Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbenɔnɔ

Xɔse Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbenɔnɔ

 Xɔse Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbenɔnɔ

“ELE bɔbɔe ŋutɔ be nɔnɔme nyuiwo nanɔ ame si Mawu manɔmee.” Aleae Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela aɖe gblɔe nye ma. Egblɔ be yetsɔ agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nyi ye viwo, eye woawo hã tsɔ dzidzenu kɔkɔ mawo ke nyi wo viwoe—yewote ŋu wɔ esiawo katã evɔ yewomexɔ Mawu dzi se o.

Ðe esia fia be mehiã be woaxɔ Mawu dzi ase oa? Edze ƒã be aleae amesia bui. Eye enye nyateƒe be menye amesiame si mexɔ Mawu dzi se o ye nye ame baɖa o. Apostolo Paulo ƒo nu tso “trɔ̃subɔla,” siwo menya Mawu o, evɔ “[wowɔa] nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me” la ŋu. (Romatɔwo 2:14) Wodzi amewo katã—Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelawo hã le eme—kple dzitsinya. Ame geɖe dzea agbagba wɔa nu ɖe nusi woƒe dzitsinya gblɔ na wo nu ne womexɔ Mawu si na nu nyui kple nuvɔ̃ ŋuti seselelãme ma si wotsɔ dzi woe la dzi se o gɔ̃ hã.

Gake Mawu dzixɔse sẽŋu—si wotu ɖe Biblia dzi—la nu sẽ ŋutɔ be wòate ŋu ana woawɔ nu nyui wu dzitsinya si naneke mele mɔ fiamee o. Xɔse, si wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi la fiaa mɔ dzitsinya, enaa wòɖana ale gbegbe be wòte ŋu dea dzesi nu nyui kple nuvɔ̃. (Hebritɔwo 5:14) Gakpe ɖe eŋu la, xɔse doa ŋusẽ ame be wòalé dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi le nyaƒoɖeamenu sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 20 lia me la, dukɔ geɖe nɔ dunyahedziɖuɖu gbegblẽwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te, si zi amesiwo dze ame nyuiwoe dzi wowɔ ŋutasẽnu dziŋɔwo. Gake amesiwo si Mawu dzixɔse vavãtɔ le meɖe asi le woƒe gɔmeɖosewo ŋu esi woƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã o. Gakpe ɖe eŋu la, xɔse si wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ. Ate ŋu aɖe amesiwo le bubumɔ dzi eye wòakpe  ɖe amewo ŋu woaƒo asa na vodada wɔnublanuiwo. De ŋugble le kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Xɔse Ate Ŋu Atrɔ Ƒomegbenɔnɔ

“Miete ŋu wɔ nusi mele bɔbɔe o le miaƒe xɔse ta.” Aleae ʋɔnudrɔ̃la aɖe si nye Englandtɔ gblɔ esi wòtso nya me le nyaʋiʋli si ɖo John kple Tania dome tso amesi gbɔ wo viwo anɔ ŋu. Esi John kple Tania ƒe nya va ɖo tatɔwo gbɔ la, womeɖe wo nɔewo o eye woƒe ƒomegbenɔnɔ menyo kura o. John, amesi ŋu atikevɔ̃ɖizazã ƒe kuxi le eye tsatsadada nye numame na la va te nuvlowɔwɔ bene yeakpɔ ga atsɔ anɔ yeƒe agbe vloawo nɔmee. Megakpɔa viawo kple wo dada dzi o. Eyata “nukunya” kae dzɔ?

Gbeɖeka John se tɔɖiayɔvi sue aɖe wònɔ nu ƒom tso Paradiso ŋu. Esi nyaa ʋãe ta la, eyi ŋutsuvia dzilawo gbɔ ɖabia gbe wo. Ðevia dzilawo nye Yehowa Ðasefowo, eye wokpe ɖe John ŋu wòsrɔ̃ nu tso eŋu le Biblia me. Ʋɛʋɛʋɛ la, xɔse si wotu ɖe Biblia dzi va ɖo John kple Tania si eye woƒe agbenɔnɔ trɔ. Wova wɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea le se nu azɔ eye wodzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ. Dziɖuɖumegã siwo va lé ŋku ɖe alesi nuwo nɔ edzi yimee le woƒe aƒea me ŋu kpɔ nane si manya wɔ tsã le ɣeyiɣi kpui aɖe si do ŋgɔ me o—si nye ƒome kpɔdzidzɔ si le aƒe si me le dzadzɛ me, aƒe nyui si me woanɔ anyi vi le. Nyateƒee ʋɔnudrɔ̃la la to esi wògblɔ be xɔse yeye si su John kple Tania si gbɔe “nukunya” sia tso.

Kilometa akpe nanewo tso England gbɔ la, ɖeko wogbɔna srɔ̃nyɔnu ɖetugbi aɖe si le Near East hã bu ge akpe ɖe akɔntabubu wɔnublanui aɖe ŋu enye ma. Enɔ ɖoɖo wɔm be yeava nye ame miliɔn geɖe siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe wua enu ɖe srɔ̃gbegbe me dometɔ ɖeka. Vi nɔ esi, gake srɔ̃aŋutsua tsi wui sasasã. Le susu sia ta la, eƒe ƒometɔwo nɔ eƒom ɖe enu be wòagbe srɔ̃a, eye le nyateƒe me la, edze egɔme nɔ eŋuti ɖoɖowo wɔm. Gake wo kpakple Yehowa Ðasefo aɖe nɔ Biblia srɔ̃m. Esi Ðasefoa se nyaa la, eɖe nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu me nɛ—le kpɔɖeŋu me, be srɔ̃ɖeɖe nye nunana tso Mawu gbɔ eye menye nusi ŋu woaɖe asi le bɔbɔe wònye o. (Mateo 19:4-6, 9) Nyɔnua de ŋugble le eɖokui me be, ‘Ewɔ mo yaa be nyɔnu sia, si nye ame tutɔ la, le agbagba dzem be yeakpɔ míaƒe ƒomea ta evɔ amesiwo boŋ nye nye ƒometɔwo di be yewoana wòagbã.’ Xɔse yeye si su esi la kpe ɖe eŋu be wòlé eƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te.

Nu wɔnublanui aɖe si dzɔna eye wòle nu gblẽm le ƒomegbenɔnɔ ŋue nye fuɖeɖe. Wobu akɔnta le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe me be ne mede ɖeke o la, woɖona koŋ ɖea fugboe miliɔn 45 ƒua gbe ƒe sia ƒe. Fuɖenya siawo dometɔ ɖesiaɖe nye nublanuinya. Biblia me sidzedze kpe ɖe nyɔnu aɖe ŋu le Philippines wòƒo asa na nudzɔdzɔ sia me nɔnɔ.

Yehowa Ðasefowo va do go nyɔnua eye wòxɔ agbalẽ gbadza si wozãna le Biblia sɔsrɔ̃ me, si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?, * eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Le ɣleti aɖewo megbe la, eva ɖe nusita wòlɔ̃ be woasrɔ̃ nu kpli ye me. Fu nɔ nyɔnua ƒo esi Ðasefoawo yi egbɔ zi gbãtɔ, gake nyɔnua kple srɔ̃a wɔ ɖoɖo be yewoaɖe fua. Gake ɖevi si womedzi haɖe o ƒe nɔnɔmetata si le agbalẽ gbadzaa ƒe axa 24 wɔ dɔ ɖe nyɔnua ƒe dzi dzi. Numeɖeɖe si wotu ɖe Biblia dzi si woŋlɔ kpe ɖe nɔnɔmetataa ŋu be nu kɔkɔe agbe nye elabena ‘Mawue nye agbedzɔƒe’ ʋãe ale be megaɖe fua o. (Psalmo 36:10) Fifia la, edzi vi dzeani aɖe si le lãmesẽ me.

Xɔse Kpena Ðe Amesiwo Wodo Vloe Ŋu

Le Ethiopia la, ŋutsu eve aɖewo siwo medo awu nyuie o la va Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe. Le kpekpea ƒe nuwuwu la, Ðasefo aɖe ɖe eɖokui fia wo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Ŋutsuawo biae be wòana ga yewo. Ðasefoa mena ga wo o, ke boŋ nane si nyo wu gae wòna wo. Ede dzi ƒo na wo be woaxɔ Mawu dzi ase, si “[xɔ] asi geɖe wu sika.” (Petro I, 1:7) Edze wo dometɔ ɖeka ŋu eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nusɔsrɔ̃a trɔ eƒe agbenɔnɔ. Esi eƒe xɔse nɔ tsitsim ɖe edzi la, edzudzɔ atamanono, ahatsunono, agbegbegblẽnɔnɔ, kple khat (gbe muame aɖe) zazã. Esrɔ̃ alesi wòakpɔ eɖokui dzii tsɔ wu be wòanɔ nu biam, eye enɔa agbe dzadzɛ, si le vi ɖem nɛ fifia.

Le Italy la, wode ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 47 la mɔ ƒe ewo, eye wona wònɔ ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe tagbɔdɔlélawo  ƒe kɔdzi. Yehowa Ðasefo aɖe si woɖe mɔ na be wòayi gaxɔwo me ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la srɔ̃ Biblia kplii. Ŋutsua wɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Xɔse na eƒe agbenɔnɔ trɔ ale gbegbe be egbɔe gamenɔla bubuwo yina be wòaɖo aɖaŋu na yewo le alesi yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔe la ŋu. Xɔse si wotu ɖe Biblia dzi si le esi la na wova dea bubu eŋu, wokafunɛ, eye gaxɔdzikpɔlawo kana ɖe edzi.

Le ƒe siawo me la, nyadzɔdzɔgbalẽwo ka nya ta tso dukɔmeviʋa siwo le edzi yim le Afrika la ŋu. Esi dziŋɔ koŋue nye ɖekakpuivi siwo wona hehee be woanye asrafowo la ƒe ŋutinyawo. Wonaa atike vɔ̃ɖi ɖevi siawo, wowɔa funyafunya wo, eye woziaa wo dzi be woawɔ nu vlowo ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu ne woakpɔ ɖa be wode asrafoha si me wole dzi hã. Ðe xɔse si wotu ɖe Biblia dzi nu sẽ ate ŋu atrɔ sɔhɛ siawo ƒe agbenɔnɔa? Le ame eve ya teti gome la, ete ŋu trɔ woƒe agbenɔnɔ.

Le Liberia la, Alex nye Katolikoha la ƒe misasubɔvi. Gake eva ge ɖe asrafoha aɖe si nɔ aʋa wɔm la me esi wòxɔ ƒe 13 eye wòva zu ɖevisrafo ŋutasẽla aɖe. Be wòanye kalẽtɔ le aʋagbedzi la, eyi ɖasa dzo. Alex kpɔ be wowu ye hati geɖe, gake eya tsi agbe. Le ƒe 1997 me la, eva do go Yehowa Ðasefowo, eye wòkpɔe be womeɖi gbɔ ye o. Ke boŋ wokpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ nusi Biblia gblɔ tso ŋutasesẽ ŋu. Alex do le asrafohaa me. Esi wònɔ tsitsim le xɔse me la, ewɔ ɖe Biblia ƒe sedede dzi be: “Nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.”—Petro I, 3:11.

Ɣemaɣi la, Samson, si nye ɖevisrafo tsã va to du si me Alex le me yina. Xɔseha aɖe ƒe hadziha me nɔlae wònye tsã, gake le ƒe 1993 me la, eva zu asrafo eye wòte atike vɔ̃ɖiwo nono, gbɔgbɔyɔyɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ. Le ƒe 1997 me la, woxɔ dɔ le esi. Samson ɖo ta Monrovia yina dedienɔnɔdzikpɔha tɔxɛ aɖe me ɖo ge hafi exɔlɔ̃ aɖe ƒo nu nɛ be wòasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo, eye esia na xɔse si wotu ɖe Biblia dzi va su esi. Esia do ŋusẽe wòdzudzɔ aʋalɔlɔ̃ nuwɔnawo wɔwɔ. Alex kple Samson siaa wɔa nu ŋutifafatɔe fifia, eye wonɔa agbe nyui. Ðe nane li si ate ŋu ana amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe ŋutasẽnuwɔnawo me alea gbegbe ƒe agbenɔnɔ natrɔ tsɔ wu xɔse si wotu ɖe Biblia dzia?

Xɔse Vavãtɔ

Kpɔɖeŋu geɖe siwo míate ŋu agblɔ siwo ɖe xɔse vavã si wotu ɖe Biblia dzi ƒe ŋusẽ fia la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Enye nyateƒe be menye amesiame ko si gblɔ be yexɔ Mawu dzi se lae nɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔawo nu o. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela aɖewo ƒe agbenɔnɔ nyo wu ame aɖewo siwo be Kristotɔwoe yewonye la tɔ. Nusitae nye be xɔse si wotu ɖe Biblia dzi lɔ nu geɖe ɖe eme wu gbɔgblɔ ko be yexɔ Mawu dzi se.

Apostolo Paulo yɔ xɔse be enye “dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Eyata xɔse fia be nusiwo womekpɔna o ƒe kakaɖedzi sẽŋu—si wotu ɖe kpeɖodzi matrɔmatrɔwo dzi—nanɔ ame si. Vevietɔ ebia be ɖikeke aɖeke naganɔ ame me ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu o, woagake ɖi be etsɔa ɖe le eme na mí, eye be eyraa amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu o. Apostoloa gblɔ hã be: “Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

Xɔse sia tɔgbee trɔ John, Tania, kple ame bubu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la ƒe agbenɔnɔ. Ena woɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la ŋu bliboe hena mɔfiafia le nyametsotsowo wɔwɔ me. Ekpe ɖe wo ŋu wotsɔ nanewo saa vɔe fifia ale be woagato mɔ si dzi toto le bɔbɔe vɔ wònye mɔ gbegblẽ la dzi o. Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ siawo le vovovo hã la, mɔ ɖeka dzie wo katã wodze egɔme toe. Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖee srɔ̃ Biblia kple amesiawo, eye wova kpɔ nusi Biblia gblɔ ƒe nyateƒenyenye be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la si kpe ɖe amesiawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu wòtu xɔse sẽŋu si na be woƒe agbenɔnɔ trɔ henyo wu tsã la ɖo.

Yehowa Ðasefowo le dɔ wɔm kple ŋkubiã le anyigba kple ƒukpo siwo wu 230 dzi. Wole kpewòm be nàva yewoasrɔ̃ Biblia. Nukatae? Elabena woxɔe se be xɔse si wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu ana wò hã nàwɔ asitɔtrɔ geɖe le wò agbe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Xɔse si wotu ɖe Biblia dzi naa ame ƒe agbenɔnɔ trɔna henyona wu tsãtɔ

 [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Title card of Biblia nieświeska by Szymon Budny, 1572