Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Dziƒo

Dziƒo

Susu vovovowoe le amewo si tso dziƒo ŋu, eye wohea nya tsoa teƒe si tɔgbi wònye ŋu. Ke hã, nu si Biblia fia tso dziƒo ŋu to vovo kura na nu siwo wofiana ame geɖewo tso eŋu.

Teƒe kae dziƒo nye?

NYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA

Dzixɔse vovovowoe le amewo si ku ɖe dziƒo ŋu eye taɖodzinu si le eŋu hã le vovovo. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la alɔ̃ ɖe nya siwo Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be, dziƒo nye “ame kɔkɔe siwo ku le Aƒetɔ la me la ƒe nɔƒe” la dzi.

  • Bentzion Kravitz si nye Yuda-subɔsubɔha ƒe Rabi gblɔ be Yuda-subɔsubɔha ƒoa nu tsoa agbe si wole fifia ŋu wu agbe si woava nɔ le dziƒo ŋu. Gake edo susu ɖa be, “luʋɔ la kpɔa dzidzɔ geɖe le dziƒo—enyea dzidzɔ manyagblɔ kple sese le ame ɖokui me be yete ɖe Mawu ŋu wu ale si wònɔ esime yenɔ anyigba dzi.” Gake Kravitz lɔ̃ ɖe edzi be “togbɔ be Yuda-subɔsubɔha me tɔwo xɔe se be dziƒo li hã la, Torah si nye woƒe agbalẽ la meƒo nu boo aɖeke tso eŋu o.”

  • Hindutɔwo kple Buddhatɔwo xɔe se be dziƒoyiyi li le go vovovowo me. Enye teƒe aɖe si ame va nɔna sẽ emegbe woagbugbɔ adzii ɖe anyigba dzi loo alo wòayi teƒe si woyɔna be Nirvana alo wòaɖo blibodede gbɔ le Buddha subɔsubɔha me—afi si gade ŋgɔ wu dziƒo.

  • Ame aɖewo mexɔ subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo ku ɖe dziƒo ŋu dzi se o, eye wogblɔna be enye ɖevinya si me susu aɖeke mele o.

Susu vovovowoe le amewo si tso dziƒo ŋu

NU SI BIBLIA FIA

Gɔmesese vovovowoe le nya “dziƒo” ŋu le Biblia me. Le kpɔɖe- ŋu me:

  • Biblia gblɔ le 1 Mose 1:20 be, “nuwɔwɔ siwo dzona la nedzo le yame [alo dziƒo] le dziŋgɔlia ŋkume.” Le afi sia la, “dziƒo” fia yamenuto si míekpɔna la.

  • Biblia gblɔ le Yesaya 13:10 be “dziƒoɣletiviwo kple woƒe ɣletivihatsotsowo,” esia fia yamenuto gbahoo la.

  • Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be “nɔwòƒe le dziƒo,” eye wògaƒo nu tso “mawudɔla siwo le dziƒo” la ŋu. (1 Fiawo 8:30; Mateo 18:10) De dzesii be menye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe “dziƒo” si ŋu woƒo nu tsoe la nye o, ke enye nɔƒe ŋutɔŋutɔ si Mawu kple mawudɔlawo le. *

“Do ŋku ɖa tso dziƒo ne nàkpɔ nu, tso wò bubuteƒe kɔkɔ si le kɔkɔe la.”Yesaya 63:15.

 Ðe ame nyuiwo katã yia dziƒo ne wokua?

Biblia mefia nu be míenye amedzrowo le anyigba dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye míayi dziƒo le míaƒe ku megbe o. Biblia na eme kɔ ƒãa be ku menɔ Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo me na amegbetɔwo o. Bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔ be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi.” (1 Mose 1:28) Eya ta Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la nanye amegbetɔwo nɔƒe tegbee. Ne atsu kple asi gbãtɔ gbe toɖoɖo Mawu ko hafi woaku. Nublanuitɔe la, wotiae be yewoagbe toɖoɖo.—1 Mose 2:17; 3:6.

  • Ame gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖoe he ku vɛ na eya ŋutɔ kple srɔ̃a kpakple woƒe dzidzimeviwo katã. (Romatɔwo 5:12) Ðe ema fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na amegbetɔwo oa?

  • Biblia gblɔ be “míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” * (2 Petro 3:13) Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi ana anyigba nagatrɔ azu paradiso ake abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene, “eye ku maganɔ anyi akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dziƒoyiyi ƒe nya gblɔm wole le afi sia loo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe nyae? Ne wogblɔ be nane maganɔ “anyi akpɔ o” la, efia be enɔ anyi va yi. Gake ku menɔ dziƒo kpɔ o. Eya ta susu le eme be mawunyakpukpui ma ku ɖe nu si adzɔ le anyigba dzi la ŋu, afi si Mawu ɖo be míawo kple míaƒe ame veviwo míanɔ. Biblia gblɔ hã be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre woagava wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo.—Yohanes 5:28, 29.

Ame geɖewo kpɔ dzidzɔ esi wosrɔ̃ nu si tututu Biblia fia ku ɖe dziƒo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, George si nye Katolikotɔ tsã gblɔ be: “Nu si Biblia fia ku ɖe agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ŋu la fa akɔ nam. Susu le eme nam wu dziƒoyiyi.” *

“Dziƒo nye Yehowa tɔ, Ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”Psalmo 115:16.

^ mm. 13 Le nyateƒe me la, menye amegbetɔe Mawu nye o ke boŋ gbɔgbɔe wònye. (Yohanes 4:24) Eya ta gbɔgbɔmexexe mee wòle ke menye afi si amegbetɔwo ƒe ŋkuwo ate ŋu akpɔ o.

^ mm. 19 Nya “anyigba yeye” mefia ɣletinyigba yeye si woawɔ o, ke boŋ enye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si le tsitre ɖi na ame siwo le anyigba dzi siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo.—Psalmo 66:4.

^ mm. 20 Biblia fia nu be le Mawu Fiaɖuƒea me la, amegbetɔ ʋɛ aɖewo siwo ƒe xexlẽme nye 144,000 koe wotia be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo.—1 Petro 1:3, 4; Nyaɖeɖefia 14:1.