Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miyi Edzi Mianɔ Dzi Dem Ƒo Na Mia Nɔewo Gbe Sia Gbe”

“Miyi Edzi Mianɔ Dzi Dem Ƒo Na Mia Nɔewo Gbe Sia Gbe”

“Ne dzideƒonamenya aɖe le mia si na amehaa la, migblɔe.”DƆW. 13:15.

HADZIDZI: 121, 45

1, 2. Ðe nu si tae dzidede ƒo na ame le vevie la me.

CRISTINA [1] si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Dzinyelawo medea dzi ƒo nam kura o, gake wohea nya ɖe ŋunye zi geɖe. Eye woƒe nyawo vea dzi nam ale gbegbe. Wogblɔna be mewɔa ɖevinu, nyemele nu nya ge gbeɖe o, eye melolo akpa. Eya ta mefaa avi zi geɖe eye nyemedina be maƒo nu kpli wo o. Ewɔna nam be nyemele ɖeke me kura o.” Kpɔ ale si gbegbe agbea asesẽe ne mímedea dzi ƒo na mía nɔewo o ɖa!

2 Dzidede ƒo na ame doa ŋusẽ ame. Rubén gblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o, eye mewɔ avu kple seselelãme ma ƒe geɖe. Gake gbe ɖeka, esi nye kple hamemetsitsi aɖe míenɔ gbeadzi la, ede dzesii be dzi menɔ dzɔyem tututu o. Eɖo to se nye nyawo veveseɖeamenutɔe. Eye wòɖo ŋku dɔ nyui siwo wɔm mele dzi nam. Egaɖo ŋku nya siwo Yesu gblɔ dzi nam be—mía dometɔ ɖe sia ɖe xɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo. Meɖoa ŋku mawunyakpukpui ma dzi zi geɖe, eye egawɔa dɔ ɖe dzinye kokoko. Hamemetsitsia ƒe nyawo de dzi ƒo nam ale gbegbe.”—Mat. 10:31.

3. (a) Nu kae apostolo Paulo gblɔ tso dzidede ƒo na ame ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

 3 Mele be wòawɔ nuku na mí be Biblia te gbe ɖe ale si gbegbe wòhiã be míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo be: “Mikpɔ nyuie be dzi vɔ̃ɖi maxɔse nagaɖo mia dometɔ aɖeke me, le esi wòle tetem ɖa le Mawu gbagbe la gbɔ ta o; ke boŋ miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, . . . ale be nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ nagana mia dometɔ aɖeke ƒe dzi me nasẽ o.” (Heb. 3:12, 13) Àkpɔ ale si dzidede ƒo na ame le vevie adze sii ne èɖo ŋku ɣeyiɣi si me ame aɖe ƒe dzideƒonyawo na ŋusẽ gaɖo ŋuwò la dzi. Eya ta mina míadzro biabia siawo me: Nu ka tae dzidede ƒo na ame le vevie? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa, Yesu kple Paulo de dzi ƒo na amewoe me? Eye aleke míawɔ be míaƒe dzideƒonyawo nade dzi gbɔ na ame?

EHIÃ BE WOADE DZI ƑO NA MÍ KATÃ

4. Ame kawoe wòhiã be woade dzi ƒo na, ke nu ka tae dzidede ƒo na ame megabɔ egbea o?

4 Le nyateƒe me la, ehiã be woade dzi ƒo na mí katã. Eye ele vevie ŋutɔ be dzilawo nanɔ dzi dem ƒo na wo viwo. Timothy Evans si nye nufiala gblɔ be: “Dzidede ƒo na ɖeviwo le vevie . . . abe ale si ko wòle vevie be woanɔ tsi dem nu miemiewo ene. Dzidede ƒo na ɖeviwo nana wokpɔnɛ be wodea asixɔxɔ yewo ŋu eye wotsɔ ɖe le eme na yewo.” Gake ɣeyiɣi sesẽwo mee míele. Amewo nye ɖokuitɔdilawo, womelɔ̃a ame ƒe nya o, eye ƒãa hafi wodea dzi ƒo na ame. (2 Tim. 3:1-5) Dzila aɖewo mekafua wo viwo o, elabe wo dzilawo mekafu wo kpɔ o. Dɔtɔ geɖewo mekafua woƒe dɔwɔviwo o, eya ta dɔwɔviawo faa konyi be womedea dzi ƒo na yewo o.

5. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na amewo?

5 Dzidede ƒo na ame bia be míakafu ame ɖe nu nyui aɖe si wòwɔ ta. Míagate ŋu ade dzi ƒo na amewo ne míeka ɖe edzi na wo be nɔnɔme nyuiwo le wo si alo ne míefa akɔ na “ame siwo ƒo dzi ɖe le.” (1 Tes. 5:14, etenuŋɔŋlɔa.) Helagbe me nya si gɔme woɖena zi geɖe be “dzidede ƒo na ame” fia “ameyɔyɔ va ame ɖokui gbɔ.” Esi míele subɔsubɔm kple mía nɔviwo ɖekae ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míade dzi ƒo na mía nɔewo. (Xlẽ Nyagblɔla 4:9, 10.) Ðe míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nana amewo nyana nu siwo ta míelɔ̃ wo ɖo kple ale si gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋua? Hafi míaɖo biabia sia ŋu la, anyo be míade ŋugble le lododo sia ŋu: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!”—Lod. 15:23.

6. Nu ka tae Abosam dina be yeaɖe dzi le mía ƒo? Wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu.

6 Satana Abosam dina be yeaɖe dzi le mía ƒo, elabena enya be dziɖeleameƒo ate ŋu ana míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye wòagblẽ nu le mía ŋu le mɔ bubuwo hã nu. Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” Satana he fukpekpe geɖe va Hiob dzi eye wòna amewo tso enu kple susu be dzi naɖe le Hiob si nye ame dzɔdzɔe la ƒo, gake eƒe tameɖoɖo vɔ̃ ma medze edzi o. (Hiob 2:3; 22:3; 27:5) Míate ŋu akpe akɔ kple Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃awo ne míedea dzi ƒo na míaƒe ƒomea me tɔwo kple nɔvi siwo le hamea me. Esia ana míaƒe ƒomea kple Fiaɖuƒe Akpataa me nanye afi si míekpɔa dzidzɔ henɔa dedie le.

DZIDEDE ƑO NA AME ƑE KPƆÐEŊU SIWO LE BIBLIA ME

7, 8. (a) Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yehowa bua dzidede ƒo na ame nu vevii? (b) Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Yehowa. Hakpalaa gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le.” (Ps.  34:18, etenuŋɔŋlɔa.) Esi vɔvɔ̃ ɖo Yeremiya eye dzi ɖe le eƒo la, Yehowa na dzi ɖo nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia ƒo. (Yer. 1:6-10) Eye kpɔ ale si dzi aɖo nyagblɔɖila Daniel si ku amegã la ƒo esi Mawu dɔ mawudɔla aɖe wòva do ŋusẽe la ɖa. Mawudɔla ma yɔ Daniel be “ame vevi,” alo “ame si ŋu wodea bubui vevie.” (Dan. 10:8, 11, 18, 19; etenuŋɔŋlɔa.) Ðe wò hã àte ŋu ade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo, mɔɖelawo kple nɔvi tsitsi siwo ƒe lãme le gbɔdzɔgbɔdzɔm la?

8 Mawu mebui be esi ye kple ye Vi lɔlɔ̃a yewowɔ dɔ ɖekae ƒe gbogbo aɖewo ta la, mehiã be yeakafu Yesu ahade dzi ƒo nɛ esime wònɔ anyigba dzi o. Ke boŋ, zi eve sɔŋ Yesu se Fofoa ƒe gbe tso dziƒo be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mat. 3:17; 17:5) Mawu to esia dzi kafu Yesu heka ɖe edzi nɛ be enɔ dɔ nyui wɔm. Dzi anya ɖo Yesu ƒo ŋutɔ esi wòse nya siawo zi eve—gbã, le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze, eye evelia, le eƒe anyigbadzinɔɣi ƒe ƒe mamlɛtɔ me. Yehowa gadɔ mawudɔla wòva do ŋusẽ Yesu esi wònɔ nu xam vevie le zã si do ŋgɔ na eƒe kua me. (Luka 22:43) Ne dzilawoe míenye la, mina míasrɔ̃ Yehowa anɔ dzi dem ƒo na mía viwo edziedzi ahanɔ wo kafum ne wole agbagba dzem. Eye ele hã be míakpe ɖe wo ŋu geɖe wu ne wole xɔse ƒe dodokpɔwo me tom enuenu le suku.

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu me?

9 Yesu. Le zã si Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi me la, ekpɔ nɔnɔme gbegblẽ aɖe si nye dada le eƒe apostoloawo ŋu. Yesu klɔ woƒe afɔwo ŋu ɖokuibɔbɔtɔe, gake woganɔ nya ʋlim kokoko le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti; eye Petro hã ka ɖe eɖokui dzi fũu akpa. (Luka 22:24, 33, 34) Ke hã, Yesu kafu eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ɖe ale si woku ɖe ye ŋu le yeƒe tetekpɔwo me ta. Egblɔ be woava wɔ dɔ si lolo wu esiwo yewɔ eye wòka ɖe edzi na wo be Mawu melɔ̃a nu le wo gbɔ o. (Luka 22:28; Yoh. 14:12; 16:27) Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe manyo be masrɔ̃ Yesu anɔ vinyewo kple ame bubuwo kafum ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta tsɔ wu be nye susu nanɔ woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo boŋ ŋu oa?’

10, 11. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be dzidede ƒo na amewo nɔ vevie na ye?

10 Apostolo Paulo. Apostolo Paulo ŋlɔ nu nyuiwo tso ehati Kristotɔwo ŋu le eƒe lɛtawo me. Ewɔ dɔ kple wo dometɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe geɖe eye kakaɖedzitɔe la, enya woƒe vodadawo, gake eƒo nu nyui tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ tso Timoteo ŋu be ‘enye ye vi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me,’ ame si akpɔ Kristotɔ bubuwo ƒe nyawo gbɔ ale si dze. (1 Kor. 4:17; Flp. 2:19, 20) Apostoloa kafu Tito le agbalẽ si wòŋlɔ na Korinto hamea me esi wògblɔ tso eŋu be yeƒe “zɔhɛ kple hadɔwɔlae wònye le [woƒe] nyonyo ta.” (2 Kor. 8:23) Aleke gbegbee dzi anya ɖo Timoteo kple Tito ƒo ye nye esi esime wova se nya siwo Paulo ŋlɔ tso wo ŋu la!

11 Paulo kple Barnaba de woƒe agbe afɔku me hetrɔ yi teƒe siwo amewo de wo wu ge kloe le. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be zazɛ̃nyahelawo tsi tsitre ɖe wo ŋu esime wonɔ Listra hã, wotrɔ yi du ma me kple susu be yewoade dzi ƒo na nusrɔ̃la yeyewo be woayi edzi anɔ xɔse la me. (Dɔw. 14:19-22) Le Efeso la, ameha aɖe si do adã vevie la tsi tsitre ɖe Paulo ŋu. Dɔwɔwɔwo 20:1, 2 gblɔ be: “Esi hoowɔwɔa nu tso la, Paulo na woyɔ nusrɔ̃lawo vɛ, eye esi wòde dzi ƒo na wo heklã wo vɔ la, edze mɔ ɖo ta Makedonia. Esi wòto nuto mawo me hede dzi ƒo na ame siwo le afi ma kple nya geɖewo vɔ la, eva ɖo Hela nutowo me.” Dzidede ƒo na amewo nɔ vevie na Paulo vavã.

 MIDE DZI ƑO NA MIA NƆEWO

12. Nu ka tae míaƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míade dzi ƒo na mía nɔewo?

12 Susu ɖeka si tae mía Fofo si le dziƒo la wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be míanɔ ƒu ƒom ɖekae edziedzie nye be míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Abe ale si Yesu yomedzela gbãtɔawo wɔe ene la, míekpena ɖekae ale be míasrɔ̃ nu ahade dzi ƒo na mía nɔewo. (1 Kor. 14:31) Cristina, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be: “Nu si dzɔa dzi nam wu le kpekpeawo ŋue nye lɔlɔ̃ si nɔviwo ɖena fianam kple dzideƒonya siwo mesena le afi ma. Ɣeaɖewoɣia, meléa blanui hafi ɖoa Fiaɖuƒe Akpataa me. Gake nɔvinyɔnuawo tena ɖe ŋunye, wowɔa atuu nam, eye wogblɔna be menya le kpɔkpɔm ŋutɔ. Wogblɔna nam be yewolɔ̃m eye yewokpɔa dzidzɔ ɖe ale si mele ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me la ŋu. Woƒe dzideƒonyawo nana nye dzi dzea eme ale gbegbe!” Aleke gbegbee wòɖea vi ye nye esi ne mí katã ‘míedea dzi ƒo na mía nɔewo’!—Rom. 1:11, 12.

13. Nu ka tae wòhiã be míade dzi ƒo na Mawu subɔla kpɔnuteƒewo?

13 Ehiã be woade dzi ƒo na Mawu subɔla kpɔnuteƒewo gɔ̃ hã. Bu Yosua ŋu kpɔ. Esubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe. Ke hã, Yehowa gblɔ na Mose be wòade dzi ƒo nɛ, esi wògblɔ be: “De dɔ asi na Yosua, de dzi ƒo nɛ, eye nàdo ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ atso tɔ la, eye eyae ana woanyi anyigba si nàkpɔ la dome.” (5 Mose 3:27, 28) Yosua ava tsɔ agbanɔamedzi gã si nye be wòaxɔ ŋgɔ na Israel-viwo woawɔ aʋa axɔ Ŋugbedodonyigba la. Ado go kplamatsɛdonuwo, eye woaɖu wo dzi le aʋa zi ɖeka ya teti. (Yos. 7:1-9) Eya ta mewɔ nuku o be ehiã be woade dzi ƒo na Yosua ahado ŋusẽe! Eya ta mina míade dzi ƒo na hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlawo hã—elabena wole dɔ wɔm vevie le be lém na Mawu ƒe alẽhaa. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.) Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, nɔviwo nana akpedalɛta siwo me woŋlɔ ale si wose vivi na míaƒe sasrãkpɔa ɖo la mí. Míedzraa lɛta siawo ɖo eye míexlẽa wo ne dzi ɖe le mía ƒo. Lɛta siawo me nyawo dea dzi ƒo na mí ale gbegbe.”

Mía viwo kpɔa dzidzɔ ne míedea dzi ƒo na wo vividoɖeameŋutɔe (Kpɔ memama 14)

14. Nu kae ɖee fia be amekafukafu kple dzideƒonyawo nana aɖaŋuɖoɖo dea dzi gbɔ na ame?

14 Dzila Kristotɔwo kple hamemetsitsiwo kpɔe be dzidede ƒo na amewo kple amewo kafukafu wɔnɛ be wolɔ̃na faa wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Esi Paulo kafu Korinto nɔviawo le esi wowɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ta la, esia anya de dzi ƒo na wo be woayi edzi awɔ nu si le eteƒe. (2 Kor. 7:8-11) Andreas, si nye vifofo si si vi eve le la gblɔ be: “Dzidede ƒo na ɖeviwo kpena ɖe wo ŋu wotena ɖe Mawu ŋu eye wotsina le susu me. Ðeviwo alɔ̃ faa awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo dzi ne wode dzi ƒo na wo.  Togbɔ be mía viwo nya nu si nyo hã la, dzidede ƒo na wo enuenu wɔnɛ be wodina be yewoawɔ nu si le eteƒe ɣesiaɣi.”

ALE SI NÀDE DZI ƑO NA AME WÒAÐE VI GEÐE

15. Nu kae míate ŋu awɔ be míade dzi ƒo na mía nɔviwo?

15 Na hati Kristotɔwo nanya be yekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo kple nɔnɔme nyuiwo ŋu. (2 Kron. 16:9; Hiob 1:8) Yehowa kple Yesu siaa dea asixɔxɔ gã nu sia nu si míewɔna tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒedɔwo ŋu, ne nɔnɔme siwo me míele meɖea mɔ na mí míewɔa geɖe o gɔ̃ hã. (Xlẽ Luka 21:1-4; 2 Korintotɔwo 8:12.) Le kpɔɖeŋu me, nɔvi tsitsi siwo le mía dome la dometɔ aɖewo dzea agbagba vevie dea gbeadzi kple kpekpeawo edziedzi hekpɔa gome le wo me. Ðe manyo be míanɔ wo kafum ahanɔ dzi dem ƒo na wo oa?

16. Nu ka tae mele be míahe ɖe megbe le dzidede ƒo na amewo me o?

16 Wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ nàde dzi ƒo na nɔviwo. Ne èkpɔe be nɔvi aɖe wɔ nane si dze na kafukafu la, ekema kafui. Bu nu si dzɔ esime Paulo kple Barnaba nɔ Antiokia le Pisidia ŋu kpɔ. Ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo gblɔ na wo be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, ne dzideƒonamenya aɖe le mia si na amehaa la, migblɔe.” Esia wɔe be Paulo ƒo nuƒo ʋãme aɖe. (Dɔw. 13:13-16, 42-44) Ne dzideƒonya aɖe le mía si la, ɖe manyo be míaɖee agblɔ oa? Míava kpɔe be ne míelɔ̃a dzidede ƒo na amewo la, amewo ade dzi ƒo na míawo hã nenema ke.—Luka 6:38.

17. Nu kae ana míaƒe dzideƒonyawo nawɔ dɔ ɖe ame dzi?

17 Neku ɖe nane koŋ ŋu eye wòatso dzi me na wò. Nyawo gbɔgblɔ gbadzaa ko atsɔ ade dzi ƒo na ame alo akafu ame nyo ya, gake nya si Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la ɖee fia be eɖea vi geɖe wu ne míaƒe nyawo ku ɖe nane koŋ ŋu. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:18, 19.) Le kpɔɖeŋu me, ne dzilawoe míenye la, míate ŋu agblɔ nu si koŋ doa dzidzɔ na mí le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si wɔm mía viwo le ŋu na wo. Míate ŋu ana nɔvinyɔnu dzilaɖekɛ aɖe nanya nu si koŋ wɔa dɔ ɖe mía dzi le agbagba siwo dzem wòle le viawo hehe me togbɔ nɔnɔmeawo mede edzi o hã. Kafukafu kple dzideƒonya mawo tɔgbi tea ŋu ɖea vi geɖe!

18, 19. Aleke míawɔ atu ame siwo wòhiã be míade dzi ƒo na la ɖo?

18 Enye nyateƒe be Yehowa magblɔ na mí tẽe be míade dzi ƒo na nɔvi aɖe abe ale si wògblɔe na Mose be wòade dzi ƒo na Yosua ahado ŋusẽe ene ya o. Ke hã, edzea Mawu ŋu ne míedea dzi ƒo na mía nɔvi haxɔsetɔwo kple ame bubuwo. (Lod. 19:17; Heb. 12:12) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu agblɔ ale si nɔvi aɖe ƒe dutoƒonuƒo na míekpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖe si míehiã alo ale si wòna míese mawunyakpukpui aɖe gɔme. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ agbalẽ na nɔviŋutsu aɖe si wokpe wòva ƒo nuƒo le woƒe hamea me be: “Togbɔ be miniti ʋɛ aɖewo koe míeɖo dze hã la, ède dzesii be nu te ɖe dzinye eye nèfa akɔ nam hede dzi ƒo nam. Medi be nànya be ale si nèƒo nu ameŋububutɔe le kplɔ̃ta kple míaƒe dzeɖoɖoa me siaa na mese le ɖokuinye me be Yehowa na nu nyui aɖem.”

19 Ne míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo be, “Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo, abe ale si ko miele ewɔm vavã hã ene” dzi la, míakpɔ mɔ vovovo siwo dzi míato ade dzi ƒo na ame bubuwo ahatu wo ɖo le gbɔgbɔ me godoo. (1 Tes. 5:11) Mí katã míadze Yehowa ŋu godoo ne ‘míeyi edzi le dzi dem ƒo na mía nɔewo gbe sia gbe.’

^ [1] (memama 1) Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.