Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Eɖem Fia Ame Bubuwo Be Yedzea?

Ðe Nèle Eɖem Fia Ame Bubuwo Be Yedzea?

Ðe Nèle Eɖem Fia Ame Bubuwo Be Yedzea?

‘Nyemetsɔ ɖeke le nusi amewo agblɔ me o!’ Le dziku alo dziɖeleameƒo ta la, ɖewohĩ èƒo nu kakaɖedzitɔe alea kpɔ. Gake ne dzikua nu fa la, àva kpɔe be yetsi dzi ɖe nusi dzɔ ŋu. Nukatae? Elabena mía dometɔ akpa gãtɔ tsɔ ɖe le nusi ame bubuwo susuna le mía ŋu me nyateƒe.

LE NYATEƑE me la, ele be míatsɔ ɖe le amewo ƒe seselelãmewo me. Vevietɔe nye be ele be ɖetsɔleme nyuitɔ nanɔ mí Kristotɔwo, amesiwo Yehowa Mawu ɖo subɔlawoe, me ɖe alesi amewo kpɔa míi ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, míenye “nukpɔkpɔ na xexeame.” (Korintotɔwo I, 4:9) Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí le Korintotɔwo II, 6:3, 4 be: “Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o, ke boŋ le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene.”

Gake nukae wòfia be míaɖe mía ɖokui afia ame bubuwo be míedze? Ðe wòfia be míado mía ɖokui ɖe dzi alo míahe amewo ƒe susu ava mía ɖokui alo míaƒe ŋutetewo dzi madzemadzeea? Ao. Ke boŋ ebia be míatsɔ Petro I, 2:12 me nyawo awɔ dɔe be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene . . . le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.” Kristotɔwo to agbenyuinɔnɔ dzi ɖea wo ɖokui fiana be yewodze! Mlɔeba la, esia hea kafukafu vɛ na Mawu, ke menye na míawo o. Ke hã mía ɖokui ɖeɖefia ame bubuwo be míedze ate ŋu aɖe vi na mía ŋutɔwo hã. Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu esia ate ŋu aɖe vi na wò la me.

Be Yeava Nye Srɔ̃tɔ Nyui

Le kpɔɖeŋu me, bu srɔ̃ɖeɖe ŋu kpɔ. Nunanae wònye tso Yehowa Mawu gbɔ, amesi “gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ” la gbɔ. (Efesotɔwo 3:15) Ðewohĩ enye wò didi be yeaɖe srɔ̃ gbaɖegbe. Ne nenemae la, ekema aleke nèɖea ɖokuiwò fianae be yeava nye kpeɖeŋutɔ nyui na ye srɔ̃? Ẽ, nɔnɔme kae wonya na wò esi nènye Kristotɔ ŋutsu alo nyɔnu tre?

Le dukɔ aɖewo me la, ƒometɔwo tsia dzi ɖe nya sia ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, le Ghana la, ne ame aɖewo di be yewoaɖe yewo nɔewo la, enye kɔnu be amesiwo di be yewoaɖe yewo nɔewo naka eta na wo dzilawo. Dzila siawo hã gblɔnɛ na ƒometɔ bubuwo. Ŋutsua ƒometɔwo tea ŋkuléle ɖe nyɔnuvia ƒe agbenɔnɔ ŋu le nutoa me. Ne nyɔnuvia ƒe agbenɔnɔ dze ŋutsuvia dzilawo ŋu la, woana nyɔnuvia dzilawo nanya be yewovi di be yeaɖe wo vinyɔnu. Azɔ nyɔnua ƒometɔwo hã léa ŋku ɖe ŋutsuvia ƒe agbenɔnɔ ŋu hafi lɔ̃na ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi. Eyata Ghanatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be, “Ne èbe yeaɖe srɔ̃ la, de aƒea me kpɔ.”

Ke Ɣetoɖoƒedukɔwo, afisi mɔɖeɖe li be amesiame natia amesi wòdi be yeaɖe ya ɖe? Le afima gɔ̃ hã la, ŋutsu alo nyɔnu Kristotɔ bibi awɔ nu nunyatɔe ne ebia nu tso amesi wòdi be yeaɖe ƒe agbenɔnɔ ŋu le amesiwo nyae nyuie, abe dzilawo alo xɔlɔ̃ tsitsiwo ene gbɔ. Agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona gblɔ be nyɔnu ate ŋu abia be: “‘Nɔnɔme kae wonya na ŋutsu sia? Amekawoe nye exɔlɔ̃wo? Ðe ɖokuidziɖuɖu dzena le eƒe nuwɔnawo mea? Aleke wòwɔa nu ɖe ame tsitsiwo ŋui? Ƒome ka ƒomevi mee wòtso? Aleke wòwɔa nu ɖe wo ŋui? Aleke wòwɔna ɖe ga ŋui? Ðe wòtsɔ aha ɖo dɔea? Ðe nu venɛ kabakaba, eye kura gɔ̃ hã wòsẽa ŋutaa? Hamea me gbanɔamedzi kawoe le edzi, eye aleke wòwɔa woe? Ðe mate ŋu ade bubu deto eŋua?’—Mose III, 19:32; Lododowo 22:29; 31:23; Efesotɔwo 5:3-5, 33; Timoteo I, 5:8; 6:10; Tito 2:6, 7.” *

Nenema ke ŋutsu hã abia nu tso Kristotɔ nyɔnu si ŋu wòle ŋugble dem le be yeaɖe ŋu. Biblia gblɔ be Boas wɔ numekuku sia tɔgbe le Rut, si nye nyɔnu si wòva ɖe emegbe la ŋu. Rut bia be: “Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?” Boas gblɔ be: ‘Wogblɔ nusiwo katã nèwɔ nam.’ (Rut 2:10-12 ) Ẽ, menye ɖeko Boas ŋutɔ kpɔe dze sii be Rut nye nyɔnu nuteƒewɔla, veviedonula, kple dɔsesẽwɔla ko evɔ o, ke ame bubuwo hã kafui nɛ.

Nenema ke ne amewo abu wò be àva nye kpeɖeŋutɔ nyui ne èɖe srɔ̃ la, wò agbenɔnɔ dzie wòanɔ te ɖo. Ekema aleke tututue nèle ɖokuiwò ɖem fia ame bubuwo le go sia mee?

Abe Dɔwɔla Ene

Teƒe bubu si agbenyuinɔnɔ ate ŋu aɖe vi na wò le enye wò dɔwɔƒe. Hoʋiʋli le dɔdidi me nu te ŋu sẽna. Zi geɖe la, wonyaa dɔwɔvi siwo wonya be womebɔbɔa wo ɖokui o, womenɔa game dzi ɣeaɖekeɣi o, eye womeɖia anukware o le dɔme. Dɔwɔƒewo aɖe asi le dɔwɔla bibiwo gɔ̃ hã ŋu le dɔme be yewoƒe gazazã dzi naɖe akpɔtɔ. Ne amesiwo si dɔ mele o le dɔ dim yeyee la, woakpɔe be dɔwɔƒewo biaa gbe amesiwo nye woƒe dɔtɔwo tsã ne yewoanya alesi wowɔ dɔe va yi, woƒe agbenɔnɔ, kple ne wonya dɔ. Kristotɔ geɖe to amebubu, awudodo ɖe ɖoɖo nyui nu, nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu nyuie, kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi kafu wo ɖokuiwo na woƒe dɔtɔwo dzidzedzetɔe.

Nɔnɔme siawo dometɔ ɖekae nye nyateƒetoto—si nye nɔnɔme si ŋu dɔtɔ geɖe léa ŋku ɖo vevie. Abe apostolo Paulo ene la, míedi be “[míato nyateƒe] le nusianu me.” (Hebritɔwo 13:18) Le tomenukuƒe aɖe le Ghana la, woka nya ta be dɔwɔviawo nɔ fi viviviwo fim. Esi wonyã amewo la, dɔdzikpɔla si le afisi wotrɔa asi le tomenuawo ŋu le, si nye Ðasefo ya kpɔtɔ yi eƒe dɔ dzi. Nukatae? Dɔtɔwo de dzesi eƒe anukwareɖiɖi le ƒe siwo va yi me. Wode dzesi eƒe dɔsesẽwɔwɔ kple sedziwɔwɔ hã nyuie. Ẽ, eƒe agbenyuinɔnɔ na be dɔ mege le esi o!

Nu bubu kawo hãe Kristotɔ ate ŋu awɔ woakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu le dɔtɔwo gbɔ? Srɔ̃ alesi nàbi ɖe dɔ ɖesiaɖe si wode asiwò la wɔwɔ me memie. (Lododowo 22:29) Wɔ dɔ veviedodotɔe kple moveviɖoɖo. (Lododowo 10:4; 13:4) Wɔ nu ɖe wò dɔtɔ kple wò dɔdzikpɔla ŋu bubudeameŋutɔe. (Efesotɔwo 6:5) Gamedzinɔnɔ, nyateƒetoto, dɔa wɔwɔ memie, kple dɔsesẽwɔwɔ nye nɔnɔme siwo dɔtɔwo dina vevie, eye nɔnɔme mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ ne dɔ le vevem gɔ̃ hã.

Hamea me Mɔnukpɔkpɔwo

Wohiã ŋutsu tsitsiwo be woaxɔ ŋgɔ le Kristo-hamea me fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nukatae? Yesaya gblɔe ɖi be: “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me.” (Yesaya 54:2) Nyagblɔɖi sia ƒe emevava na be Yehowa ƒe xexeame katã ƒe hamea yi edzi le dzidzim ɖe edzi.

Eyata ne Kristotɔ ŋutsue nènye la, aleke nàte ŋu aɖe ɖokuiwò afiae be yedze asubɔ le ɖoƒe aɖe? De ŋugble le ɖekakpui Timoteo ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Luka ka nya ta be “nɔvi, siwo le Listra kple Ikonio la, ɖi ɖase [nyui] le” Timoteo ŋu. Ẽ, le ɖekakpui sia ƒe agbenyuinɔnɔ ta la, eɖe eɖokui fia le ame bubuwo ŋkume be yedze le du vovovo eve me. Eyata Paulo mia asi Timoteo be wòava kpe ɖe ye ŋu le mɔzɔzɔdɔa me.—Dɔwɔwɔwo 16:1-4.

Aleke ŋutsu ate ŋu ‘aminyã dzikpɔladɔ’ egbea le mɔ nyuitɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔ nui? Le nyateƒe me la, menye be wòato mɔ aɖe nu anɔ biabiam be woatia ye o, ke boŋ be wòatu gbɔgbɔ me nɔnɔme siwo hiã hena agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ ɖo. (Timoteo I, 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Ate ŋu aɖee afia hã be yele “dɔwɔwɔ nyui dim” to gomekpɔkpɔ bliboe le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Amesiwo ɖea wo ɖokui fiana be yewonye Kristotɔ ŋutsu siwo dze la tsɔa ɖe le eme na woƒe gbɔgbɔ me nɔviwo vevie. Wowɔa apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo dzi, si gblɔ be: “Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãkame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!” (Romatɔwo 12:13) Ŋutsu Kristotɔ ate ŋu ato dɔ siawo wɔwɔ me ‘aɖe eɖokui afia be yenye Mawu ƒe subɔla.’

Le Ɣeyiɣiawo Katã Me

Mía ɖokui ɖeɖefia ame bubuwo be míedze mefia be míanye ameŋkumenuwɔlawo alo ava zu “ameŋudzelawo” o. (Efesotɔwo 6:6) Nusi wòfia koŋ enye mía ɖokui ɖeɖefia mía Wɔla, Yehowa Mawu, be míedze to eƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ŋuɖɔɖotɔe me. Ne ètu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo eye nèna mia kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me sẽ ɖe edzi la, amewo ade dzesi ŋgɔyiyi si nèwɔ le alesi nèwɔa nu ɖe wò ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple hati Kristotɔwo ŋu me. Woade dzesi wò tenɔnɔ kple dadasɔ, wò nuŋububu nyuie, wò ŋutete le agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, kple wò ɖokuibɔbɔ hã. Esia ana be woalɔ̃ wò ahade bubu ŋuwò, eye vevietɔ la, ana Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò elabena èɖi ɖase nyui le ɖokuiwò ŋu le amewo ŋkume!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Dzila geɖe biaa nu tso amesi wo vi ŋutsu alo nyɔnu di be yeaɖe ƒe agbenɔnɔ ŋu nunyatɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nɔviŋutsu toa ame bubuwo ŋu bubu me ɖea eɖokui fiana be yedze woatsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo na ye