GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA

Eku le Gɔmeɖose aɖe Ta

Eʋegbe
Eku le Gɔmeɖose aɖe Ta
/assets/ct/a5f5be13b3/images/syn_placeholder_sqr.png
w00 5/1 axa 32
Eku le Gɔmeɖose aɖe Ta

Eku le Gɔmeɖose aɖe Ta

“MÍEÐOA ŋku August Dickmann (wodzii le ƒe 1910 me), si nye Yehowa Ðasefo la dzi.” Aleae wodze kpedzinuŋɔŋlɔ aɖe (eƒe nɔnɔmetatae le afisia) si dzi woɖe nu le nyitsɔ laa le fuwɔamegakpɔ si nɔ Sachsenhausen tsã gɔmee. Nukatae wòsɔ be woame kpe sia na Yehowa Ðasefo? Nuŋɔŋlɔa ƒe akpa mamlɛa gblɔ nusitae be: “SS-sraƒowo da tui le gaglãgbe le September 15, 1939 dzi, le esi [eƒe] dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòatsɔ aʋawɔnu o ta.”

Wode August Dickmann Sachsenhausen fuwɔamegaxɔ me le ƒe 1937 me. Esi Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖe gbe nɛ be wòade asi agbalẽ te azu asrafo. Esi wògbe la, asaɖaa ƒe asrafomegã va kpɔ Heinrich Himmler, amesi nye SS-sraƒowo (Schutzstaffel, Hitler ƒe dzɔla ŋkuta) ƒe tatɔ, hebia mɔ be yeawu Dickmann le amesiwo katã wolé de asaɖaa me la ŋkume. Le September 17, 1939 dzi la, The New York Times ka nya ta tso Germany be: ‘Tudamelawo da tu August Dickmann, si xɔ ƒe 29 la, le afisia.’ Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be eyae nye Germantɔ gbãtɔ si ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòayi aʋa ma o.

Le ƒe blaade megbe, si nye September 18, 1999 dzi la, Brandenburg Ŋkuɖodzinuwo Gbɔkpɔha ɖu Dickmann ƒe kuzã, eye fifia ŋkuɖodzikpea ɖoa ŋku dzideƒo kple xɔse sẽŋu si nɔ esi la dzi na amedzrowo. Kpedzinuŋɔŋlɔ evelia si le gli si le asaɖa xoxoa godo la ɖoa ŋku edzi na amedzroawo be Dickmann nye Yehowa Ðasefo siwo ade 900 siwo kpe fu le Sachsenhausen le woƒe dzixɔsewo ta la dometɔ ɖeka ko. Wo dometɔ bubu geɖe kpe fu le asaɖa bubuwo me. Ē, le fuwɔamegaxɔwo ƒe nɔnɔme dziŋɔwo me gɔ̃ hã la, ame geɖe lé Mawu ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe.

Le Yehowa Ðasefowo gome la, enye Kristotɔ ƒe agbanɔamedzi be “[wòabɔbɔ] eɖokui na [dziɖuɖumegã], siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) Gake ne dziɖuɖuwo di be yewoazi wo dzi woada le Mawu ƒe sewo dzi la, wodzea Kristo ƒe apostolowo ƒe kpɔɖeŋu yome, amesiwo gblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29, NW) Eyata le xexe sia si me towo dome fuléle kple gbevovodolawo dome fulélewo he ŋutasesẽnuwɔna dziŋɔwo vɛ me la, Yehowa Ðasefo siwo le afisiafi ya dia ŋutifafa abe August Dickmann ke ene. Wowɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—Romatɔwo 12:21.