Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe “Kristo Ƒe Tamesusu” Le Asiwòa?

Ðe “Kristo Ƒe Tamesusu” Le Asiwòa?

 Ðe “Kristo Ƒe Tamesusu” Le Asiwòa?

“Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa nawɔe be tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ mia si.”​—ROMATƆWO 15:5, NW.

1. Aleke woɖɔ Yesu le Kristodukɔa ƒe nutata geɖe me, eye nukatae Yesu ɖɔɖɔ alea menye anukwareɖiɖi o?

“WOMEKPƆE kpɔ zi ɖeka teti hã be ele nu kom o.” Nenemae woɖɔ Yesu le agbalẽ aɖe si woda alakpa be blema Roma-dumegã aɖee ŋlɔe la me. Alesi agbalẽa nɔ anyi tso keke ƒe alafa 11 lia me ke va ɖo fifia ta la, wogblɔ be ekpɔ ŋusẽ ɖe nutala geɖe dzi. * Wona Yesu dze le nutata geɖe me be enye blanuiléla aɖe si ne ekoa alɔgbɔnui hã la, ke ƒã hafi wòkonɛ. Gake Yesu ɖɔɖɔ nenema menye anukwareɖiɖi kura o, elabena Nyanyuigbalẽawo ɖee fia be enye dzidzɔme dɔmenyotɔ si dzi nu wɔa dɔ ɖo vevie.

2. Aleke míawɔ atu “tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si” ɖo, eye nukae wòadzra mí ɖo be míawɔ?

2 Eme kɔ be hafi míanya Yesu ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ la, ke ele be amesi ƒomevi Yesu nye tututu esime wònɔ anyigba dzi la ŋuti nugɔmesese vavãtɔ nanɔ míaƒe susu kple dzi me. Eyata mina míadzro Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖi aɖewo siwo ana míase “Kristo ƒe tamesusu”—si nye, eƒe seselelãmewo, alesi wòbua nuwoe, eƒe nukpɔsusuwo, kple eƒe numeɖeɖewo gɔme la me. (Korintotɔwo I, 2:16) Le wo me dzodzro me la, mina míade ŋugble le alesi míawɔ atu “tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si” ɖo la ŋu. (Romatɔwo 15:5, NW) Ekema míasu te nyuie be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi na mí le míaƒe agbenɔnɔ kpakple nuwɔwɔ kple amewo me.—Yohanes 13:15.

Wote Ŋu Tena Ðe Eŋu Bɔbɔe

3, 4. (a) Nɔnɔme ka mee nudzɔdzɔ si woŋlɔ ɖe Marko 10:13-16 la dzɔ le? (b) Aleke Yesu wɔ nui esime eƒe nusrɔ̃lawo dze agbagba be yewoaxe mɔ na ɖeviawo be woagava egbɔ o?

3 Amewo dina be yewoate ɖe Yesu ŋu. Ðeviwo kple ame tsitsiwo kpakple ame ƒomevi vovovowo te ɖe eŋu faa le ɣeyiɣi vovovo me. Bu  nudzɔdzɔ si woŋlɔ ɖe Marko 10:13-16 ŋu kpɔ. Nusia dzɔ le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo, esime wòyina Yerusalem zi mamlɛtɔ, be wòato vevesese helĩhelĩ me aku.—Marko 10:32-34.

4 Kpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me. Amewo tsɔ ɖeviwo, kple vidzĩwo, vɛ na Yesu be wòayra wo. * Gake nusrɔ̃lawo nɔ agbagba dzem be yewoaxe mɔ na ɖeviawo be woagava Yesu gbɔ o. Ðewohĩ nusrɔ̃lawo susu be Yesu medi kura be woatsɔ ɖeviwo aɖe fu na ye le kwasiɖa vevi siawo me o. Gake womesusui nyuie o. Esi Yesu kpɔ nusi wɔm nusrɔ̃lawo nɔ la, medze eŋu o. Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔ gblɔ bena: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” (Marko 10:14) Emegbe ewɔ nane si ɖe numalɔ̃leamegbɔ kple lɔlɔ̃ vavã fia. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Elé ɖeviawo ɖe akɔnu eye wòyra wo.’ (Marko 10:16) Edze ƒã be ɖeviawo ɖe dzi ɖi esi Yesu kɔ wo ɖe akɔnu beléletɔe.

5. Nukae nuŋlɔɖi si le Marko 10:13-16 gblɔ na mí le amesi ƒomevi Yesu nye ŋu?

5 Ŋuŋlɔɖi kpui ma gblɔ nu geɖe na mí tso amesi ƒomevi Yesu nye ŋu. De dzesii be wote ŋu tena ɖe eŋu. Togbɔ be enɔ nɔƒe kɔkɔ le dziƒo kpɔ hã la, medoa vɔvɔ̃ na ame madeblibowo alo daa wo ɖe anyi o. (Yohanes 17:5) Ðe meɖe dzesi hã be ɖeviwo kura gɔ̃ hã ɖea dzi ɖi le egbɔ oa? Anye ne womadi kura be yewoate ɖe vivimadoɖeameŋula makpɔdzidzɔ si meɖoa nukomo alo koa nu ŋu o! Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa tena ɖe Yesu ŋu le esi wònye vividoɖeameŋula si tsɔa ɖe le eme na ame ta, eye woka ɖe edzi be manyã yewo o.

6. Aleke hamemegãwo awɔ be amewo nate ŋu ate ɖe wo ŋu?

6 Le nuŋlɔɖi sia ŋu bubu me la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe Kristo ƒe tamesusu le asinyea? Ðe amewo te ŋu tena ɖe ŋunyea?’ Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, Mawu ƒe alẽwo hiã alẽkplɔla siwo ŋu woate ŋu ate ɖo, ŋutsu siwo le abe “sitsoƒe tso ya nu” ene. (Yesaya 32:1, 2; Timoteo II, 3:1) Hamemegãwo, ne miena ɖetsɔleme vavãtɔ si tso dzi me le mia si ɖe mia nɔviwo ŋu eye mietsɔa mia ɖokuiwo ɖoa anyi ɖe wo ta la, woakpɔ miaƒe ɖetsɔlemea adze sii. Woakpɔe le mo na mi, woasee le miaƒe gbeɖiɖi me, eye woakpɔe le miaƒe dɔmenyonuwɔnawo me. Vividodoɖeameŋu kple ɖetsɔleme vavã sia ana miaka ɖe mia nɔewo dzi eye ana wòanɔ bɔbɔe na ame bubuwo, kple ɖeviwo hã, be woate ɖe mia ŋu. Nyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ nusita wòlɔ̃ gblɔ eƒe dzimenya na hamemegã aɖe be: “Etsɔ ɖetsɔleme kple dɔmetɔtrɔ ƒo nu nam. Anye ne  ɖewohĩ nyemake nu agblɔ nye nya nɛ o. Gake ena meɖe dzi ɖi.”

Amewo Ŋu Bubu

7. (a) Aleke Yesu ɖee fia be yebua amewo ŋui? (b) Anye nukatae Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa vivivi?

7 Yesu bua amewo ŋu. Amewo ƒe seselelãmewo wɔa dɔ ɖe edzi. Fukpelawo kpɔkpɔ teti hã tena ɖe edzi ale gbegbe be eʋãnɛ be wòɖea wo le fukpekpea me. (Mateo 14:14) Ebua amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuhiahiãwo hã ŋu. (Yohanes 16:12) Ɣeaɖeɣi la, amewo kplɔ ŋkuagbãtɔ aɖe va Yesu gbɔe eye woɖe kuku be wòaʋu ŋku nɛ. Yesu ʋu ŋku na ŋutsua, gake ewɔe vivivi. Gbã la, ŋutsua kpɔ amewo flufluflu—“wole abe atiwo ene hele azɔli zɔm.” Emegbe Yesu ʋu ŋkua nɛ nyuie. Nukatae wòʋu ŋku na ŋutsua vivivi? Anye susuae nye be amesi nɔ viviti me wòmae la nate ŋu anɔ te ɖe alesi wòaɖi vo ne wòte xexeame si me nu vovovo le eye keklẽ sɔ gbɔ le la kpɔkpɔ enumake la nu.—Marko 8:22-26.

8, 9. (a) Nukae dzɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo Dekapoli nutoa me teti? (b) Ƒo nu tso alesi Yesu yɔ dɔ tokunɔa ŋu.

8 Gabu nusi dzɔ le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu megbe ŋu kpɔ. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Dekapoli nutoa me, le Galilea Ƒua ƒe ɣedzeƒe gome. Le afima la, eteƒe medidi hafi ameha gã aɖe kpɔ wo hekplɔ ame gbogbo aɖewo siwo dome dɔnɔwo kple nuwɔametɔwo nɔ vɛ o, eye wòda gbe le wo katã ŋu. (Mateo 15:29, 30) Ewɔ nuku be Yesu ɖe ŋutsu ɖeka aɖe ɖe vovo hekpɔ egbɔ etɔxɛe. Nyanyuiŋlɔla Marko, amesi dzaa koe ŋlɔ nudzɔdzɔa ɖi la ka nusi dzɔ la ta.—Marko 7:31-35.

9 Ŋutsua ƒe to ku eye nu menya ƒona nɛ kura o. Ðewohĩ Yesu de dzesii be ŋutsua mevo le eɖokui me kura o eye ŋu nɔ ekpem. Emegbe Yesu wɔ nusi wɔ mo yaa vie. Eɖe kpɔ ŋutsua, kplɔe dzoe le ameawo dome. Emegbe Yesu wɔ dzesi aɖewo be ŋutsua nanya nusi wòdi be yeawɔ. Etsɔ “eƒe asibidewo ƒo ɖe ŋutsua ƒe to me, eye esi wòɖe ta la, eka asi eƒe aɖe ŋu.” (Marko 7:33, NW) Emegbe Yesu kpɔ dziƒo eye wòdo gbe ɖa kple hũɖeɖe. Ŋutsua ase nuwɔna siawo gɔme be Yesu le gbɔgblɔm na ye be, ‘Nusi medi be mawɔ na wò la tso Mawu ƒe ŋusẽ me.’ Mlɔeba Yesu gblɔ be: “Ʋua!” (Marko 7:34) Enumake ŋutsua gate nusese, eye wòƒo nu nyuie.

10, 11. Aleke míaɖe amewo ƒe seselelãmewo ŋu bubu afia le hamea me? le ƒomea me?

10 Ameŋububu ka gbegbee nye si Yesu ɖe fia amewo! Woƒe seselelãme wɔ dɔ ɖe edzi, eye veveseseɖeamenu sia ʋãe be mewɔ nu wòte ɖe wo dzi o. Anyo be mí Kristotɔwo míatu Kristo ƒe tamesusu ɖo le go sia me ahaɖee afia. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (Petro I, 3:8) Le nyateƒe me la, esia bia tso mía si be míaƒo nu ahawɔ  nu wòaɖee afia be míebua amewo ƒe seselelãmewo ŋu.

11 Míate ŋu aɖe amewo ƒe seselelãmewo ŋu bubu afia le hamea me ne míedea asixɔxɔ wo ŋu hewɔa nu ɖe wo ŋu abe alesi míadi be woawɔe ɖe mía ŋui ene. (Mateo 7:12) Ebia hã be míakpɔ nyuie le nya siwo míagblɔ kple alesi míagblɔe ŋu. (Kolosetɔwo 4:6) Ðo ŋku edzi be ‘nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ɖe wòtɔa ame abe yi ene.’ (Lododowo 12:18) Ke le ƒomea me ya ɖe? Atsu kple asi siwo lɔ̃ wo nɔewo tututu la bua wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu. (Efesotɔwo 5:33) Woƒoa asa na gbedadaɖeamegbɔ, ɖeklemiɖeɖe atraɖii, kple gbɔɖiamenya tɔamewo gbɔgblɔ—esiawo katã na wosea veve eye enu mefana kaba o. Seselelãmewo le ɖeviwo hã me, eye dzila lɔ̃amewo bua wo ŋu. Ne ɖɔɖɔɖo hiã la, dzilawo naɖɔ wo ɖo wòafia be wonya wo viawo ƒe asixɔxɔ ale be ŋu nagakpe wo madzemadzee o. * (Kolosetɔwo 3:21) Ne míeɖe ameŋububu fia alea la, ke míele eɖem fia be Kristo ƒe tamesusu le mía si.

Kaka Ðe Amewo Dzi Faa

12. Nukpɔsusu nyui si da sɔ kae nɔ Yesu si ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu?

12 Nukpɔsusu nyui si da sɔ la nɔ Yesu si ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Enya nyuie be womede blibo o. Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔ be ete ŋu nyaa nusi le amegbetɔ ƒe dzi me. (Yohanes 2:24, 25) Togbɔ be nyaa le alea hã la, menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe wòkpɔna o, ke woƒe nɔnɔme nyuiwo boŋue wòkpɔna. Ede dzesi ŋutete si le amesiawo siwo Yehowa he vɛ si hã. (Yohanes 6:44) Nukpɔsusu nyui si le Yesu si ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu dzena le alesi wòwɔa nu kple wo hã me. Nu ɖekae nye be elɔ̃ faa be yeaka ɖe wo dzi.

13. Aleke Yesu ɖee fiae be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo dzi?

13 Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe wo dzii? Esi wòadzo le anyigba dzi la, etsɔ agbanɔamedzi kpekpe aɖe na eƒe nusrɔ̃la amesiaminawo. Etsɔ eƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ le xexeame godoo ƒe agbanɔamedzia de wo si. (Mateo 25:14, 15; Luka 12:42-44) Eɖee fia le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le mɔ siwo medze tẽ o nu be yeka ɖe wo dzi, le nu suewo gɔ̃ hã me. Esi wòto nukumɔ nu na nuɖuɖu dzi ɖe edzi be yeatsɔ anyi amehawo la, etsɔ nuɖuɖumamadɔa de eƒe nusrɔ̃lawo si.—Mateo 14:15-21; 15:32-37.

14. Aleke nàgblɔ ŋutinya si woŋlɔ ɖe Marko 4:35-41 la kpuie?

14 Azɔ hã de ŋugble le nuŋlɔɖi si le Marko 4:35-41 ŋu kpɔ. Gbemagbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu heto Galilea Ƒua dzi ɖo ta ɣedzeƒe gome. Esi wote ɖa le go ŋu eteƒe medidi o la, Yesu mlɔ anyi ɖe ʋua gɔme heyi alɔ̃ me ʋĩ. Gake eteƒe medidi hafi “ahom sesẽ aɖe va tu” o. Ahom siawo tuna ŋutɔ le Galilea Ƒua dzi. Le esi ƒua le anyi me (anye be ele anyi me meta 200 wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme) ta la, yame xɔa dzo le afima wu nuto siwo ƒo xlãe me, eye nusia na yame ƒe nɔnɔmewo ɖea fu. Gakpe ɖe eŋu la, ya sesẽwo ƒona tsoa Hermon Toa dzi vaa Yordan Bali, si le dziehe gome la me. Ne teƒea fa vie la, mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi ahom sesẽwo gagblẽa eme o. Bu nusia ŋu kpɔ: Ðikeke mele eme o be Yesu nya nu tso ahom siwo tuna le teƒea ŋu, elabena Galilea ye wonyii le. Ke hã eɖe dzi ɖi mlɔ anyi, heɖo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutetewo ŋu, elabena wo dometɔ aɖewo nye tɔƒodelawo.—Mateo 4:18, 19.

15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu lɔ̃na faa kana ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzii?

15 Ðe míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu ka ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi faa? Esesẽna na ame aɖewo be woade dɔ ame bubuwo si. Míagblɔe ko be wodina  be yewo ŋutɔwo yewoakpɔ nusianu gbɔ. Woƒe susu enye be, ‘Ne medi be woawɔ nane wòanyo ko la, ke ele be nye ŋutɔ mawɔe!’ Gake ne mía ŋutɔwoe awɔ nusianu la, ke ɖeɖi le mía ŋu te ge eye míanɔ ɣeyiɣi si wòle be míazã ɖe míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu xɔm le wo si madzemadzee. Gakpe ɖe eŋu la, ne míetsɔa dɔ kple agbanɔamedzi siwo sɔ la naa ame bubuwo o la, ke míele nuteƒekpɔkpɔ kple hehe si hiã wo la tem wo. Nunya anɔ eme be míasrɔ̃ alesi míaka ɖe amewo dzi ade dɔ asi na wo. Anyo be míabia mía ɖokuiwo le anukwareɖiɖi me be, ‘Ðe Kristo ƒe tamesusu le asinye le go sia mea? Ðe melɔ̃na faa tsɔa dɔ aɖewo dea ame bubuwo si, hekana ɖe wo dzi be woawɔ wo tɔ sinua?’

Eɖee Fia be Yexɔ Yeƒe Nusrɔ̃lawo Dzi Se

16, 17. Le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, kakaɖedzinya kae wògblɔ na eƒe apostolowo, togbɔ be enya be woagblẽ ye ɖi hã?

16 Yesu gaɖe nukpɔsusu nyui si le esi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu fia le mɔ vevi bubu nu. Ena wonya be yeɖoa ŋu ɖe wo ŋu. Nusia dze le kakaɖedzinya siwo wògblɔ na eƒe apostolowo le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me. Se nusi dzɔ ɖa.

17 Yesu wɔ dɔ fiẽ bliboa katã. Ewɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ fia ɖokuibɔbɔ eƒe apostoloawo to afɔ kɔklɔ na wo me. Eyome eɖo fiẽnuɖuɖu si woatsɔ anɔ ŋku ɖom eƒe kua dzi la anyi. Emegbe la, apostoloawo gava nɔ glãka hem sesĩe tso amesi dze abe eyae nye gã le wo dome wu ene ŋuti. Yesu gaxɔ dzigbɔɖi na wo kokoko eye mehe nya ɖe wo ŋu o ke boŋ edzro nu me kpli wo. Egblɔ nusi nɔ wo ŋgɔ la na wo be: “Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.’ ” (Mateo 26:31; Zaxarya 13:7) Enya be yeƒe zɔhɛ kplikplikpliwo agblẽ ye ɖi esime yeahiã wo. Ke hã mebu fɔ wo o. Ke boŋ egblɔ na wo be: “Ke le nye tsitretsitsi megbe la madze mia ŋgɔ ayi Galilea.” (Mateo 26:32) Ẽ, eka ɖe edzi na wo be togbɔ be woagblẽ ye ɖi hã la, yemagblẽ wo ɖi o. Ne dodokpɔ sesẽ sia nu va yi la, yeagakpe kpli wo.

18. Le Galilea la, dɔdasi kpekpe kae Yesu de eƒe nusrɔ̃lawo si, eye aleke apostoloawo wɔ dɔ siae?

18 Yesu wɔ ɖe eƒe nyaa dzi. Emegbe le Galilea la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia apostolo wɔnuteƒe 11, amesiwo edze ƒã be wo kple ame bubu geɖewoe ƒo ƒu. (Mateo 28:16, 17; Korintotɔwo I, 15:6) Yesu de dɔ kpekpe aɖe asi na wo le afima be: “Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nyawo ɖo kpe edzi na mí wòdze ƒã be apostoloawo wɔ dɔ si wode wo si la. Wotsɔ nuteƒewɔwɔ xɔ ŋgɔ ale be woɖe gbeƒã nyanyuia le ƒe alafa gbãtɔa me.—Dɔwɔwɔwo 2:41, 42; 4:33; 5:27-32.

19. Nukae nusiwo Yesu wɔ le eƒe tsitretsitsi megbe fia mí le Kristo ƒe tamesusu ŋu?

19 Nukae ŋutinya sia si ɖe nu geɖe fia la fia mí le Kristo ƒe tamesusu ŋu? Yesu kpɔ vodada gã siwo gbegbe eƒe apostoloawo wɔ gake “elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.” (Yohanes 13:1) Togbɔ be wodaa vo hã la, ena wonya be yexɔ wo dzi se. De dzesii be Yesu meɖo ŋu ɖe wo ŋu dzodzro o. Ðikeke mele eme o be alesi wòɖee fia be yeɖo ŋu ɖe wo ŋu hexɔ wo dzi se la do ŋusẽ wo  be woɖoe kplikpaa le woƒe dzi me be yewoawɔ dɔ si wòde yewo si la.

20, 21. Aleke míaɖe nukpɔsusu nyui si le mía si ɖe haxɔsetɔwo ŋu afiae?

20 Aleke míaɖe Kristo ƒe tamesusu afia le go sia mee? Mègabu mɔkpɔkpɔ le haxɔsetɔwo ŋu o. Ne èbua susu vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ate ŋu adze le wò nuƒoƒo kple nuwɔnawo me. (Luka 6:45) Gake Biblia gblɔ na mí be lɔlɔ̃ “[xɔa] nuwo katã sena.” (Korintotɔwo I, 13:7) Lɔlɔ̃ bua susu nyui, mebua susu vɔ̃ o. Etua ame ɖo tsɔ wu be wòagblẽ ame ŋu. Ne woɖe lɔlɔ̃ fia amewo hede dzi ƒo na wo la, edzea wo ŋu wu tsɔ wu be woazi wo dzi. Ne míeɖee fia amewo be míeka ɖe wo dzi la, míatu wo ɖo ahade dzi ƒo na wo. (Tesalonikatɔwo I, 5:11) Ne nukpɔsusu nyui le mía si ɖe mía nɔviwo ŋu abe alesi Kristo wɔe ene la, míawɔ nu ɖe wo ŋu wòatu wo ɖo eye ana woawo hã nawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe.

21 Kristo ƒe tamesusu tutuɖo kple eɖeɖefia yi ŋgɔ wu nanewo siwo Yesu wɔ la sɔsrɔ̃ ko. Abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, ne míawɔ nu abe Yesu ene tututu la, ke gbã la, ele be míasrɔ̃ alesi míabu nuwo ŋu le alesi wòbua woe nu. Abe alesi míagadzro eme le nyati si kplɔe ɖo mee ene la, Nyanyuigbalẽawo ana míakpɔ eƒe amenyenye ƒe akpa bubu, si nye nukpɔsusu kple seselelãme siwo le esi ɖe dɔ si wode esi ŋu.

nusrɔ̃lawo ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Le agbalẽa me la, nyakpala la ɖɔ alesi wòsusu be Yesu ƒe dzedzeme le, eye wògblɔ eƒe taɖa, eƒe ge, kple eƒe ŋku ƒe amadede hã. Biblia gɔmeɖela Edgar J. Goodspeed ɖe nu me be “ɖe woɖoe be [nyakpakpa sia] nana woaxɔ Yesu ƒe dzedzeme si nutala la ta ɖe eƒe agbalẽwo me la dzi ase.”

^ mm. 4 Edze ƒã be ɖeviawo xɔ ƒe vovovo. Wozã nya si wozã le afisia be “ɖeviwo” la na Yairo vinyɔnu si xɔ ƒe 12 la hã. (Marko 5:39, 42; 10:13) Gake Luka ya zã nya si wogate ŋu zãna na vidzĩwo le nudzɔdzɔ sia ke si eya ŋlɔ me.—Luka 1:41; 2:12; 18:15.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye “Ètsɔa Bubu si Le Wo Ŋu Naa Woa?” si le April 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Yesu wɔ nui esi eƒe nusrɔ̃lawo dze agbagba be yewoaxe mɔ na ɖeviwo be woagava egbɔ o?

• Mɔ kawo nue Yesu ɖe amewo ŋu bubu fia le?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu ɖee fia be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo dzi?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu ɖo ŋu ɖe eƒe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðeviwo ɖe dzi ɖi le Yesu gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu le dɔmetɔtrɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Hamemegã siwo ŋu wote ŋu tena ɖo nye yayra