Wò Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔa Nehe Kafukafu Vɛ Na Yehowa!
“Mikafu Yehowa, . . . elabe dukɔ la tsɔ eɖokui na faa!”—ƲƆN. 5:2.
1, 2. (a) Nya kae Elifaz kple Bildad gblɔ tso ale si Mawu bua míaƒe subɔsubɔe ŋu? (b) Aleke Yehowa na míenya eƒe susu le nya sia ŋu?
“ÐE AME ate ŋu anye viɖenu na Mawua? Ðe viɖe le ame si si gɔmesese deto le la ŋu nɛa? Ðe Ŋusẽkatãtɔ la tsɔa ɖe le wò dzɔdzɔenyenye mea? Alo ne fɔɖiɖi mele wò zɔzɔme ŋu o la ɖe wòɖea vi nɛa?” (Hiob 22:1-3) Ðe nèbu ale si woaɖo biabia siawo tɔgbi ŋui ŋu kpɔa? Esime Elifaz Temantɔ la bia nya mawo Hiob la, eya ŋutɔ anya susui be ŋuɖoɖoa ye nye ao. Eƒe zɔhɛ Bildad Suatɔ la gɔ̃ hã gblɔ be manya wɔ be Mawu nabu amegbetɔwo be wole dzɔdzɔe o.—Xlẽ Hiob 25:4.
2 Yeaɖi akɔfala siawo gblɔ be viɖe aɖeke mele agbagba siwo katã míedzena be míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu nɛ o, eye le Mawu ŋkume la, ɖeko míele abe agbagblaʋui, nyévi, alo ŋɔvi ene. (Hiob 4:19; 25:6) Ne míexlẽ Elifaz kple Bildad ƒe nyawo zi gbãtɔ la, ɖewohĩ míaƒo nya ta be woɖe ɖokuibɔbɔ fia. (Hiob 22:29) Alo ɖe menye nyateƒe be ne ame aɖe le to kɔkɔ aɖe tame alo yameʋu me kpɔ anyigba la, amegbetɔwo megaɖia naneke oa? Ke hã, aleae Yehowa bua akpa siwo míewɔna le Fiaɖuƒedɔa me ne elé ŋku ɖe míaƒe dɔwo ŋu tso enɔƒe le dziƒo ʋĩia? Yehowa na míenya eƒe susu le nya sia ŋu esi wòka mo na Elifaz, Bildad kple Zofar ɖe alakpanya siwo wogblɔ la ta, gake ekpɔ ŋudzedze ɖe Hiob ya ŋu eye wòyɔe be “nye subɔla.” (Hiob 42:7, 8) Vavãe, amegbetɔ ate ŋu ‘anye viɖenu na Mawu.’
“NU KA TSƆM NÈLE NƐ?”
3. Nya kae Elihu gblɔ tso agbagba siwo míedzena le Yehowa subɔsubɔ me ŋu, eye nu kae eƒe nyawo fia?
3 Esi Elihu bia be, “Ne èle dzɔdzɔe la, nu ka tsɔm nèle nɛ; alo nu ka xɔm wòle le asiwò?” la, Yehowa meka mo nɛ ɖe esia ta o. (Hiob 35:7) Ðe Elihu ƒe nyaa fia be agbagba siwo míedzena le Mawu subɔsubɔ me la nye dzodzroa? Ao. Nu si wòwɔnɛ ye nye be ne mímesubɔ Yehowa o gɔ̃ hã la, esia magblẽ naneke le eŋu o. Yehowa de blibo le go sia go me. Mímate ŋu ana nu geɖe wu nasu esi alo wòakpɔ ŋusẽ wu o. Ke boŋ nyateƒeae nye be eya gbɔe nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si, ŋutete kple ŋusẽ ɖe sia ɖe si le mía si la tso, eye eléa ŋku ɖe ale si míewɔa wo ŋu dɔe ŋu.
4. Ne míenyo dɔme na amewo la, aleke Yehowa bunɛ?
4 Ne míenyo dɔme na míaƒe haxɔsetɔwo la, Yehowa bunɛ be yee míenyo dɔme na. Lododowo 19:17 gblɔ be: “Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa, eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.” Ðe mawunyakpukpui sia fia be Yehowa dea dzesi dɔmenyo ɖe sia ɖe si míewɔna na ame siwo le hiã mea? Ðe míate ŋu aƒo nya ta be xexea katã Wɔla bunɛ be yenyi fe le mí amegbetɔ tsɛ siwo nyoa dɔme na ame bubuwo la ŋu, eye wòbuna esia be enye nu míedo na ye, si teƒe yeaɖo na mí kple yayra geɖea? Ɛ̃, eye Mawu ŋutɔ ƒe Vi la ɖo kpe nya sia dzi.—Xlẽ Luka 14:13, 14.
5. Biabia kawo me míadzro fifia?
5 Esi Yehowa na mɔnukpɔkpɔ nyagblɔɖila Yesaya be wòaƒo nu ɖe ye nu la, eto esia me ɖee fia be edzɔa dzi nɛ be yeana amegbetɔ wɔnuteƒewo nawɔ akpa aɖe le yeƒe tameɖoɖoa me vava me. (Yes. 6:8-10) Yesaya lɔ̃ faa be yeawɔ dɔ si Yehowa de ye si. Egbea, ame akpe geɖe to woƒe nuwɔna dzi le gbɔgblɔm abe Yesaya ene be, “Nyee nye esi! Dɔm!” Wolɔ̃na faa wɔa subɔsubɔdɔ siwo bia agbagbadzedze kple kutrikuku gɔ̃ hã. Ke hã, ame aɖe abia be: ‘Ðe akpa si mewɔna le veviea? Mekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asinye be matsɔ ɖokuinye ana akpe asi ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la ŋu, ke hã, meɖawɔ geɖe alo nyemewɔ geɖe o, ɖe ŋutete mele Yehowa ŋutɔ si be wòana eƒe Nyaa nava eme oa?’ Bu ale si nu siwo dzɔ le Debora kple Barak ƒe ŋkekea me la ɖo biabia siawo ŋui ŋu kpɔ.
ŊƆDZI LÉ WO TSÃ, GAKE MAWU NA DZI ÐO WO ƑO
6. Vovototo gã kae nɔ Israel-vi siwo nɔ kɔƒewo me kple Yabin ƒe aʋakɔa dome?
6 Kanaantɔwo ƒe Fia Yabin ‘te Israel-viwo ɖe anyi vevie’ ƒe 20 sɔŋ. Ame siwo nɔ kɔƒewo me la nɔ vɔvɔ̃m be yewoado ɖe xexe gɔ̃ hã. Le aʋawɔwɔ ƒe ŋutete gome la, nɔnɔmea mede wo dzi kura o, elabena aʋawɔnu siwo woatsɔ awɔ aʋa alo atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo ta gɔ̃ hã menɔ wo si o, evɔ aʋatasiaɖam 900 siwo ŋu lãnuwo le la nɔ woƒe futɔwo ya si.—Ʋɔn. 4:1-3, 13; 5:6-8. *
7, 8. (a) Nya kawoe Yehowa gblɔ na Barak gbã? (b) Aleke wɔ Israel-viwo ɖu Yabin ƒe aʋakɔa dzi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)
7 Ke hã, Yehowa to nyɔnunyagblɔɖila Debora dzi de se na Barak eme kɔ nyuie be: “Ho yi Tabor To la dzi, nàɖe ame akpe ewo tso Naftali viwo kple Zebulon viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu. Makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋafia kple eƒe aʋatasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔ la vɛ na wò le Kison-tɔsisi la nu, eye matsɔe ade asi na wò.”—Ʋɔn. 4:4-7.
8 Nyaa kaka le dukɔ la dome. Ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ aʋa la va ƒo Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14-16.) Esi wokpe aʋa le Taanak la, kasia tsi kɔ ɖi yoo si wɔe be teƒea katã zu ba finyafinya. Barak ti Sisera ƒe aʋakɔa yome yi keke Haroset ke, abe kilometa 24 sɔŋ ene. Esi Sisera nɔ sisim va ɖo afi aɖe la, eɖe asi le tasiaɖam si ŋu ŋɔdzi nɔ tsã, si ŋu viɖe aɖeke megale o la ŋu, eye wòde afɔ du me yi Zaananim, si anya te ɖe Kedes ŋu. Eyi ɖadi sitsoƒe le Yael, si nye Kenitɔ Heber srɔ̃ ƒe agbadɔ me, eye Yael xɔe nyuie. Esi aʋa la na ɖeɖi te eŋu belibeli ta la, eyi alɔ̃ me ʋĩi. Fifia Sisera tsi asi; ɣeyiɣia de azɔ be Yael nawɔ nu dzinɔameƒotɔe ahawui. (Ʋɔn. 4:17-21) Yehowa na Israel-viwo ɖu woƒe futɔawo dzi! *
ƒu ɖe Tabor To la dzi. Barak wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiaa dzi enumake. (XlẽAME AÐEWO TSƆ WO ÐOKUI NA FAA GAKE AME AÐEWO GBE
9. Nu kae Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:20, 21 ɖe fia tso aʋa si wowɔ kple Sisera ŋu?
9 Enyo be woadzro Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa ƒe ta 4 lia kple ta 5 lia me ɖekae, elabena nyatakaka si medze le ta ɖeka me o la dze le ta kemɛa me. Le kpɔɖeŋu me, Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:20, 21 ka nya ta be: “Ɣletiviwo wɔ aʋa tso dziƒo; wonɔ woƒe mɔwo dzi kpe aʋa kple Sisera. Kison-tɔʋu la kplɔ wo dzoe.” Ðe nya mawo ku ɖe ale si mawudɔlawo na kpekpeɖeŋu Israel-viwo ŋua? Alo ɖe nu siwo le abe ɣletiviwo ene ye dza kɔ ɖe wo dzia? Biblia megblɔe kã o. Gake ne menye Mawue de asi eme o ɖe, ke nu ka gbɔe wòagate ŋu atso be tsi gã ma nadza le teƒe ma tututu le gaƒoƒo ma tututu me ale gbegbe be aʋatasiaɖam 900 sɔŋ naɖo ba? Wohe susu yi Yehowa dzi zi etɔ̃ sɔŋ le Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14, 15 be eya gbɔe dziɖuɖua tso. Israel-vi 10,000-awo dometɔ aɖeke mate ŋu aƒu asi akɔ be ye gbɔe aʋadziɖuɖu sia tso o.
10, 11. Nu kae nye “Meroz,” eye nu ka tae woƒo fi dee?
10 Gake nane ɖe dzesi le Debora kple Barak ƒe aʋadziɖuha si wodzi tsɔ kafu Yehowa ɖe ale si wòna woɖu futɔwo dzi nukutɔe ta la ŋu. Wodzi ha ale: “Yehowa ƒe dɔla be: ‘Neɖi Meroz ŋu, ɛ̃, neɖi emenɔlawo ŋu, elabe womeva kpe ɖe Yehowa ŋu o, womekplɔ kalẽtɔwo ɖo va kpe ɖe Yehowa ŋu o.’”—Ʋɔn. 5:23.
11 Edze ƒãa be fiƒodea ɖi Meroz ŋu ale gbegbe be esesẽ be míanya nu si tututu wònye. Ðe wòanye be du aɖe si me tɔwo gbe be yewomatsɔ yewo ɖokui ana awɔ aʋa o lae wònyea? Ne du si nɔ mɔ si dzi Sisera si toe wònye la, ɖe wòanye be mɔnukpɔkpɔ su dua me tɔwo si be woalée gake woɖe asi le eŋu wòdzoa? Ðe woate ŋu agblɔ be yewomese yɔyɔ si tso Yehowa gbɔ be amewo nayi aʋa la oa? Ame akpe ewo tso nuto si me Meroz nɔ la me va ƒo ƒu na aʋawɔwɔ. Bu eŋu kpɔ be Meroz dua me tɔwo kpɔ aʋafia vɔ̃ɖi ma mɔkpɔkpɔ bu ɖee esime wònɔ sisim to woƒe dua me. Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee nye ema su wo si be woade Yehowa ƒe tameɖoɖo dzi eye wòayra wo hafi. Ke hã, le ɣeyiɣi vevi ma si me mɔnukpɔkpɔa su wo si be woawɔ nane na Yehowa la, ɖe wòanye be wometsɔ ɖeke le eme oa? Ne aleae wowɔ nui la, ke vovototo gã aɖe le woƒe nuwɔnaa kple dzinɔameƒo si Yael ɖe fia, si ŋu nya wogblɔ le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la dome!—Ʋɔn. 5:24-27.
12. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:9, 10 la, vovototo kae dze le amewo ƒe nuwɔna me, eye nufiame kae le esia me na mí egbea?
12 Le Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:9, 10 la, míegakpɔ vovototo aɖe le amewo ƒe nuwɔna me; ame aɖewo lɔ̃ be yewoayi kple Barak, ke ame bubuwo ya gbe be yewomatsɔ yewo ɖokui ana o. Debora kple Barak kafu ‘Israel ƒe kplɔla siwo tsɔ wo ɖokui na faa yi kple dukɔ la.’ Aleke gbegbe nɔnɔme si woɖe fia la to vovo na “ame siwo do tedzinɔ hẽwo,” siwo gbe be yewomayi aʋa o, le esi wonɔ wo ɖokuiwo kpɔm akpa ta lae nye esi! Woɖɔ ame siawo be wonye “ame siwo bɔbɔ nɔ kuntru nyuiwo dzi” kple “ame siwo zɔa mɔ dzi,” le esi wolɔ̃ agbe si me dzidzeme le ta. Gake ame siwo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokuiwo na la yi aʋagbea dzi kple Barak le Tabor To glidzaglidza la dzi kpakple ba finyafinya me le Kison balia me! Eya ta wogblɔ na ame siwo ɖe dzi ɖi la be: “Mibu eŋu kpɔ!” Ɛ̃, ehiã be woade ŋugble le mɔnukpɔkpɔ si to wo ŋu, le esi wogbe be yewomakpe asi ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu o ta, la ŋu. Egbea hã, ehiã be ame siwo le hehem ɖe megbe le Mawu subɔsubɔ bliboe ŋu la nade ŋugble le nu si le wo ŋu tom la ŋu.
13. Aleke nɔnɔme si Ruben, Dan kple Aser ƒe toawo ɖe fia la to vovo na nɔnɔme si Zebulon kple Naftali ƒe toawo ɖe fia?
13 Ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa la ŋutɔ kpɔ ale si Yehowa do eƒe dziɖulanyenye ɖe dzi la teƒe. Wokpɔ nya vavã si ŋu woaƒo nu tsoe, elabena wonɔ “Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo gblɔm.” (Ʋɔn. 5:11) Gake wogblɔ tso Ruben, Dan kple Aser ƒe toawo me tɔwo ya ŋu le Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:15-17 be wotsɔ woƒe susu ɖo woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãmenuwo ŋu wu dɔ si Yehowa na eƒe amewo nɔ wɔwɔm ɣemaɣi, eye esia ƒe nyateƒenyenye dze le woƒe lãhawo, tɔdziʋuwo kple tɔdziʋudzeƒewo, siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui mawo me la me. Zebulon kple Naftali ƒe toawo me tɔwo ya mewɔ nu alea o, ke boŋ ‘wotsɔ woƒe agbe ke ku faa’ be yewoakpe ɖe Debora kple Barak ŋu. (Ʋɔn. 5:18) Ðokuitsɔtsɔna faa ŋuti nufiame vevi aɖe le nɔnɔme vovovo siwo woɖe fia le ŋutinya sia me la me na mí.
“MIKAFU YEHOWA!”
14. Aleke míeɖenɛ fiana be míede Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi egbea?
14 Egbea, womebia tso mía si be míatsɔ lãnuwo ayi aʋa o, ke hã, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míawɔ nu kple dzideƒo to gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe me. Hiahiã geɖe li be amewo natsɔ wo ɖokuiwo ana faa le Yehowa ƒe habɔbɔa me fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu miliɔn geɖe siwo dome sɔhɛwo hã le la tsɔ wo ɖokuiwo na faa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ Heb. 6:10.
vovovoawo me. Wo dometɔ aɖewo nye mɔɖelawo, ɖewo nye Betel dɔwɔlawo, bubuwo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me, eye ɖewo hã tsɔa wo ɖokuiwo nana faa kpea asi ɖe dɔ ŋu le takpekpe suewo kple gãwo me. Bu hamemetsitsi siwo nye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo kple takpekpedɔ dzi kpɔlawo siwo le agbanɔamedzi kpekpewo tsɔm la ŋu kpɔ. Ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ si nèɖena fiana la ŋu ale gbegbe, eye maŋlɔe be akpɔ o.—15. Nu kae ana míanya nenye be míegatsɔa dzo ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu o?
15 Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mele hehem ɖe megbe esime ame bubuwo le Yehowa ƒe dɔa ƒe akpa gãtɔ wɔma? Ðe meɖe mɔ be dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu akpa wɔe be nye ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔa nu le tsitsima? Abe ale si Barak, Debora, Yael kple ame 10,000 siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa wɔe ene la, ɖe xɔse kple dzideƒo le asinye be mawɔ nu sia nu si le asinye la ŋu dɔ atsɔ awɔ nu si Yehowa di tso asinyea? Ne mele eɖom be maʋu ayi du alo dukɔ bubu me kple susu be ganyawo nade dzinye la, ɖe mele gbe dom ɖa hele ŋugble dem le ŋusẽ si esia akpɔ ɖe nye ƒomea kple hamea dzi ŋua?’ *
16. Nu kae míate ŋu ana Yehowa si mele esi xoxo o?
16 Yehowa de bubu mía ŋu esi wòɖe mɔ na mí be míawɔ akpa aɖe atsɔ aɖee afia be míede yeƒe dziɖulanyenye dzi. Tso Adam kple Xawa ƒe ɣeyiɣia me kee Satana di be amewo nawɔ ɖeka kpli ye atsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Eya ta, ne míede Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi la, míeɖenɛ fiana Satana kɔtɛ be Mawu ƒe akpa dzie míele. Xɔse kple nuteƒewɔwɔ si ʋãa wò be nàtsɔ ɖokuiwò ana la dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. (Lod. 23:15, 16) Ne míeɖenɛ fiana be míele eƒe akpa dzi la, enana wòɖoa nya ŋu na Satana si le alɔme ɖem le eŋu. (Lod. 27:11) Eya ta, ne èɖoa to Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, ekema èle nane si wòbua nu xɔasii la tsɔm nɛ, eye esia dzɔa dzi nɛ ŋutɔ.
17. Nu kae Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:31 na míenya ku ɖe nu si adzɔ le etsɔme ŋu?
17 Eteƒe madidi o, ame siwo lɔ̃ be Yehowa ɖeɖe dzaa nanye yewo dzi ɖula la axɔ anyigba bliboa dzi. Aleke gbegbe míele mɔ kpɔm na ŋkeke mae nye esi! Míaƒe susu wɔ ɖeka kple Debora kple Barak tɔ esi wodzi ha be: “Wò futɔwo katã nu neyi, gake na ame siwo lɔ̃a wò la nanɔ abe ɣe si dze le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me ene.” (Ʋɔn. 5:31) Yehowa ana nya sia nava eme ne eva ɖe Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa! Ne Armagedon-ʋaa fe ati la, mahiã be míakpe asi ɖe aʋa la ŋu be woaɖu futɔ la dzi o. Ke boŋ ɣemaɣie ‘míatɔ ɖe mía nɔƒewo keŋ akpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na míi.’ (2 Kron. 20:17) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mɔnukpɔkpɔ geɖe le ʋuʋu ɖi na mí be míatsɔ dzinɔameƒo ade Yehowa ƒe akpa dzi dzonɔamemetɔe.
18. Aleke wò ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔa ate ŋu aɖe vi na ame bubuwo?
18 Nya si Debora kple Barak tsɔ dze woƒe aʋadziɖuhaa gɔmee nye: “Mikafu Yehowa, . . . elabe dukɔ la tsɔ eɖokui na faa!” Dziƒoʋĩtɔ lae wodzi haa na, ke menye na ame bubu aɖeke o. (Ʋɔn. 5:1, 2) Neva eme be egbea hã, wò ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ la naʋã ame siwo katã wòɖea vi na la be ‘woakafu Yehowa!’
^ mm. 6 Lãnu mawo nɔ abe yi ɖaɖɛ lɔbɔɔwo ene, eye ɣeaɖewoɣi la, wowɔa wo woxana gobaa. Anɔ eme be wotsi lãnuawo ɖe tasiaɖamfɔawo ŋu le titina eye wotrona ne tasiaɖam la le zɔ ɖem. Ame kae ake atse ate ɖe aʋawɔnu dziŋɔ ma ŋu?
^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Metso Abe Vidada Ene Le Israel,” si dze le August 1, 2015, ƒe Gbetakpɔxɔ me be nàkpɔ ŋutinya sia me numeɖeɖe wɔdɔɖeamedzi bubuwo.
^ mm. 15 Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Dzimaɖitsitsi Le Gakuxiwo Ta,” si dze le July 1, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me.