“Kristotɔnyenye” ƒe Tɔtrɔ—Ðe Wòdze Mawu Ŋua?
“Kristotɔnyenye” ƒe Tɔtrɔ—Ðe Wòdze Mawu Ŋua?
TSƆE be yede dɔ asi na nutala aɖe be wòawɔ yeƒe nɔnɔmetata. Esi wòwu enu la, dzi dzɔ wò; nutataa ɖi wò pɛpɛpɛ. Èkpɔe le susu me be nutataa anye dada na ye viwo, tɔgbui kple mama yɔviwòwo, kple woƒe tɔgbui kple mama yɔviwo ne wova le ekpɔm.
Gake le dzidzime aɖewo megbe la, wò dzidzimeviwo dometɔ ɖeka se le eɖokui me be alesi wò ta bebe le nutataa me menya kpɔ o, eyata ena wota ɖa ɖe afima. Alesi ŋɔtia le la medzɔ dzi na bubu o, eyata ena wotrɔe. Dzidzimevi siwo kplɔe ɖo hã na wowɔ “tɔtrɔ” bubuwo ale be mlɔeba nutata la megava ɖi wò o. Ne ènya be nusia ava dzɔ la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be àdo dziku ŋutɔ.
Nublanuitɔe la, nutata sia ƒe ŋutinya sɔ kple sɔlemeha siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la tɔ. Ŋutinya ɖee fia be le Kristo ƒe apostolowo ƒe ku megbe teti la, tɔtrɔwo dze alesi wonya “Kristotɔnyenye” la me vava, abe alesi tututu Biblia gblɔe ɖi ene.—Mateo 13:24-30, 37-43; Dɔwɔwɔwo 20:30. *
Le nyateƒe me la, esɔ be woawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le nuto kple dzidzime vovovo me. Gake be woatrɔ Biblia ƒe nufiafiawo bene woasɔ ɖe amewo ƒe nukpɔsusu nu ya nye nya bubu kura. Gake ema tututue dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu tɔtrɔ siwo wowɔ le akpa vevi vovovo aɖewo ŋu kpɔ.
Sɔlemeha la Wɔ Ðeka Kple Dziɖuɖu
Yesu fia nu be yeƒe dziɖulanyenye, alo Fiaɖuƒe, nye esi tso dziƒo si ava tsrɔ̃ amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã le ɣeyiɣi si sɔ me eye wòaɖu anyigba bliboa katã dzi. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Maɖu dzi to amegbetɔ ƒe dunyahedziɖuɖuwo dzi o. Yesu gblɔ be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.” (Yohanes 17:16; 18:36) Eyata togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye sedziwɔlawo hã la, womeƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o.
Gake le Roma Fiagã Konstantino ŋɔli le ƒe alafa enelia me la, amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la dometɔ geɖe megava nɔ dzi gbɔm ɖi na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi o. Ʋɛʋɛʋɛ la, woƒe nɔnɔme ɖe dunyahehe ŋu va trɔ. Agbalẽ si nye Europe—A History, gblɔ be: “Do ŋgɔ na Konstantino ƒe dziɖuɖu la, Kristotɔwo meʋlia ho be woada yewo ɖe [dunyaheheɖoƒe] be yewoato edzi akpɔ yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ o. Le Konstantino megbe la, Kristotɔnyenye kple dunyahehe va wɔ ɖeka.” Kristotɔnyenye sia si ŋu wotrɔ asi le la va zu “xexeame katã” alo “katoliko” subɔsubɔha si dzi woda asi ɖo le Roma Fiaƒuƒea me.
Numekugbalẽ aɖe si nye Great Ages of Man Mateo 23:9, 10; 28:19, 20) Ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells ŋlɔ nu tso “vovototo ɖedzesi si nɔ” ƒe alafa enelia me Kristotɔnyenye “kple Yesu Nazaretetɔ la ƒe nufiafiawo dome” ŋu. “Vovototo ɖedzesi” siawo na gɔmedzenufiafia siwo ku ɖe Mawu kple Kristo ŋu gɔ̃ hã trɔ.
gblɔ be le Sɔlemeha kple Dziɖuɖu ƒe ɖekawɔwɔ sia ta “kaka ƒe 385 M. Ŋ. naɖo, si nye ƒe 80 ko le Kristotɔwo yometiti sesẽa megbe la, Sɔlemeha la ŋutɔ dze aglãdzelawo wuwu gɔme, eye ŋusẽ si eƒe osɔfowo va kpɔ la de sɔsɔ ge kple fiagãwo tɔ kloe.” Aleae wòdzɔ enye si be wova te lãnu zazã tsɔ wu be woaɖe nu me na ame wòatrɔ dzime, eye osɔfo nɔƒegãdila siwo da ŋkɔwo ɖe wo ɖokuiwo dzi la va xɔ ɖe gbeƒãɖela fatu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la teƒe. (Mawu Ðɔɖɔ Bubui
Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo fia nu be “Mawu ɖeka, si nye Fofo,” amesi ƒe ŋkɔ, Yehowa, na wòto vovo tso mawu bubuwo gbɔ, eye eƒe ŋkɔ dze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ siwo woŋlɔ kple asi me la koe li. (Korintotɔwo I, 8:6; Psalmo 83:19) Katolikotɔwo ƒe Douay Version Biblia gblɔ le Kolosetɔwo 1:15 be Mawue wɔ Yesu; eyae nye “nuwɔwɔ ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbevi.” Eyata esi Yesu nye nuwɔwɔ ta la, egblɔ anukwaretɔe be: ‘Fofo la lolo wum.’—Yohanes 14:28.
Gake va ɖo ƒe alafa etɔ̃lia me la, subɔsubɔhakplɔla bubume siwo xɔ Hela xexemenunyala trɔ̃subɔla Plato ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia dzi se vevie la va te Mawu ɖɔɖɔ be wòasɔ ɖe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafiaa nu. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, nufiafia sia do Yesu ɖe dzi wòsɔ ta kple Yehowa eye wòwɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, la wòzu ame, nusiwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o.
New Catholic Encyclopedia gblɔ le alesi sɔlemeha la xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la wɔ etɔe ŋu be: “Do ŋgɔ na ƒe alafa 4 lia ƒe nuwuwu la, nufiafia si nye ‘Mawu ɖeka le Ame etɔ̃ me’ la meli ke tututu o, le nyateƒe me la, womexɔe de Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple dzixɔsewo me keŋkeŋ o. Gake nufiafia siae nye gbãtɔ si tututu wotsɔ ŋkɔ na be Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo ƒe xɔsemeʋuʋu. Le Apostoloawo ŋɔli la, tamesusu alo nukpɔsusu ma tɔgbe aɖeke menɔ anyi si de sɔsɔ ge kplii gɔ̃ hã o.”
The Encyclopedia Americana gblɔ nya sia tɔgbe ke be: “Ƒe alafa enelia me Mawuɖekaetɔ̃nufiafia mefia nusi Kristotɔ gbãtɔwo fia tso Mawu ƒe nɔnɔme ŋu tututu o; ke boŋ enye nusi tra tso nufiafia sia gbɔ kura.” The Oxford Companion to the Bible gblɔ le Mawuɖekaetɔ̃nufiafiaa ŋu be enye “xɔsemeʋuʋu siwo woto vɛ emegbe” dometɔ ɖeka. Ke hã menye Mawuɖekaetɔ̃ la koe nye trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia si woxɔ de sɔlemeha la ƒe nufiafiawo me o.
Asitɔtrɔ Le Luʋɔa Ŋu
Egbea ame akpa gãtɔ xɔe se be luʋɔ makumaku si dona le ŋutilã me ne eku la le amegbetɔwo si. Gake ènya be sɔlemeha ƒe nufiafia sia hã nye esi wotsɔ va kpee emegbea? Yesu ɖo kpe Biblia me nyateƒe si nye be ame kukuwo “menya naneke o,” be wole alɔ̃ dɔm le kpɔɖeŋumɔ nu la dzi. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11-13) Agbe agaɖo wo me to tsitretsitsia me—si nye ‘tsotso ɖe tsitre ake’ tso ku ƒe alɔ̃ me. (Yohanes 5:28, 29) Ne luʋɔ makumaku aɖe li la, ke tsitretsitsi mahiã o le esi makumakunyenye fia be ame meku o ta.
Yesu wɔ tsitretsitsi nufiafia si le Biblia me ƒe kpɔɖeŋu gɔ̃ hã esi wòfɔ amewo ɖe tsitre tso ku me. De ŋugble le Lazaro, amesi ku ŋkeke ene sɔŋ, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la, edo go tso kpetoa me wònye ame gbagbe si le gbɔgbɔm. Esi Lazaro nyɔ tso ku me la, luʋɔ makumaku aɖeke metrɔ tso dziƒonutowo me va ge ɖe eƒe ŋutilã me o. Nenye nenemae nyaa nɔ la, tsitre si Yesu na wòtsi tso ku me la manye nyui aɖeke wɔwɔ nɛ o!—Yohanes 11:39, 43, 44.
Ekema afikae luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la dzɔ tso? The Westminster Dictionary of Christian Theology gblɔ be nufiafia la “do ƒome kple Hela xexemenunya wu nusiwo woɖe fia woŋlɔ ɖe Biblia me.” The Jewish Encyclopedia ɖe eme be: “Dzixɔse si li be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ŋutilãa ƒe ku megbe la nye xexemenunya alo
mawuŋununya me nususugblɔ ke menye xɔsenya vavã o, eyatae womegblɔ eŋu nya aɖeke hã le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o.”Zi geɖe la, alakpadada ɖeka na wogadaa bubu, eye aleae wòle le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la gome. Eʋu mɔ na nukpɔsusu si le trɔ̃subɔlawo si be wowɔa funyafunya ame tegbee le hell ƒe dzomavɔ me. * Gake Biblia ya gblɔe eme kɔ ƒã be “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku”—menye funyafunyawɔwɔ ame tegbee o. (Romatɔwo 6:23) Eyata esi King James Version nɔ nu ƒom tso tsitretsitsia ŋu la, egblɔ be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.” Nenema ke Douay Biblia hã gblɔ be “atsiaƒu . . . kple ku kple hell ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go.” Ẽ, ne míagblɔe kpuie la, amesiwo le hell la ku, ‘wodɔ alɔ̃’ abe alesi Yesu gblɔe ene.—Nyaɖeɖefia 20:13.
Èka ɖe edzi vavã be funyafunyawɔwɔ amewo le hell tegbee ƒe nufiafia ma ahe amewo ɖe Mawu ŋua? Kura o. Le amesiwo lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ eye lɔlɔ̃ le wo si ƒe susu nu la, enye tamesusu si nyaa ame ɖa. Gake Biblia ya fia nu be ‘Mawu nye lɔlɔ̃’ eye be ŋutasesẽ le lãwo gɔ̃ hã ŋu medzɔa dzi nɛ o.—Yohanes I, 4:8; Lododowo 12:10; Yeremya 7:31; Yona 4:11.
“Nutata” la Tɔtrɔ le Egbeŋkekewo Me
Mawu kple Kristotɔnyenye tɔtrɔ bubui gakpɔtɔ le edzi yim egbea. Mawusubɔsubɔfialagã aɖe ɖɔ nyaʋiʋli si le edzi yim le Protestant-ha si me wòle me be enye nyaʋiʋli le “Ŋɔŋlɔawo kple subɔsubɔdzixɔsewo ƒe ŋusẽ kpakple amegbetɔ ƒe nukpɔsusu tramawo ƒe ŋusẽ ŋu, enye nyaʋiʋli le sɔlemeha la ƒe bubudede Kristo ƒe aƒetɔnyenye ŋu kple asidada ɖe tɔtrɔ siwo wova wɔ le Kristotɔnyenye me be wòasɔ ɖe egbe nɔnɔmewo nu dzi ŋuti. Nya si fɔ ɖe tee nye be: Amekae wòle be wòaɖo nusi sɔlemehaa awɔ . . . Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo loo alo nukpɔsusu si le tsia dzi yea?”
Nublanuitɔe la, “nukpɔsusu si le tsia dzi” ɖua dzi zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, menye nya ɣaɣla o be sɔlemeha geɖe trɔ woƒe nukpɔsusu le nya vovovowo ŋu be yewoadze abe ɖe yewole ŋgɔ yim eye be yewomeléa nya ɖeka me kpaɖi o ene. Vevietɔ le agbenyuinɔnɔ nyawo me la, sɔlemeha la ɖe mɔ le nu ŋu ale gbegbe, abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene. Ke hã Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe gbɔdɔdɔ nye nuvɔ̃ gãwo le Mawu ŋkume eye be amesiwo le nuvɔ̃ siawo tɔgbe wɔm la ‘manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Mateo 5:27-32; Romatɔwo 1:26, 27.
Esime apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo dze le etame la, vɔ̃ɖinyenye ƒomevi vovovowo bɔ ɖe Hela kple Roma ƒe xexe si me wònɔ me. Paulo ate ŋu abu be: ‘Ẽ, Mawu tsrɔ̃ Sodom kple Gomora le gbɔdɔdɔ ƒe nuvɔ̃ gãwo ta, gake ema dzɔ ƒe 2,000 enye si va yi! Mawɔ nenema le ɣeyiɣi sia si me amewo ƒe ŋkume kɔ me kura o.’ Gake metsɔ nuwo tsɛ o; egbe be yematɔ tsi Biblia me nyateƒea o.—Galatiatɔwo 5:19-23.
Trɔ Ðe “Nutata” Gbãtɔa Ŋu
Esi Yesu nɔ nu ƒom na Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la, egblɔ be woƒe subɔsubɔ ‘nye dzodzro le esi wole nufiafia siwo nye amewo ƒe sededewo fiam’ ta. (Mateo 15:9) Nusi Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔwo wɔ Kristo ƒe nufiafia eye wogakpɔtɔ le wɔwɔm tututue subɔsubɔhakplɔla mawo wɔ Yehowa ƒe Se si wòde to Mose dzi—wotsɔ kɔnyinyiwo wɔ “aŋɔ” hlẽ ɖe Mawu ƒe nyateƒea dzi. Gake Yesu ya ɖe alakpanufiafiawo katã ɖa be wòaɖe vi na dzianukwaretɔwo. (Marko 7:7-13) Yesu gblɔ nyateƒea, woɖaxɔe alo womeɖaxɔe o. Mawu ƒe Nya la mee wòɖea eƒe nyawo tsonɛ ɣeawokatãɣi.—Yohanes 17:17.
Aleke Yesu to vovo tso ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la gbɔe nye si! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe ɖi be: “Le alesi tome [afiẽ amewoe] nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye Timoteo II, 4:3, 4) ‘Gli’ siawo siwo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋuti míeƒo nu tsoe la gblẽa nu le gbɔgbɔ me, gake nyateƒe si le Mawu ƒe Nya me ya tua ame ɖo, eye wòkplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Esiae nye nyateƒe si ƒe dzi dem ƒo Yehowa Ðasefowo le na wò be nàdzro eme.—Yohanes 4:24; 8:32; 17:3.
woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.” ([Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 4 Abe alesi Yesu ɖee fia le lu kple gbe wuwluiwo ƒe lododoa kpakple le mɔ gbadza kple mɔ xaxɛ ƒe kpɔɖeŋu siwo wòwɔ me ene la (Mateo 7:13, 14), ame ʋɛ aɖewo akpɔtɔ alé Kristotɔnyenye vavã me ɖe asi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Gake ame akpa gãtɔ siwo le abe gbewo ene eye woado wo ɖokuiwo kple woƒe nufiafiawo ɖe dzi be eyae ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ fia la avu atsyɔ wo dzi. Nɔnɔme sia ŋue míaƒe nyatia le nu ƒom tsoe.
^ mm. 19 “Hell” nye Hebrigbe me nya Sheol kple Helagbe me nya Hades ƒe gɔmeɖeɖe, eye wo gɔme koe nye “yɔdo.” Eyata esi Eŋlisi gbegɔmeɖela siwo ɖe King James Version gɔme ɖe Sheol gɔme zi 31 be “hell” la, wogaɖe egɔme zi 31 be “yɔdo” eye zi 3 be “do,” eye woto esia dzi ɖee fia be nu ɖeka ma ke ko fiamee nyagbe siawo le.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
Afisi Ŋkɔ Kristotɔ Dzɔ Tso
Le ƒe ewo ya teti me le Yesu ƒe ku megbe la, wonya eyomedzelawo be wole subɔsubɔha si woyɔna be “Mɔ La” me. (Dɔwɔwɔwo 9:2; 19:9, 23; 22:4) Nukatae? Elabena wotu woƒe agbenɔnɔ ɖe Yesu Kristo, amesi nye “mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la” dzixɔxɔse dzi. (Yohanes 14:6) Emegbe le ƒe 44 M.Ŋ. megbe la, wova yɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ‘le Mawu ƒe mɔfiafia te be Kristotɔwo’ le Siriatɔwo ƒe Antioxia. (Dɔwɔwɔwo 11:26) Eteƒe medidi hafi ŋkɔ sia va nɔ amesiame nu o eye dumegãwo gɔ̃ hã yɔnɛ. (Dɔwɔwɔwo 26:28) Ŋkɔ yeyea metrɔ naneke le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ si kpɔtɔ nye Kristo ƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃ ŋu o.—Petro I, 2:21.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa Ðasefowo toa woƒe gaglãgbe subɔsubɔdɔa dzi hea amewo ƒe susu yia Mawu ƒe Nya, Biblia, dzii
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]
Etɔ̃lia tso miame: United Nations/Photo by Saw Lwin