Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbalẽ Si Kpe Ðe Amewo Ŋu Wu Le Ŋutinya Me

Agbalẽ Si Kpe Ðe Amewo Ŋu Wu Le Ŋutinya Me

Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe hema wu le xexea me. Eya ta nunya si le eƒe aɖaŋuɖoɖowo me kpe ɖe ame geɖe ŋu wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Kpɔ akɔntabubu siawo ɖa:

ALE SI WOÐE BIBLIA GƆME HEMAE

  • Akɔntabubu fia be Biblia le ame 96.5% le alafa me si, le xexea me

  • Gbegbɔgblɔ 3,350 MEE WOÐE BIBLIA BLIBOA ALO EƑE AKPA AÐEWO GƆME ÐO 5,000,000,000 Sɔŋ ye nye agbɔsɔsɔ si wota, esɔ gbɔ sã wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si wota

SRƆ̃ NU GEÐE

ƲU MÍAƑE NYATAKAKADZRAÐOƑE SI NYE JW.ORG NE:

  • Nàxlẽ Biblia le afi ma (ele gbegbɔgblɔ alafa geɖe me)

  • Nàwɔ eƒe kɔpi

  • Nàkpɔ ale si Biblia ɖo biabia vevi aɖewo ŋu

  • Nàxlẽ nyati siwo ƒo nu tso ale si Biblia kpe ɖe ame geɖe ŋu wòna woƒe agbe nyo ɖe edzi wu la ŋu

  • Nàsrɔ̃ Biblia le internet dzi *

  • Nàbia be ame aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli ye

ALE SI YEHOWA ÐASEFOWO MA BIBLIAE

YEHOWA ÐASEFOWO TSƆA DZO ÐE BIBLIA GƆMEÐEÐE KPLE EMAMA ŊU.

Biblia siwo gɔme míeɖe hema le ƒe siwo va yi me la ƒe ɖewoe nye esiawo:

  • The American Standard Version of 1901

  • The Bible in Living English, Byington

  • The Emphatic Diaglott

  • The King James Version

  • Revised Standard Version

  • Tischendorf’s New Testament

XEXE YEYE GƆMEÐEÐE BIBLIA

  • Gbegbɔgblɔ 180 kple edzivɔ

  • MILIƆN 227 SƆŊ YE NYE XEXE YEYE GƆMEÐEÐE BIBLIA SI WOTA TSO ƑE 1950

^ mm. 12 Fifia Eŋlisigbe kple Portugalgbe me koe ɖoɖo sia le. Madidi o woatsɔ gbe bubuwo akpee.