NUSƆSRƆ̃NYATI 24
Mu Tamebubu Siwo Xea Mɔ Ðe Mawu Ŋuti Sidzedze Nu La Ƒu Anyi!
“Míele tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, [siwo] xea mɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze nu la mum ƒu anyi.”—2 KOR. 10:5.
HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa
NYA VEVIAWO *
1. Nuxlɔ̃amenya kae apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo?
APOSTOLO PAULO xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ŋkubiãtɔe be: “Midzudzɔ.” Nu kae wòdi be woadzudzɔ? Egblɔ na wo be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.” (Rom. 12:2) Nu ka tae wòxlɔ̃ nu ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu eye Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo la ŋkubiãtɔe nenema?—Rom. 1:7.
2-3. Aleke Satana dzea agbagba be míake ɖi Yehowa ƒe mɔfiafiawo, gake nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ alo susu manyomanyo ɖe sia ɖe si “li ke sesĩe” ɖe mía me la ŋu?
2 Paulo tsi dzi ɖe Kristotɔawo ŋu, elabe edze abe nuŋububu gbegblẽwo kple xexemenunya siwo Satana ƒe xexea dona ɖe ŋgɔ la nɔ nu gblẽm le wo dometɔ aɖewo ŋu ene. (Ef. 4:17-19) Esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esi Satana, si nye xexe sia ƒe mawu la, le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeate mí ɖa le Yehowa ŋu ta la, etoa ayemɔ vovovowo dzi be yeana míake ɖi Yehowa ƒe mɔwo. Eƒe ayemɔawo dometɔ ɖekae nye ale si wòwɔa didi ɖe sia ɖe si anɔ mía me be míado mía ɖokui ɖe dzi alo míati taɖodzinu siwo doa dzidzɔ na míawo ŋutɔwo yome la ŋu dɔ. Ate ŋu awɔ nu siwo me míeto le agbe me, míaƒe dekɔnuwo, hehe si míexɔ alo míaƒe sukudede gɔ̃ hã ŋu dɔ atsɔ awɔe be míava nɔ nuwo ŋu bum abe ye ene.
3 Gake, ɖe wòanya wɔ be míaɖe asi le nuŋububu siwo “li ke 2 Kor. 10:4) Kpɔ ale si Paulo ɖo eŋui ɖa; egblɔ be: “Míele tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, [siwo] xea mɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze nu la mum ƒu anyi, eye míeɖea aboyo tamesusu ɖe sia ɖe be míana wòaɖo to Kristo la.” (2 Kor. 10:5) Ɛ̃, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu nuŋububu gbegblẽ ɖe sia ɖe dzi keŋkeŋ. Ale si ko atike tea ŋu xɔa ŋusẽ le aɖi wuame sii la, nenema kee Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ŋusẽ gbegblẽ siwo Satana ƒe xexea kpɔna ɖe mía dzi la dzi.
sesĩe,” alo ƒo ke ɖe to, le mía me la ŋu keŋkeŋua? (“MIAƑE TAMESUSU WƆWƆ YEYEE”
4. Esi míeva lɔ̃ nyateƒea la, tɔtrɔ kawoe míewɔ hafi xɔ nyateƒea?
4 Esime nèva de dzesi nyateƒe si tso Mawu ƒe Nyaa me la, èɖo ŋku tɔtrɔ siwo nèwɔ hafi tso nya me be yeasubɔ Yehowa la dzia? Le mía dometɔ geɖe gome la, ehiã be míaɖe asi le agbenɔnɔ kple nuwɔna gbegblẽ aɖewo ŋu. (1 Kor. 6:9-11) Míedaa akpe na Yehowa tso dzi blibo me be ekpe ɖe mía ŋu míeɖe asi le nuwɔna gbegblẽ mawo ŋu!
5. Le Romatɔwo 12:2 ƒe nya nu la, afɔ eve kawoe wòle be míaɖe?
5 Ke hã, mele be míasusui gbeɖe be megahiã be míawɔ tɔtrɔwo o. Togbɔ be míedzudzɔ nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya, siwo míewɔna tsã, hafi va xɔ nyɔnyrɔ la wɔwɔ hã la, egahiã kokoko be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ate mí kpɔ, si ana míagawɔ nu vɔ̃ mawo ake la keŋkeŋ. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Paulo ɖo eŋu be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.” (Rom. 12:2) Eya ta, ehiã be míaɖe afɔ eve aɖewo. Gbã, ehiã be ‘míadzudzɔ agbenɔnɔ’ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu. Evelia, ehiã be ‘míatrɔ míaƒe nɔnɔme’ to míaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.
6. Nu kae míesrɔ̃ tso susu vevi si le Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 12:43-45 la me?
6 Tɔtrɔ si Paulo wɔnɛ la yi ŋgɔ wu tɔtrɔ Ètrɔ Le Ememe Loo Alo Wò Gota Koe Trɔ?”) Esia bia be míatrɔ míaƒe tamesusu—si fia, ame si míenye le ememe, ale si míesena le mía ɖokui me tso nuwo ŋu, kple míaƒe didiwo. Eya ta, ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Gotagometɔtrɔwo koe tɔtrɔ siwo wɔm mele be masrɔ̃ Kristo la nye loo alo mele tɔtrɔm le ememe?’ Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie ŋutɔ. Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 12:43-45 la ɖe nu si wòhiã be míawɔ la fia. (Xlẽe.) Susu vevi si dzi nya mawo te gbe ɖoe nye esi: Asiɖeɖe le tamesusu gbegblẽwo ŋu ɖeɖe mesu o; ehiã be míatsɔ tamesusu siwo dzea Mawu ŋu la aɖo wo teƒe.
si míawɔ le míaƒe gotagomedzedzeme ŋu ko. Tɔtrɔ si wòwɔnɛ la ku ɖe míaƒe amenyenye bliboa ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye ““MINƆ MIAƑE TAMESUSU ƑE NƆNƆME SI KPƆA ŊUSẼ ÐE MIA DZI WƆM YEYEE”
7. Nu kae míate ŋu awɔ be míatrɔ ame si míenye le ememe?
7 Ðe wòate ŋu anya wɔ be míatrɔ míaƒe didiwo alo ame si míenye le ememe la ŋutɔŋutɔa? Mawu ƒe Nyaa ɖo eŋu be: “Minɔ miaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzi wɔm yeyee, eye miado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.” (Ef. 4:23, 24) Ɛ̃, anya wɔ be míatrɔ ame si míenye le ememe, gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o. Ebia nu geɖe wu míaƒe dzodzro vɔ̃wo nu léle alo mía ɖokui dzi zizi ko. Ehiã be míatrɔ míaƒe ‘tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi’ la. Esia bia be míatrɔ míaƒe didiwo, nɔnɔme siwo tsi mía si kple nu siwo ʋãa mí míewɔa nu la siaa. Esia bia kutrikuku madzudzɔmadzudzɔe.
8-9. Aleke nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi la ɖe ale si wòle vevie be míatrɔ ame si míenye le ememe la fiae?
8 Bu nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si nye adãme tsã la dzi ŋu kpɔ. Esi wòdzudzɔ aha tsu nono kple kɔdada la, eva dze hexɔ nyɔnyrɔ, eye esia nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe le eƒe nutoa me. Gake esi wòxɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la, nane dzɔ gbe ɖeka fiẽ, si menɔ mɔ kpɔm na kura o. Ŋutsu aɖe si mu aha la va eƒe me henɔ nya dim le eŋu ale be ye kplii yewoada kɔ. Le gɔmedzedzea me la, nɔviŋutsua zi eɖokui dzi be yemada kɔ o. Gake, mlɔeba, esi ŋutsua gblɔ busunya ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu la, mía nɔviŋutsua megate ŋu ɖu eɖokui dzi o. Edo go yi ɖaƒo ŋutsua nyuie. Nu ka tae wòwɔ nu nenema? Togbɔ be Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe eŋu wòtea ŋu zia eƒe adãmenyenye ƒe nɔnɔmea dzi hã la, ɣemaɣi la, metrɔ eƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe edzi la haɖe o. Ne míagblɔe bubui la, metrɔ ame si tututu wònye le ememe o.
9 Ke hã, dzi meɖe le nɔviŋutsu sia ƒo o. (Lod. 24:16) Hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu wòyi edzi wɔ ŋgɔyiyi nyuie. Mlɔeba, eva dze eye woɖoe hamemetsitsii. Azɔ, gbe ɖeka fiẽ esi wodo le Fiaɖuƒe Akpata me la, nu si dzɔ ɖe edzi ƒe aɖewoe nye ema va yi la tɔgbi gadzɔ ake. Ŋutsu aɖe si mu aha la di be yeaƒo hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka. Nu kae mía nɔviŋutsua wɔ? Eƒo nu na ahanomunɔa le tufafa me ɖokuibɔbɔtɔe, ena eƒe dzi dze eme, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi eƒe aƒe me. Nu ka tae mía nɔviŋutsua wɔ nu alea? Nu si tae nye be, etrɔ eƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe edzi la. Etrɔ ame si wònye le ememe la wòzu ŋutifafawɔla kple ɖokuibɔbɔla, eye esia he kafukafu vɛ na Yehowa!
10. Nu kae wòhiã be míawɔ hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔ siawo?
10 Tɔtrɔ siawo mevana le wo ɖokui si o; eye womewɔa tɔtrɔ siawo gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o. Ðewohĩ, ahiã be ‘míaku kutri vevie’ le wo ŋu ƒe geɖe. (2 Pet. 1:5) Nyateƒea me nɔnɔ ƒe geɖe ɖeɖe mesu o. Ehiã be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe atrɔ míaƒe amenyenye ememetɔa. Eye ehiã be míaɖe afɔ vevi aɖewo hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔ sia. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.
AFƆ SIWO MÍAÐE BE MÍATRƆ MÍAƑE TAMESUSU ƑE NƆNƆME SI KPƆA ŊUSẼ ÐE MÍA DZI
11. Aleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu be míatrɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi?
11 Gbedodoɖa ye nye afɔɖeɖe vevi gbãtɔa. Ehiã be míado gbe ɖa abe ale si hakpalaa wɔe ene; edo gbe ɖa na Yehowa be: “Oo Mawu, wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye, eye nàde gbɔgbɔ yeye si li ke la menye.” (Ps. 51:10) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míatrɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi la eye míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ sia? Yehowa ƒe ŋugbedodo aɖe si ku ɖe Israel-vi dzimesesẽtɔ siwo nɔ anyi le Ezekiel ƒe ŋkekea me ŋu la ate ŋu ade dzi ƒo na mí; egblɔ tso wo ŋu be: “Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me . . . eye mana lãkusidzi [si fia, dzi si wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la] wo.” (Eze. 11:19; etenuŋɔŋlɔ) Yehowa nɔ didim be yeakpe ɖe Israel-vi mawo ŋu woatrɔ, eye ele didim be yeakpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.
12-13. (a) Le Psalmo 119:59 ƒe nya nu la, nu ka ŋue wòhiã be míade ŋugble le? (b) Nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò?
12 Ŋugbledede ye nye afɔɖeɖe vevi evelia. Esi míele ŋku lém ɖe Mawu ƒe Nyaa me gbe sia gbe la, ehiã be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble vevie le tɔtrɔ siwo wòhiã be míawɔ le ale si míebua nuwo ŋui kple ale si míesena le mía ɖokui me tso nuwo ŋui ŋu la ŋuti. (Xlẽ Psalmo 119:59; Heb. 4:12; Yak. 1:25) Ele be míade dzesi nuŋububu kple seselelãme ɖe sia ɖe si ate ŋu anɔ mía me, si nana be xexea ƒe susuwo dzroa mí la. Ele be míalɔ̃ ɖe nu siwo nye míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la dzi anukwaretɔe, eye eyome, míaku kutri vevie aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo dzi keŋkeŋ.
13 Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ŋuʋaʋã alo ŋubiabiã ƒe nɔnɔme sue aɖe le menyea?’ (1 Pet. 2:1) ‘Ðe dada vi aɖe le menye le afi si metso, nye sukudede, alo ga ale si nu le asinye ta?’ (Lod. 16:5) ‘Ðe medaa ame siwo si nu siwo le asinye mele o alo ame siwo menye mía detɔwo o la ɖe anyia?’ (Yak. 2:2-4) ‘Ðe nu siwo Satana ƒe xexea tsɔ ɖoa amewo ŋkume la dzroama?’ (1 Yoh. 2:15-17) ‘Ðe mekpɔa dzidzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo me woɖea gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo kple ŋutasẽnuwɔwɔwo fiana le la ŋua?’ (Ps. 97:10; 101:3; Amos 5:15) Ale si nàɖo biabia siawo ŋui la ate ŋu ana nàde dzesi nu siwo me wòle be nàwɔ tɔtrɔ le. Ne míete ŋu ɖe asi le nuŋububu siwo “li ke sesĩe” le míaƒe dziwo me ŋu la, mía Fofo si le dziƒo la, akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Ps. 19:14.
14. Nu ka tae wòle vevie be míatia xɔlɔ̃ nyuiwo?
14 Xɔlɔ̃ nyuiwo tiatia ye nye afɔɖeɖe vevi etɔ̃lia. Míede dzesii alo míeɖade dzesii o, míaƒe zɔhɛwo kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe mía dzi. (Lod. 13:20) Le dɔme alo suku la, anɔ eme godoo be míekpɔa mía ɖokuiwo le ame siwo makpe ɖe mía ŋu be míabu nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene o la dome. Ke hã, míate ŋu akpɔ ame nyui siwo míate ŋu adze xɔlɔ̃e la le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Le afi ma la, mía nɔviwo ade dzi ƒo na mí ahado ŋusẽ mí na “lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.”—Heb. 10:24, 25.
‘LI KE ÐE XƆSE LA ME’
15-16. Aleke Satana dzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi?
15 Gake, ɖo ŋku edzi be, Satana ɖoe kplikpaa be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Ewɔa nuŋububu ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu dɔ tsɔ gblẽa ŋusẽ nyui si nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me kpɔna ɖe mía dzi la dome.
16 Satana gakpɔtɔ le nya si wòbia Xawa le Eden-bɔa me be, “Vavãe Mawu gblɔ be . . . ?” la ƒomeviwo biam egbea. (1 Mose 3:1) Le xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te me la, amewo biaa nya siwo ate ŋu ana míake ɖi míaƒe dzixɔsewo. Le kpɔɖeŋu me, wobiana be: ‘Nyateƒee wònye be ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe medzea Mawu ŋu oa? Nyateƒee wònye be Mawu medi be miaɖu Kristmas kple dzigbezãwo oa? Nyateƒee wònye be miaƒe Mawua medi be miado ʋu oa? Nyateƒee wònye be Mawu si lɔ̃a ame la de se na mi be miagade ha kple miaƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo woɖe le haa me oa?’
17. Ne amewo bia nya siwo ate ŋu ana míake ɖi míaƒe dzixɔsewo mí la, nu kae wòle be míawɔ, eye nu kae Kolosetɔwo 2:6, 7 gblɔ be anye emetsonu?
17 Ele be míaka ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi bliboe. Ne míawo ŋutɔwo míete ŋu kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo tɔa gbe míaƒe dzixɔsewo o la, ate ŋu awɔe be míava nɔ ɖi kem nenye be míaƒe dzixɔsewo le eteƒe. Ðikeke mawo ate ŋu awɔe be míagava nɔ nuwo ŋu bum nyuie o eye woagblẽ míaƒe xɔse dome mlɔeba. Ke nu kae wòhiã be míawɔ? Mawu ƒe Nyaa gblɔ na mí be míatrɔ míaƒe tamesusuwo, ale be míawo ŋutɔwo míate ŋu akpɔ kakaɖedzi le “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la” ŋu. (Rom. 12:2) Ne míesrɔ̃a Biblia kpakple míaƒe agbalẽwo edziedzi la, míawo ŋutɔwo míate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Biblia me nyateƒe siwo míesrɔ̃ la ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe sewo le eteƒe. Ekema, míanɔ abe ati si ƒo ke ɖe to sesĩe ene, eye ‘míali ke ɖe xɔse la me.’—Xlẽ Kolosetɔwo 2:6, 7.
18. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míaɖu ŋusẽ gbegblẽ siwo Satana ƒe xexea kpɔna ɖe mía dzi la dzi?
18 Wò ŋutɔ koe ate ŋu ana wò xɔse nali ke; ame bubu aɖeke mate ŋu awɔe ɖe nuwò o, eya ta, yi edzi nànɔ wò tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò la wɔm yeyee. Nɔ gbedodoɖa dzi; ƒo koko na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe ŋuwò. De ŋugble le nu siwo nèsrɔ̃na ŋu vevie eye nàyi edzi anɔ wò tamesusu kple didiwo me dzrom. Dze xɔlɔ̃ nyuiwo; de ha kple ame siwo akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ wò tamesusu yeyee. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàɖu ŋusẽ gbegblẽ siwo Satana ƒe xexea kpɔna ɖe dziwò la dzi, eye àmu “tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, [siwo] xea mɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze nu la” ƒu anyi dzidzedzetɔe.—2 Kor. 10:5.
HADZIDZI 50 Nye Adzɔgbeɖeɖe Ƒe Gbedodoɖa
^ mm. 5 Nu siwo me míeto le agbe me, míaƒe dekɔnuwo, hehe si míexɔ kple míaƒe sukudede siaa kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi godoo. Míate ŋu ade dzesii be nɔnɔme gbegblẽ aɖewo va tsi mía si eye esesẽna na mí be míaɖe asi le wo ŋu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ aɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ ɖe sia ɖe si ƒo ke ɖe to ɖe mía me la ŋu.