ahanɔ nusiwo manya wɔ o dim wòagbɔ eme le agbemenya ɖesiaɖe me menyo kura o nyateƒe. Enye nane si dzi wòle be woaɖu. Gake kuxi si li enye be ne mía ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ alo nɔnɔme ŋue nyaa ku ɖo la, asesẽ be míade dzesii be míenye amesiwo dia blibodede tso amewo si, eyata edziɖuɖu mele bɔbɔe o.

Agbanɔamedzi gã aɖe le Nelson dzi eye kuxi geɖe hã le eŋu si gbɔ wòle be wòakpɔ. Ɣesiaɣi ko la, ele akɔntabubuwo me tom, eye edina vevie be yeawɔ dɔ geɖe. Zi geɖe la, wosusunɛ be nuwo wɔwɔ wòade blibo hiã hafi woakpɔ dzidzedze le dɔwɔɖui ƒe nya si me hoʋiʋli le me. Togbɔ be ame aɖewo akpɔ ŋudzedze ɖe Nelson ƒe dɔ memi wɔwɔ ŋu hã la, alesi wòdina be yeawɔ nusianu wòade blibo hea lãmegbegblẽ abe taɖui kple nuteɖeamedzi ene vaa edzii. Ðe wò nuwɔna le abe Nelson tɔ enea?

Didi be woawɔ nusianu wòade blibo ɖea fu na ɖeviwo hã. Esi Rita, si tso Rio de Janeiro nye ɖevi la, sukudede dzɔa dzi nɛ ale gbegbe. Edze agbagba be yeagawɔ nu abe amesi le didim be yeaxɔ ŋkɔ ene o, gake ne mexɔ dzeside kɔkɔwo le dodokpɔ me o la, etena ɖe edzi ale gbegbe. Rita gblɔ be: “Tso keke nye ɖevi me la, metsɔa ɖokuinye nɔa sɔsɔm kple amesiwo ŋu ɣeyiɣi geɖe le, esi nye ya mexaxana henɔa du dzi ɖe nuwo wɔwɔ ŋu. Nyemese le ɖokuinye me ɣeaɖekeɣi kpɔ be ɣeyiɣi le ŋunye matsɔ aɖi ɖe eme o, elabena ɣesiaɣi la, nuwo nɔ anyi wòle be mawɔ.”

Esi Maria nye nyɔnuvi dzaa ko la, efaa avi le dzi si ɖena le eƒo be yemete ŋu taa nu wònyakpɔna abe ame bubuwo ene o ta. Gawu la, le eƒe didi be yeanya haƒomɔ̃ ƒoƒo nyuie ahanya hadzidzi hã nyuie me la, nuxaxa yɔnɛ fũ eye nu tena ɖe edzi le esi teƒe be mɔ̃a ƒoƒo alo hadzidzia nado dzidzɔ nɛ boŋ. Nyɔnuvi Braziltɔ bubu si ŋkɔe nye Tânia, amesi dze agbagba be yeadze aɖaŋu ahaƒo asa na hoʋiʋli, lɔ̃ ɖe edzi be yegakaa bo siwo kɔna sasasã wu ye le suku kple aƒeme siaa na ye ɖokui kokoko. Esusui be ne yeƒe dɔwɔna mede blibo o la, amewo malɔ̃ yeƒe nya tututu o. Gawu la, Tânia dia nu geɖe akpa tsoa amewo si ɣeaɖewoɣi, si nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖee eye wòléa blanui.

Togbɔ be ŋutete, kutrikuku, kple dɔwɔwɔ wòadze ame ŋutɔ ŋu le vevie hã la, taɖodzinu siwo gbɔ womate ŋu aɖo o la ɖoɖo na ameɖokui ate ŋu ahe seselelãme manyomanyo, abe vɔvɔ̃ be yeava do kpo nu ene vɛ. Dzilawo alo ame bubuwo te ŋu ɖoa taɖodzinu kɔkɔ le sukudɔ alo kamedefefe me na ɖeviwo si gbɔ ɖoɖo nyea nu sesẽ na wo. Le kpɔɖeŋu me, Ricardo dada tsɔ taɖodzinu kɔkɔwo ɖo eŋkume, edi be wòava zu ɖɔkta, anye saŋkuƒola eye wòase gbe geɖe. Èkpɔe be toɖodzinu kɔkɔwo ɖoɖo alea hea kuxiwo alo dziɖeleameƒo vanɛa?

Nukatae Wòle Be Nàƒo Asa na Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ?

Dɔwɔƒewo dia amesi ƒe dɔwɔwɔ nyo nyuie eye wòɖoa dzidzenu kɔkɔ si tututu dim wole gbɔ la vevie. Eyata eva hiã be hoʋiʋli nanɔ amewo dome ɖe dɔ ŋu. Susu bubu si ta ame geɖe dzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ dɔ sesĩe enye vɔvɔ̃ be dɔ si ŋu yele agbe nɔm ɖo ava ge le ye si. Dɔwɔla aɖewo va zu abe kamedefefewɔla aɖe si tsɔa nu geɖe ŋutɔ saa vɔe be dziɖuɖukuku yeye nagasu ye si la ene. Emegbe ne eva do go amesiwo sesẽ wui la, ase le eɖokui me be yeawɔ dzadzraɖo geɖe wu, ɖewohĩ azã atike sesẽwo kple susu be yeawɔ ŋgɔyiyi eye—anɔ mɔ kpɔm—be yeaɖu dzi. Le esi teƒe be woawɔ nu le mɔ si sɔ nu la, didi be woawɔ nu wòade blibo kplɔ amewo de “vɔvɔ̃ na kpododonu” alo “ʋiʋli be woaxɔ gbã” me.—The Feeling Good Handbook.

Ele eme baa be ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le nutata alo kamedefefe me ɣesiaɣi. Gake le Ðk. Robert S. Eliot ƒe nya nu la, “didi be woawɔ nusianu wòade blibo nye mɔkpɔkpɔ si mevaa eme gbeɖe o.” Egblɔ kpee be: “Woa kple fɔɖiɖi sese, ameɖokuitaʋiʋli, kple vɔvɔ̃ be woaɖu fewu le ame ŋue zɔna.” Eyata aleke nunyala Fia Salomo ƒe nyawo nye nyateƒee nye si be: “Mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wònye ɖe amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.”—Nyagblɔla 4:4.

Nukae nàte ŋu awɔ ne èva kpɔe be yenye blibodededitsoamesila? Nyateƒee wònye be zi alesi nèle agbagba dzem ɖe edzii la, zi nenemae mɔkpɔkpɔ abu ɖe wòea? Ðe nàdi be yeanye amesi media nu geɖe akpa tso amewo si o ahagbɔ dzi ɖia? Nukae wòfia be woade blibo? Ðe màdi be yeawɔ yeƒe ŋutete ŋudɔ bliboe evɔ yeaƒo asa na didi be yeawɔ nusianu wòade blibo oa? Ne amegbetɔ madeblibowo ate ŋu azã ŋutete si Mawu na wo atsɔ ato nuwo vɛ wòaɖe vi na ame bubuwo la, bu nusi ameƒomea ate ŋu awɔ ne blibodede li le Mawu ƒe mɔfiame te ŋu kpɔ ko!

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Dzilawo kple ame bubuwo adi blibodede tso ɖeviwo si si gbɔ womate ŋu aɖo o