NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO
Ne Dziwòla Aɖe Ku
KUXIA
Esi Dami xɔ ƒe ade la, ʋukametetedɔ wu fofoa. Derrick xɔ ƒe asieke esi dzidɔ wu fofoa. Esi azigolomekansa ɖe fu na Jeannie dada wu ƒe ɖeka la, eku esi Jeannie xɔ ƒe adre pɛ ko. *
Ðevi etɔ̃ siawo metsi hafi ame vevi aɖe ku na wo o. Ðe nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Ne nenemae la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò ame vevia ƒe ku nu. * Gbã la, na míade ŋugble le nu siwo wòle be míanya tso nuxaxa ŋu la ŋu.
NU SI WÒLE BE NÀNYA
Ale si amewo xaa nui la le vovovo. Esia fia be ame sia ame kple ale si wòxaa nui ne ku dzɔ ɖe edzi. Agbalẽ aɖe (Helping Teens Cope With Death) gblɔ be: “Mɔ ɖeka aɖe koŋ meli si dzi míetona nɔa te ɖe míaƒe ame aɖe ƒe ku nu o.” Nu vevitɔ si nàwɔ koe nye be mègatsi wò nuxaxa nu madzemadzee o. Nu ka tae? Elabena . . .
Ame ɖokui dzi zizi be woagaxa nu o ate ŋu agblẽ nu. Jeannie si ŋu nya míegblɔ le gɔmedzedzea me gblɔ be: “Mesusu be ele be manɔ te sesĩe le nɔvinyenyɔnuvia ta, eya ta mezi nye nuxaxawo dzi. Va se ɖe fifia gɔ̃ hã, megazia nye vevesesewo dzi kokoko, gake esia menyo o.”
Eŋunyalawo da asi ɖe eƒe nyaa dzi. Agbalẽ aɖe (The Grieving Teen) gblɔ be: “Ne ame gbe nuƒoƒo tso nu si le fu ɖem nɛ ŋu la mefia be maƒo nu tso eŋu gbeɖe o. [Seselelãme] mawo atrɔ ava le ɣeyiɣi si me mèle mɔ kpɔm nɛ o eye ana nàva nɔ dziku dom kabakaba alo anɔ dɔ lém.” Nuxaxa dzi zizi ate ŋu ana ame nava nɔ aha geɖe nom alo anɔ atike muamewo zãm atsɔ anɔ vevesesea nu tsim.
Nuxaxa ate ŋu ana ame natɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, amewo doa dziku ɖe ame si ku la ŋu be “egblẽ” yewo ɖi. Ame bubuwo hã bua fɔ Mawu be ɖe wòle be wòaxe mɔ be amea nagaku o hafi. Ame geɖe siwo xaa nu la bua fɔ wo ɖokuiwo le nu si wowɔ ɖe ame si kua ŋu alo nya si wogblɔ ɖe eŋu le esi fifia womagate ŋu awɔ naneke le eŋu o ta.
Edze ƒãa be ate ŋu asesẽ be míase nuxaxa gɔme. Aleke nàwɔ akpɔ gbɔdzɔe ahayi agbea dzi?
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Ƒo nu tso eŋu na ame aɖe. Ðewohĩ awɔ na wò be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Gake ne ègblɔ wò dzimenyawo na wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò nuxaxawo nu be woagawu tsɔtsɔ na wò o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 18:24.
Ŋlɔ wo ɖi. Ŋlɔ nu tso dziwòla si ku la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nu kawoe dzɔa dzi na wò tso eŋu si dzi nèɖoa ŋkui? Ŋlɔ nu nyui mawo ɖi. Eƒe nɔnɔme nyui mawo dometɔ kae nàdi be yeasrɔ̃ le wò agbe me?
Le kpɔɖeŋu me, ne susu manyomanyowo le fu ɖem na wò, abe nya manyomanyo aɖe si nègblɔ ɖe dziwòlaa ŋu hafi wòku ene la, ŋlɔ wò seselelãmewo ɖi eye nàŋlɔ nu si ta nèle sesem le ɖokuiwò me nenema hã ɖi. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aŋlɔ be “etena ɖe dzinye be le ŋkeke si do ŋgɔ na fofonye ƒe ku la, meʋli nya kplii.”
Azɔ kpɔe ɖa be asɔ be nànɔ fɔ bum ɖokuiwò hã? Agbalẽ aɖe (The Grieving Teen) gblɔ be: “Màte ŋu abu fɔ ɖokuiwò be madzɔ gbeɖe be yeawɔ nane si tae yeaɖe kuku ɖo o. Masɔ be woasusu gbeɖe be mele be ame nagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si ta wòava ɖe kuku ɖo o.”
Lé be na ɖokuiwò. Dɔ alɔ̃ nyuie, de kame edziedzi, ɖu nu si me amenyinu le. Ne medzro wò be yeaɖu nu o la, ke ɖu numeɖenu siwo me amenyinu le le ŋkeke bliboa me tsɔ wu be nàɖu nu kpekpe, wɔ esia va se ɖe esime wòadzro wò be yeaɖu nu. Mègatsi wò nuxaxa nu kple nuɖuɖu siwo me amenyinu mele o alo anɔ aha muame nom o, ɖeko wòagblẽ nyaa ɖe edzi.
Do gbe ɖa na Mawu. Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.” (Psalmo 55:22) Menye ɖeko gbedodoɖa nana ame ƒe susu dzea akɔ anyi ko o. Enye nuƒoƒo kple Mawu, “ame si faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.”
Mɔ aɖe si dzi Mawu tona faa akɔ na ame siwo le nu xam lae nye to eƒe Nya, Biblia la dzi. Ðe manyo be nàdzro nu si Biblia fia tso nɔnɔme si me ame kukuwo le kple tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu me oa *?—Biblia ƒe mɔfiame: Psalmo 94:19.
^ mm. 4 Àte ŋu axlẽ nu tso nu si dzɔ ɖe Dami, Derrick kple Jeannie dzi le nyati si kplɔ esia ɖo la me.
^ mm. 5 Togbɔ be nyati sia ƒo nu tso ame dzila ƒe ku ŋu hã la, mɔfiame siawo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ne ame nɔvi alo ame xɔlɔ̃ ku.
^ mm. 19 Kpɔ Gbetakpɔxɔ No. 3 2016, axa 3-8. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org femaxee. Àkpɔe le AGBALẼWO.