Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Liechtenstein

Tsaɖiɖi Yi Liechtenstein

DUKƆ sia nye dukɔ siwo le sue wu le xexea me la dometɔ ɖeka, eye wòle to siwo le Switzerland kple Austria dome la dome. Le ƒe alafa siwo va yi me la, Celttɔwo, Rhaettɔwo, Romatɔwo kple Alemantɔwo nɔ nuto sia me kpɔ. Liechtensteintɔ eve le etɔ̃ me nye Alemantɔ siwo nɔ afi ma ƒe 1,500 va yi la ƒe dzidzimeviwo.

Germangbe koŋ ye wodona le dukɔa me, togbɔ be nutoa me tɔwo doa gbe vovovowo le kɔƒenutowo me hã. Woƒe nuɖuɖu veviwoe nye Tüarka-Rebel, si wotsɔ bli wɔ, eye evelia nye Käsknöpfle, si wotsɔ makaroni kple notsi babla wɔ.

Käsknöpfle

Nutoa me tɔwo ƒe awudodo

Ne tsaɖilawo le tsa ɖim le dukɔa me la, wokpɔa to siwo dzi sno xɔ, bali siwo me gbe damawo le, wainbɔwo kple seƒoƒo vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ sue sia si le towo dome me la, àkpɔ seƒoƒo vovovo 50 siwo le gbe me. Blemanudzraɖoƒewo, fefewɔƒewo kple wainwɔƒewo hã le Liechtenstein dukɔa me. Esia ta amewo ɖia tsa yia dukɔ sia me le vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli siaa.

Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le Liechtenstein tso ƒe 1920-awo me ke. Fifia Ðasefo 90 ye le afi ma le Biblia me gbedeasia fiam nutoa me tɔwo kple tsaɖilawo siaa.