Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Miaɖo Dze Tso Kuxiwo Ŋu

Ale Si Miaɖo Dze Tso Kuxiwo Ŋu

KUXIA

Ne wò kple srɔ̃wò miele dze ɖom tso kuxi aɖe ŋu la, ɖe nyaa gagblẽna ɖe edzi wu ale si miedze egɔmea? Ne nenemae la, ke miate ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Gbã la, nu ʋɛ aɖewo li siwo wòle be nànya tso vovototo si le ale si ŋutsuwo kple nyɔnuwo ɖoa dzee dome ŋu. *

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Zi geɖe la, nyɔnuwo dina be yewoaƒo nu tso kuxi aɖe ŋu gbã hafi ase egbɔkpɔnua. Le nyateƒe me la, ɣeaɖewoɣi la nuƒoƒo tso kuxia ŋu koe nye egbɔkpɔnu.

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sirppa * gblɔ be: “Nye dzi dzea eme ne meƒo nu tso kuxi aɖe ŋu eye mekpɔe be srɔ̃nye se nu gɔme nam. Ne menya ƒo nu tso eŋuti vɔ ko la, zi geɖe la, mevona le ɖokuinye me le miniti ʋɛ aɖewo ko megbe.”

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Ae-Jin gblɔ be: “Nyemetea ŋu ɖea susu ɖa le kuxia ŋu ne nyemeɖe ale si tututu mele sesem le ɖokuinye me la me na srɔ̃nye o. Ne meƒo nu tso eŋu vɔ la, megaɖea fu nam o.”

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lurdes gblɔ be: “Nuƒoƒo tso kuxia ŋu nana nye ŋutɔ mekpɔa nu vovovo siwo gbɔ kuxia tso.”

Ŋutsuwo dia kuxiwo gbɔ kpɔnu. Susu le eme elabena kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ nana ŋutsu sena le eɖokui me be yenye ŋutsu vavã. Ne ŋutsu gblɔ nu si akpɔ kuxi aɖe gbɔ la, enye eɖeɖe fia srɔ̃a be ate ŋu aɖo ŋu ɖe ye ŋu hena kpekpeɖeŋu. Eya ta srɔ̃ŋutsuwo tɔtɔna ne wo srɔ̃wo mexɔ woƒe susu si wodo ɖa le kuxi aɖe gbɔ kpɔkpɔ ŋu enumake o. Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Kirk gblɔ be: “Nyemese susu si ta nàƒo nu tso kuxi aɖe ŋu evɔ màdi be yease egbɔkpɔnu o.”

Agbalẽ si nye Mɔfiame Adre Siwo Nana Srɔ̃ɖeɖe Dzea Edzi (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Ele be nàse nu si gblɔm wòle gɔme hafi aɖo aɖaŋu. Ele be nàna srɔ̃wòa nakpɔe be yese kuxia gɔme nɛ bliboe, yese veve ɖe enu hafi nàgblɔ egbɔkpɔnua. Zi geɖe la, menye nu si akpɔ kuxia gbɔ dimee srɔ̃wò le o, ɖeko wòdi be nàɖo to nyuie ase nyaa na ye.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Na Srɔ̃ŋutsuwo: Srɔ̃ ale si nàɖo to veveseɖeamenutɔe. Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Tomás gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne meɖo to srɔ̃nye vɔ la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Esia mekpɔ nya aɖeke gbɔ o ɖe.’ Ke hã, zi geɖe la, ɖeko wòdi be maɖo to ase nyaa na ye.” Srɔ̃ŋutsu aɖe hã si ŋkɔe nye Stephen lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be, “Meɖea mɔ be srɔ̃nye naƒo nu faa nyaa maxɔmaxɔ le enu. Zi geɖe la, ne egblɔ nya bliboa vɔ ko la egblɔna nam be yeƒe dzi dze eme azɔ.”

Te esia kpɔ: Ne wò kple srɔ̃wò miegale dze ɖom tso kuxi aɖe ŋu la, ɖu ɖokuiwò dzi be nàgaɖo aɖaŋu ne mebiae tso asiwò o. Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, nɔ eƒe ŋkume kpɔm eye nàlé to ɖe nya siwo gblɔm wòle la ŋu nyuie. Nɔ ta lɔ̃m ɖe nyaa dzi. Gbugbɔ gblɔ nya veviawo nàtsɔ aɖee afia be yese nyaa gɔme. Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Charles gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko srɔ̃nye di be yeakpɔe be mese nyaa gɔme na ye eye mewɔ ɖeka kpli ye.”—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 1:19.

Na Srɔ̃nyɔnuwo: Gblɔ nu si tututu dim nèle. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Eleni gblɔ be: “Míekpɔa mɔ be mía srɔ̃wo nanya nu si dim míele, gake ɣeaɖewoɣi la ele be míagblɔ nu si tututu dim míele la na wo.” Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Ynez do susu ɖa be: “Megblɔna be, ‘nane le fu ɖem nam si madi be nàse nam, menye egbɔkpɔnua dim mele o, gake ɖeko medi be nàkpɔ ale si mele sesem le ɖokuinye me.’”

Te esia kpɔ: Ne èle kuxi aɖe dzi ɖem na srɔ̃wò eye wògblɔ egbɔkpɔnua kaba la, mègaƒo nya ta be metsɔ ɖeke le eme o. Ðeko wòdi be yeakpe ɖe ŋuwò. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Ester gblɔ be, “Le esi mado dziku teƒe la, medzea agbagba sea egɔme be, menye ɖeko srɔ̃nye di be yeaɖo to ko evɔ o, ke edi be yeakpe ɖe ŋunye hã.”—Biblia ƒe mɔfiame: Romatɔwo 12:10.

Na mi ame evea: Míedi be amewo nawɔ nu ɖe mía ŋu abe ale si míewɔa nu ɖe wo ŋu ene. Ke hã hafi miate ŋu aɖo dze tso kuxi aɖe ŋu nyuie la, èle be nàbu ale si srɔ̃wò adi be nawɔ nu ɖe ye ŋu la ŋu. (1 Korintotɔwo 10:24) Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Miguel gblɔ be: “Ne ènye srɔ̃ŋutsu la, lɔ̃ faa nanye toɖola. Ne ènye srɔ̃nyɔnu la, lɔ̃ faa nàse kuxi aɖewo gbɔ kpɔnu ɣeaɖewoɣi. Ne miewɔa nu alea la aɖe vi na mi ame evea siaa.”—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Petro 3:8.

^ mm. 4 Ðewohĩ nu siwo ŋu míaƒo nu tsoe la maku ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ŋu o. Ke hã aɖaŋu siwo míaɖo le nyati sia me la ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woase nu gɔme na wo nɔewo eye woƒe dzeɖoɖowo naganyo ɖe edzi.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.