Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo Ðeɖe le Aegea-ƒua Me

Amewo Ðeɖe le Aegea-ƒua Me

 Amewo Ðeɖe le Aegea-ƒua Me

AEGEA-ƑUA xɔ Mediterranea ƒe ɣedzeƒekpa dzi ƒe akpa gã aɖe eye Greece-nyigba ŋutɔŋutɔ le eƒe dziehe kple ɣetoɖoƒe kpawo dzi, Crete-ƒukpoa le eƒe anyiehe kpa dzi, eye Turkey le eƒe ɣedzeƒekpa dzi. Aegea-ƒua ƒe nutomee ŋkuʋuʋu me nuwɔna gã gbãtɔ aɖewo dze egɔme tsoe, eye ƒukpowo kple ƒukpo suewo kaka ɖe ƒua me tatata. Alesi ƒukpoawo kɔ kpo dze ʋee eye xɔ sue siwo wosi aŋɔ ɣiwo na le wo dzi eye wodaa dzo ne ɣea klẽ ɖe wo dzi la ʋã hakpanyaŋlɔla aɖe be wòtsɔ wo sɔ kple “kpesɔ siwo to kɔdza fũ.”

Eyata mewɔ nuku o be ƒukpo siawo zu teƒe siwo modzakatsaɖilawo dena wu le xexeame katã la dometɔ ɖeka! Nɔnɔme nyui si le ŋutsu kple nyɔnu siwo le afima eye wowɔa dɔ le afima si la hã de teƒea ƒe anidzedze dzi. Alesi amesiawo wɔa nu ɖe eteƒe eteƒe eye wowɔa amedzro, eye womeɖoa ŋu ɖe ame aɖeke ŋu o la wɔe be alesi nutoa me le etɔxɛe la wu gbɔgblɔ.

Dɔ si ƒukpoa dzi nɔla geɖe wɔnae nye lãɖeɖe le Aegea-ƒua me. Gake ‘lãɖeɖedɔ’ vevi bubu le ku gbogbo aɖewo tsem le nutoa me. “Ameɖelawo,” siwo nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuigblɔlawo tsana le Aegea-ƒukpowo dzi nɔa Kristotɔ nusrɔ̃lawo wɔm.—Mateo 4:18, 19; Luka 5:10.

Anɔ abe ƒe alafa 19 siwo va yi ene la, Kristotɔ nyanyuigblɔlawo de Aegea-ƒukpoawo dzi. Esime apostolo Paulo trɔ tso eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia me le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, etɔ vie ɖe ƒukpo siwo nye Lesbos, Xio, Samo, Kos, kple Rodo dzi. Esi Paulo nye gbeƒãɖela dovevienu ta la, anya ɖe gbeƒã na ƒukpoa dzi nɔlawo dometɔ aɖewo. (Dɔwɔwɔwo 20:14, 15, 24; 21:1, 2) Le ƒe eve siwo wònɔ gaxɔme le Roma megbe la, anya de Creta va wɔ Kristotɔwo ƒe dɔ le afima. Esi ƒe alafa gbãtɔa yina nuwuwu la, wokplɔ apostolo Yohanes yi ɖe Patmo-ƒukpo dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Aleke nuwo le edzi yim na egbeŋkekea me nyanyuigbeƒãɖelawoe?

Gbeƒãɖeɖedɔ Tsekuwo

Gbeƒãɖeɖe le ƒukpo siawo dzi nye dɔ sesẽ eye wòbia nu geɖe. Ebia agbagbadzedze vevie kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Ƒukpo aɖewo dome didi ŋutɔ. Ƒãa hafi tɔdziʋuwo alo yameʋuwo dzena ɖe wo dometɔ aɖewo dzi eye womedea bubuwo dzi kura o, vevietɔ le vuvɔŋɔli. Ƒua te ŋu dzea agbo, vevietɔ ne meltemia—si nye dziehe ya sesẽwo—le ƒoƒom. Gakpe ɖe eŋu la, kɔƒe siwo le ƒukpoawo dzi dometɔ geɖe sa ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ eye wo me yiyi sesẽ elabena woƒe mɔ siwo womedo o eye ʋuʋu sɔ gbɔ ɖe wo dzi la dzi menya tona kura o. Tɔdziʋu suewo koe ate ŋu ayi ɖe kɔƒe aɖewo me.

Le kpɔɖeŋu me, bu Icaria-ƒukpoa ŋu kpɔ. Fiaɖuƒea ƒe nyanyuigbeƒãɖela 11 siwo le hame sue si le afima me mete ŋu kpea kɔƒe siwo katã le ƒukpo ma kple ƒukpo sue siwo te ɖe eŋu ɖo o. Eyata nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tso Samos va kpena ɖe wo ŋu be woaɖe gbeƒã na Icariatɔwo, kpakple amesiwo le Phournoi, Patmos, kple Lipsos ƒukpowo dzi. Esi wowɔ ŋkeke eve ƒe gbeƒãɖeɖedɔ sia tɔgbe nyitsɔ laa la, Ðasefoawo te ŋu  na magazine 650, agbalẽ gbadza 99, kple agbalẽ siwo ƒo nu tso Biblia me nyawo ŋu 25! Ewɔ nuku na wo be yewoke ɖe amesiwo menya naneke tso Yehowa ŋu o la ŋuti, amesiwo ɖe kuku na wo be woatsi anyi afia nu geɖe yewo tso Biblia me. Nyɔnu aɖe gblɔ na Ðasefoawo dometɔ ɖeka be: “Fifia, èle dzodzom. Gake biabia geɖe gale asinye ku ɖe Biblia ŋu. Amekae le kpekpe ge ɖe ŋunye?” Nɔvinyɔnu Kristotɔa do ŋugbe nɛ be yeaƒo ka nɛ atsɔ atu ɖetsɔlemea ɖo, eye edze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii le mɔ ma nu.

Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe yi ɖasrã Icaria kpɔ la, ewɔ ɖoɖo be yeakpe ƒukpo bliboa ɖo le kwasiɖanuwuwu ɖeka ko me. Ebia be Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ade 30 natso Samos ava na kpekpeɖeŋu. Ele na nɔvi siwo ava be woa ŋutɔwo naxe amedzrodzeƒe si woadɔ hena ŋkeke eve kple ʋu siwo woada la ƒe fe. Tsi gã aɖe dza ŋkeke eve sɔŋ, eye alesi wogblɔ be yame ƒe nɔnɔme anɔ le kwasiɖanuwuwua ɖe dzi le ame ƒo. Gake nɔviawo mena esia xe mɔ na wo o, eye woɖo ŋku Nyagblɔla 11:4 me nyawo dzi be: “Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.” Mlɔeba yame ƒe nɔnɔmea ka ɖe eme vie, eye esi nɔviawo tsɔ woƒe gbedasi vevia kpe ƒukpo bliboa ɖo vɔ la, wotrɔ yi aƒe kple dzidzɔ eye woƒe dzi dze eme.

Gbeƒãɖela 16 siwo le Andros-ƒukpoa dzi dzea agbagba vevie be yewoakpe ƒukpo bliboa ɖo. Esi nɔviŋutsu eve ɖo saɖagakɔƒe aɖe me la, woɖoe be yewoaɖe gbeƒã na amesiwo katã le eme. Woƒo nu na amewo le woƒe aƒewo me, le ablɔwo dzi, kple le agblewo dzi. Woyi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe kura gɔ̃ hã eye wogblẽ agbalẽwo ɖe afima. Esi woka ɖe edzi be yewoke ɖe kɔƒea me tɔwo katã ŋu ta la, wodi be yewoadzo. Esi wonɔ dodom le takpeƒe gãtɔ si le afima la, wokpɔ Hela Orthodɔkstɔwo ƒe nunɔla aɖe gbɔna. Esi wode dzesii be yewomeɖe gbeƒã nɛ o la, wotsɔ agbalẽvi aɖe nɛ si wòxɔ kple dzidzɔ. Azɔ woka ɖe edzi bliboe be yewomegblẽ ame aɖeke ɖi le yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me o!

Wobua Gavdos (alo Cauda)—si nye ƒukpo sue aɖe le Crete gɔme si dzi ame 38 pɛ ko le—be enye Europa ƒe anyiehekpa dzi ƒe yɔyrɔe nu. (Dɔwɔwɔwo 27:16) Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple srɔ̃a, kpakple srɔ̃tɔ aɖe tsɔ ŋkeke etɔ̃ ɖe gbeƒã le afima. Be woaɖe gazazã dzi akpɔtɔ ta la, womlɔ avɔgbadɔ me. Wotsɔ nyanyuia yi na edzi nɔlawo katã, eye edzɔ dzi na nɔviawo be amesiwo le afima la mebua nazã ɖe ame ŋu o. Womese naneke kurã—eɖanye nya nyui alo vɔ̃ o—tso Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ o. Afimanɔlawo, kpakple nunɔla si le afima hã, xɔ agbalẽ 19 kple agbalẽ gbadza 13. Esi Ðasefoawo ɖo tɔdziʋu sue aɖe trɔ yina Crete la, atsiaƒua dze agbo eye woƒe agbe ɖo afɔku me. Wogblɔ be: “Míeda akpe na Yehowa be míetsi agbe ɖo aƒeme, gake míekafui hã be ena míedo eƒe ŋkɔ ɖe dzi le Europa ƒe anyiehekpa dzi ƒe yɔyrɔea nu ke.”

Patmos nye ƒukpo si dzi apostolo Yohanes ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ si nye Nyaɖeɖefia le. Do ŋgɔ na nyitsɔ laa la, Yehowa ƒe Ðasefo aɖeke menɔ Patmos o. Nɔvi siwo tso Samos wɔ ɖoɖo nyui aɖe be yewoawɔ haho gbeƒãɖeɖe le ƒukpo ma dzi. Wonya be woate ŋu atsi tre ɖe yewo ŋu vevie elabena ƒukpo ma dzie Hela Orthodɔks-ha la xɔ anyinɔ ɖo wu. Nyɔnu aɖe xɔ nɔvinyɔnu eve siwo tsɔ nyanyuia yi nɛ la ɖe eƒe aƒeme. Nyɔnua srɔ̃ biana edziedzi be amekae dɔ nɔvinyɔnuawo ɖe yewoƒe aƒea me hã. Esi woɖe nu me be aƒewo katã me ko yim yewole la, egabia be: “Mieka ɖe  edzi be menye aƒelika aɖekee dɔ mi ɖe afisia oa?” Emegbe srɔ̃anyɔnu, amesi va nya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu esime wònɔ Zaire la, ɖe nusi dzɔ ŋdi ma me na nɔvinyɔnuawo. Egblɔ be: “Menɔ gbe dom ɖa na Yehowa, abe alesi mewɔnɛ le ŋkeke bubuwo dzi ene, be wòadɔ Ðasefo aɖewo ɖe ƒukpoa dzi. Srɔ̃nye nɔa koyem. Esi mekpɔ mi le ʋɔtrua nu la, ewɔ nuku nam eye nenema kee wòwɔ nuku na srɔ̃nye hã. Susu ma tae wònɔ mia biam be amekae dɔ mi ɖe míaƒe aƒea me hã.” Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnua enumake. Wotsɔ ɣleti ewo srɔ̃ nu to telefon dzi, togbɔ be esia na nɔvinyɔnua kple nyɔnu ɖetsɔlemetɔa zã ga geɖe hã. Exɔ nyɔnyrɔ eye eya ɖeka koe nye Ðasefo le ƒukpo ma dzi, afisi wokplɔ apostolo Yohanes ɖeka yii ƒe 1,900 enye sia.

“Lãɖeɖe” le Melidzeƒewo

Meliwo dzena ɖe Aegea-ƒukpowo ƒe melidzeƒe gbogboawo le dzomeŋɔli ɖesiaɖe tsɔa mɔkekeɖula geɖe vanɛ. Eyata mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe sua Yehowa Ðasefowo si be woaɖo dukɔ kple gbegbɔgblɔ geɖe me tɔwo gbɔ. Agbalẽwo nɔa hameawo si ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me eye gbeƒãɖelawo naa magazine akpe geɖe modzakaɖetsaɖilawo. Meli aɖewo dzena ɖe melidzeƒe ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe, si naa mɔnukpɔkpɔ nyui sua nɔviawo si be wowɔa tɔtrɔyiwo hewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple melia me dɔwɔlawo dometɔ aɖewo.

Le ƒe 1996 ƒe dzomeŋɔli la, nɔvinyɔnu aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela le Rhodes ɖi ɖase na ɖekakpui Jamaicatɔ aɖe si wɔa dɔ le meli aɖe si dzena ɖe afima ƒe melidzeƒe Fiɖa ɖesiaɖe. Le Fiɖa si kplɔe ɖo la, ekpe ŋutsua be wòava nutome gã takpekpe aɖe si woawɔ le ƒukpoa dzi. Nɔvinyɔnu mɔɖela la tsɔ Eŋlisigbe me Biblia ɖe asi tsɔ kpe ɖe ŋutsua ŋu wòse Biblia me nyateƒe siwo ŋuti woƒo nu tsoe le wɔnaa me la dometɔ aɖewo gɔme. Lɔlɔ̃ kple vividodoɖeameŋu si Ðasefoawo ɖe fia le takpekpea me wɔ dɔ ɖe ɖekakpuia dzi ale gbegbe. Fiɖa si kplɔe ɖo la, emiã asi mɔɖela eve yi melia me. Mɔɖelaawo tsɔ Eŋlisigbe kple Spaingbe me gbalẽwo ɖe asi yii. Kaka gaƒoƒo ɖeka nava yi la, agbalẽwo vɔ le woƒe gbedzidekploawo me! Ðekakpui Jamaicatɔ sia srɔ̃ Biblia Fiɖa ɖesiaɖe vaseɖe dzomeŋɔlia ƒe nuwuwu. Egatrɔ gbɔ le dzomeŋɔli si kplɔe ɖo henɔ klalo be yeayi yeƒe nusɔsrɔ̃a dzi. Gake  fifia ya, etso nya me be yeadi dɔ bubu bene yeate ŋu awɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi. Emegbe egadzo ake. Aleke gbegbe dzi dzɔ nɔvi siwo le Rhodes enye si esi wose be ɖekakpuia xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1998 ƒe gɔmedzedze!

“Lã” Siwo Tsana la Léle

Aegea-ƒua xɔ ŋkɔ le tɔmelã gbogbo siwo tsoa teƒewo vaa eme, abe ʋetsim kple dayi ene, siwo lãɖela bibiwo ɖena kple ɖɔ. Nenema ke Fiaɖuƒe nyanyuigblɔlawo kena ɖe dzinyuitɔ geɖe ŋu le dɔwɔla siwo ʋu tso Ɣedzeƒe Europa dukɔ geɖe me va Greece la dome.

Rezi xɔ ƒe ewo esime wòxlẽ nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu zi gbãtɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Ɣemaɣi la, enɔ Albania. Ƒe etɔ̃ megbe la, eʋu kple eƒe ƒomea yi Rhodes-ƒukpoa dzi. Rezi do gbe ɖa na Yehowa gbeɖeka be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ eƒe amewo le yeƒe dzeƒe yeyea. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, dzi dzɔ Rezi ale gbegbe esi fofoa tsɔ magazine nyanyɛ mawo, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!, va aƒemee. Rezi va ke ɖe nɔvinyɔnu si tsɔ magazineawo na fofoa ŋu, eye eteƒe medidi o edze agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la sɔsrɔ̃ gɔme. Ɣeaɖewoɣi la, ebiana be woasrɔ̃ nua kpli ye zi etɔ̃ le ŋkeke ɖeka ma ke me! Le ɣleti eve megbe la, ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, eye le March 1998 me la, exɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 14. Gbemagbe ke la, edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye le ɣleti ade megbe la, eƒo eɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

Nɔviŋutsu aɖe si nɔ Kos-ƒukpo dzi la nɔ nu srɔ̃m kple Russiatɔ aɖewo. Esi wòbia wo be xɔlɔ̃ aɖewo le wo si siwo adi be yewoasrɔ̃ Biblia hã la, wokplɔe yi srɔ̃tɔ Armeniatɔ aɖewo—Leonidas kple srɔ̃anyɔnu, Ophelia—siwo le kɔƒe aɖe si gbɔ didi kilometa 30 me la gbɔ. Nukunu aɖe nɔ nɔviŋutsua ŋgɔ. Srɔ̃tɔ Armeniatɔawo he akplo aɖe si yɔ fũ kple Armenia kpakple Russia gbe me Biblia srɔ̃gbalẽ siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la ɖe go! Woɖe nu me be yewosrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo hewɔ ŋgɔyiyi va ɖo afisi yewoate ŋu azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo hafi. Le dunyahehe me zitɔtɔ kple ganyawo ƒe sesẽ ta la, eva hiã be yewoadzo le yewo denyigba dzi. Esi woɖo Kos teti ko la, wote nusɔsrɔ̃ kple Leonidas dada kple nɔvianyɔnu siwo le afima xoxo. Enumake la, Biblia-nusrɔ̃vi yeye etɔ̃—Ophelia, Leonidas, kpakple dadaa kple nɔvianyɔnu—su Ðasefoa si wòasrɔ̃ nu kpli wo. Esia bia be wòado dzokeke kilometa 30 yiyi kple gbɔgbɔ zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Leonidas kple srɔ̃a xɔ nyɔnyrɔ le ɣleti aɖewo megbe. Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si wònye na nɔvi siwo le afima le woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ta!

Yehowae Nana Nuwo Tsina

Edze ƒã be Yehowa le yayram ɖe agbagba siwo dzem Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienu siwo wu 2,000, siwo le Aegea-ƒukpo siawo dzi ɖeɖimateameŋutɔe la dzi. Fifia hame 44 kple Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo 25 ye le afima. Esi Yehowa ƒe didie nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” ta la, ƒuƒoƒo siawo dometɔ 17 me tɔwo nye dutagbedolawo. (Timoteo I, 2:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mɔɖela vevi 13 le agbagba dzem ɖe edzi be yewoaɖo ame geɖe wu gbɔ le anyigbamama siwo sa ɖe aga me.

Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, Aegea-ƒua ƒe nutome nye asitsaƒe kple afisi nuwɔnawo le tɔtrɔm le. Le ƒe ʋɛ siawo me la, eva zu modzakaɖeƒe si modzakaɖetsaɖila akpe nanewo dina be yewoayi. Gake vevietɔ wu la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo nye “ameɖelawo” kpɔ dzinyuitɔ geɖe siwo di vevie be yewoakafu Yehowa le ƒukpo siawo dzi. Le ɖekawɔwɔ me la, wowɔ ɖe amekpekpe sia si nye nyagblɔɖi dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu, si nye be: “Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!”—Yesaya 42:12.

[Anyigbatata si le axa 22]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Aegea-ƒu

GREECE

Lésvos

Chios

Samos

Icaria

Phournoi

Patmos

Kos

Rhodes

Crete

TURKEY

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Lésvos-ƒukpo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Patmos-ƒukpo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Crete-ƒukpo