Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀNA NUMAME NYUIWO NAÐE VI NA WÒ

2 Wɔ Ðoɖo Ðe Nuwo Ŋu Nyuie

2 Wɔ Ðoɖo Ðe Nuwo Ŋu Nyuie
  • Èɖoe be yeanɔ nuɖuɖu siwo dea lãme- sẽ dzi ɖum, gake ice cream (Crème glacée) aɖe hã le wò dzrom vevie.

  • Ètso nya be yemagano sigaret azɔ o, gake xɔ̃wò aɖe si nya be èle agbagba dzem be yeadzudzɔ sigaretnono la gatsɔ ɖe na wò be nàno.

  • Èɖoe be yeade kame egbea, gake edze abe wò afɔkpaa didi le nuwo me nye dɔ gã aɖe na wò ene!

Ède dzesi nu vevi aɖe si ɖe dzesi le kpɔɖeŋu siawo mea? Zi geɖe la, edze abe nu siwo ƒo xlã mí, si fia nɔnɔme siwo me míetsɔa mía ɖokui dena ene kple ame siwo míedea ha kplii ye afia ne míate ŋu atu nɔnɔme nyuiwo ɖo ahaɖu gbegblẽawo dzi.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”Lododowo 22:3.

Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míabu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le nu siwo míeɖo be míawɔ la ŋu eye wòana míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ. (2 Timoteo 2:22) Kpuie ko la, nunya anɔ eme be míawɔ ɖoɖo nyuiwo.

Na numame gbegblẽwo wɔwɔ nasesẽ eye nàna numame nyuiwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • Na numame gbegblẽwo wɔwɔ nasesẽ na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeadzudzɔ nuɖuɖu siwo medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu la, ekema dze agbagba be nuɖuɖu mawo naganɔ wò dzodoƒea o. Esia awɔe be ne nuɖuɖu ma gadzro wò la, manɔ bɔbɔe be nàkpɔe aɖu o.

  • Na numame nyuiwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖoe be ne yefɔ ŋdi yeade kame la, ekema da wò kamedewua ɖe asitsɔƒe le zã si do ŋgɔ. Ne èna nuwo le bɔbɔe la, ana numame nyuiwo wɔwɔ masesẽ na wò o.

  • Kpɔ nyuie le ame siwo nàdze xɔlɔ̃e ŋu. Elabena akpa gbɔ nɔna mesea akpa dzena o. (1 Korintotɔwo 15:33) Eya ta dzudzɔ hadede kple ame siwo dea nu siwo nèdi be yeaƒo asa la ƒe dzi ƒo, eye nàde ha kple ame siwo dea nu nyuiwo ƒe dzi ƒo.