NUSƆSRƆ̃NYATI 23
‘Mikpɔ Nyuie Be Ame Aɖeke Nagaɖe Aboyo Mi O’!
‘Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi la dzi aɖe aboyo mi o.’—KOL. 2:8.
HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue
NYA VEVIAWO *
1. Le Kolosetɔwo 2:4, 8 ƒe nya nu la, aleke Satana dzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi?
SATANA di be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Be wòate ŋu aɖo eƒe taɖodzinua gbɔ la, edzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi, si fia be, yeaɖe aboyo míaƒe susu ale be míava nɔ nuwo ŋu bum abe ale si yebua woe ene. Edzea agbagba be yeazã nu siwo dzroa mí atsɔ able mía nu alo aflu mí ale be míadze ye yome.—Xlẽ Kolosetɔwo 2:4, 8.
2-3. (a) Nu ka tae wòle be míatsɔ nuxlɔ̃amenya si dze le Kolosetɔwo 2:8 nya vevii? (b) Nu ka me míadzro le nyati sia me?
2 Ðe wònye nyateƒe be afɔku li be Satana ate ŋu akplɔ mí atraea? Ɛ̃! Ðo ŋku edzi be, menye dzimaxɔsetɔwoe Paulo ŋlɔ nuxlɔ̃amenya si dze le Kolosetɔwo 2:8 la na o. Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na lae wòŋlɔe na. (Kol. 1:2, 5) Afɔku nɔ anyi ɣemaɣi be Satana nakplɔ Kristotɔ mawo atra, eye egabiã ŋku ɖe míawo ya ŋu egbea kura wu. (1 Kor. 10:12) Nu ka tae? Nu si tae nye be, wotsɔ Satana ƒu gbe ɖe anyigba ƒe nutowo me, eye ele agbagba dzem vevie be yeable Mawu subɔla wɔnuteƒewo. (Nyaɖ. 12:9, 12, 17) Azɔ hã, míele ɣeyiɣi si me ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo le “vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi” le la me.—2 Tim. 3:1, 13.
3 Le nyati sia me la, míadzro ale si Satana dzea agbagba be yeato “beble dzodzro” dzi akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi la me. Míade dzesi ‘aɖaŋu vɔ̃,’ alo ‘ayemɔ,’ etɔ̃ siwo dzi wòtona wɔa esia. (Ef. 6:11; etenuŋɔŋlɔ) Eye le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ nu siwo míawɔ be míaɖɔ nu sia nu si Satana ƒe ayemɔwo anya gblẽ le míaƒe tamesusu ŋu la ɖo. Gake gbã la, na míadzro ale si Satana ble Israel-viwo esime woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eme la me.
SATANA TSƆ TRƆ̃SUBƆSUBƆ TE ISRAEL-VIWO KPƆ
4-6. Le 5 Mose 11:10-15 ƒe nya nu la, agbledemɔnu yeye kawoe wòva hiã be Israel-viwo nasrɔ̃ esi wova le Ŋugbedodonyigbaa dzi?
4 Satana to ayemɔ aɖe dzi tsɔ trɔ̃subɔsubɔ te Israel-viwo kpɔ. Aleke wòwɔe? Enya be Israel-viwo hiã nuɖuɖu, eya ta, etre mɔ̃ na wo esi wòkpɔe be woadi godoo be yewoade agble akpɔ nuɖuɖu ta. Esime Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, ehiã be woazã agbledemɔnu yeyewo. Esime Israel-viwo nɔ Egipte la, Nil-tɔsisia mee wokua tsi le dea woƒe agblewo. Gake le Ŋugbedodonyigbaa dzi la, menye tɔsisi mee wohea tsi le dea agblewo o, ke boŋ tsi si dzana le tsidzaɣiwo kple zãmu ye dea tsi agblewo. (Xlẽ 5 Mose 11:10-15; Yes. 18:4, 5) Eya ta, ehiã be Israel-viwo nasrɔ̃ agbledemɔnu yeyewo. Esia manɔ bɔbɔe na wo kura o, elabena Israel-vi siwo nya agbledede la dometɔ akpa gãtɔ ku le gbea dzi.
Aleke Satana wɔ te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Israel-vi agbledelawo ƒe tamesusu dzi? (Kpɔ memama 4-6 lia) *
5 Yehowa gblɔ na eƒe amewo be nuwo manɔ na wo abe ale si wònɔ na wo tsã ene o. Eyome, egblɔ nuxlɔ̃amenya sia si adze gbã abe ɖe meku ɖe agbledede ƒe nyaa ŋu o ene esi wògblɔ na wo be: “Mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagable mi miatra mɔ aɖasubɔ mawu bubuwo ahade ta agu na wo o.” (5 Mose 11:16, 17) Nu ka tae Yehowa xlɔ̃ nu wo tso mawu bubuwo subɔsubɔ ŋu esime wònɔ nu ƒom tso agbledemɔnu yeyewo ŋu?
6 Yehowa nyae be adzro Israel-viwo be yewoasrɔ̃ agbledemɔnu yeyewo tso trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã yewo la gbɔ, eye esia azu mɔ̃ aɖe wo. Enye nyateƒe be agbledede ƒe aɖaŋu geɖe 4 Mose 25:3, 5; Ʋɔn. 2:13; 1 Fia. 18:18) Azɔ, de dzesi ale si wòdzɔe be Satana ɖe aboyo Israel-viwo wova zu eƒe kluviwoe.
wu le dukɔ siwo ƒo xlã Israel-viwo la si, eye Israel-viwo ate ŋu asrɔ̃ agbledede ƒe aɖaŋu nyuiwo tso wo gbɔ, gake afɔku le esia wɔwɔ me. Baal ye Kanaantɔ mawo subɔna, eye woƒe mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu dzi. Wobua Baal be eyae nye yame ƒe aƒetɔ si nana tsi dzana. Yehowa medi be aʋatsodzixɔse mawo naflu yeƒe amewo o. Ke hã, Israel-viwo yi ɖasubɔ Baal zi gbɔ zi geɖe. (AYEMƆ ETƆ̃ SIWO ŊU DƆ SATANA WƆ TSƆ ÐE ABOYO ISRAEL-VIWO WOZU EƑE KLUVIWO
7. Xɔse ƒe dodokpɔ kae dze ŋgɔ Israel-viwo esime wova ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi?
7 Nu gbãtɔ si ŋu dɔ Satana wɔ tsɔ tre mɔ̃ na Israel-viwo heɖe wo aboyoe ye nye amegbetɔ ƒe didi si le dzɔdzɔme nu be tsi nadza ɖe anyigbaa dzi na yewo. Le ƒea me la, tsi medzana le Ŋugbedodonyigbaa dzi tso April ƒe nuwuwu lɔƒo va ɖo September me ale o. Tsidzaɣi si dzea egɔme tso October me lae Israel-viwo kpɔa mɔ na be wòana yewoƒe agblewo nawɔ nu. Satana flu Israel-viwo woxɔe se be, nuwo adze edzi na yewo wu ne yewosrɔ̃ agbledemɔnu siwo trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã yewo la zãna. Dukɔ mawo xɔe se be ele vevie be yewoawɔ subɔsubɔkɔnu aɖewo hafi yewoƒe mawuwo ana tsi nadza na yewo. Israel-vi siwo mexɔ Yehowa dzi se o la xɔe se be nu ma ko wòle be yewoawɔ hafi kuɖiɖi mava anyigba la dzi o, eya ta, wowɔ trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo tsɔ de bubu Baal si nye alakpamawu la ŋu.
8. Nu kae nye nu evelia si ŋu dɔ Satana wɔ tsɔ ɖe aboyo Israel-viwo? Ðe eme.
8 Nu bubu ka ŋu dɔe Satana wɔ tsɔ tre mɔ̃ na Israel-viwo heɖe wo aboyoe? Eyae nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo. Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo me le woƒe mawusubɔsubɔ wɔnawo me. Subɔsubɔnuwɔna nyɔŋu siawo ƒe ɖewoe nye be nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa wɔa gbolo le woƒe gbedoxɔwo me. Menye ɖeko woɖe mɔ ɖe ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ kple gbɔdɔdɔ manɔsenu bubu ƒomeviwo ŋu ko o, ke wobua nuwɔna mawo be womegblẽ o! (5 Mose 23:17, 18; 1 Fia. 14:24) Trɔ̃subɔla mawo xɔe se be subɔsubɔnuwɔna mawoe wɔnɛ be yewoƒe mawuwo vea yewo nu henana anyigbaa wɔa nu. Gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe kɔnu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la dzro Israel-vi geɖewo eye woɖe mɔ esia he wo de alakpamawuwo subɔsubɔ me. Le nyateƒe me la, Satanae ɖe wo aboyoe.
9. Le Hosea 2:16, 17 ƒe nya nu la, aleke Satana na Israel-viwo ŋlɔ ame si tututu Yehowa nye la be?
9 Nu kae nye nu etɔ̃lia si ŋu dɔ Satana wɔ tsɔ ɖe aboyo Israel-viwo? Eyae nye be, ena Israel-viwo ŋlɔ ame si tututu Yehowa nye la be. Le nyagblɔɖila Yeremiya ŋɔli la, Yehowa gblɔ be aʋatsonyagblɔɖilawo na yeƒe amewo ŋlɔ yeƒe ŋkɔ be “le Baal ta.” (Yer. 23:27) Edze abe Mawu ƒe amewo dzudzɔ Yehowa ƒe ŋkɔa zazã heva nɔ ŋkɔnya Baal, si gɔmee nye “Aƒetɔ,” zãm ɖe eteƒe ene. Esia awɔe be Israel-viwo magate ŋu ade vovo Yehowa kple Baal dome le woƒe susu me o, si ana wòanɔ bɔbɔe be woava tsɔ Baal subɔsubɔkɔnuwo atsaka kple Yehowa subɔsubɔ.—Xlẽ Hosea 2:16, 17 kple etenuŋɔŋlɔ.
AYEMƆ SIWO ZÃM SATANA LE EGBEA
10. Ayemɔ kawo zãm Satana le egbea?
10 Ayemɔ siwo Satana zã le blema la ke zãm wòle egbea. Mɔ siwo dzi wòtona flua amewo heɖea wo aboyoe lae nye amegbetɔ ƒe didi siwo le dzɔdzɔme nu, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo dodo ɖe ŋgɔ, kple nana be amewo naganya ame si tututu Yehowa nye o. Na míadzro eƒe ayemɔ mamlɛtɔa me gbã.
11. Aleke Satana na be amewo meganya ame si tututu Yehowa nye o?
Dɔw. 20:29, 30; 2 Tes. 2:3) Xɔsegbela siawo wɔe be amewo megava nya ame si tututu nye Mawu vavã la o. Le kpɔɖeŋu me, wodzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã le woƒe Bibliawo me hetsɔ ŋkɔnya bubuwo, abe “Aƒetɔ” ene, ɖo eteƒe. Esi woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa hetsɔ ŋkɔnya “Aƒetɔ” ɖo eteƒe la, wona wòva sesẽ na Biblia-xlẽlawo be woakpɔ ale si Yehowa to vovo na “aƒetɔ” bubu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe la adze sii. (1 Kor. 8:5) Azɔ hã, wozã ŋkɔnya “Aƒetɔ” na Yehowa kple Yesu siaa, si wɔe be, esesẽ na amewo be woase egɔme be Yehowa kple Via wonye ame vovovo eve eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖoƒe to vovo. (Yoh. 17:3) Tɔtɔ sia hã wɔe be wova to Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia, si metso Mawu ƒe Nyaa me o, la vɛ. Esiawo katã wɔe be, ame geɖe va bua Mawu be enye ame aɖe si gɔme womate ŋu ase o eye womate ŋu axɔ edzi ase o. Alakpanya vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi!—Dɔw. 17:27.
11 Satana dzea agbagba be yeana amewo naganya ame si tututu Yehowa nye o. Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, ame aɖewo siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la va nɔ aʋatsonufiafiawo dom ɖe ŋgɔ. (Aleke Satana wɔ alakpasubɔsubɔ ŋu dɔ tsɔ do kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ɖe ŋgɔe? (Kpɔ memama 12 lia) *
12. Nu kae alakpasubɔsubɔ do ɖe ŋgɔ, eye nu kae do tso eme, abe ale si Romatɔwo 1:28-31 ɖe eme ene?
12 Satana wɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ŋu dɔ tsɔ ɖea aboyo amewo. Le blema Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia me la, Satana zã alakpasubɔsubɔ tsɔ do gbɔdɔdɔ manɔsenu ɖe ŋgɔ. Nenema kee wòle ewɔm egbea hã. Alakpasubɔsubɔhawo ɖea mɔ ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu eye wodonɛ ɖe ŋgɔ gɔ̃ hã. Nu si do tso emee nye be, ame geɖe siwo gblɔna be yewole Mawu subɔm la dzudzɔ agbenɔnɔ ɖe eƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siwo me kɔ nyuie la nu. Apostolo Paulo ƒo nu tso nu siwo do tso esia me la ŋu le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo la me. (Xlẽ Romatɔwo 1:28-31.) Gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi ɖe sia ɖe le “nu siwo mesɔ o,” siwo ŋu apostoloa ƒo nu tsoe la me, ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ hã le eme. (Rom. 1:24-27, 32; Nyaɖ. 2:20) Eya ta, ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ nyuie la dzi!
13. Ayemɔ bubu ka ŋu dɔe Satana wɔna?
13 Satana wɔa amegbetɔ ƒe didi siwo le dzɔdzɔme nu la ŋu dɔ aɖaŋutɔe tsɔ ɖea aboyo amewo. Le dzɔdzɔme nu la, míedina be míasrɔ̃ aɖaŋu si akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu akpɔ míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒometɔwo ƒe 1 Tim. 5:8) Zi geɖe la, ne míede suku eye míesrɔ̃ nu veviedodotɔe la, míetea ŋu srɔ̃a aɖaŋu mawo. Gake, ele be míaɖɔ ŋu ɖo. Le dukɔ geɖe me la, menye aɖaŋu vevi siwo ava ɖe vi na sukudelawo koe wofiana le sukuwo o, ke wofiaa xexemenunya hã. Wodea dzi ƒo na sukuviwo be woaxɔe ase be Mawu meli o eye woagade bubu Biblia ŋu o. Wogblɔna na wo be amedzɔtsolãme, alo nɔnɔmetɔtrɔ, ƒe nufiafiaa, koe nye nufiafia si me susu le, si dzi woate ŋu ato anya ale si agbea wɔ va dzɔ. (Rom. 1:21-23) Nufiafia mawo kple esiawo ƒomevi tsi tsitre ɖe “Mawu ƒe nunya” ŋu.—1 Kor. 1:19-21; 3:18-20.
nuhiahiãwo gbɔ. (14. Nu kae xexemenunya sɔsrɔ̃ ƒãna ɖe ame me?
14 Xexemenunya mekuna ɖe Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu o eye etsia tsitre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Xexemenunya medea dzi ƒo na amewo be woatu Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo o, ke boŋ, ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwoe’ wòdona ɖe ŋgɔ. (Gal. 5:19-23) Xexemenunya dea dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒe dzi ƒo, eye nu si dona tso emee nye be, amewo va zua “ɖokuilɔ̃lawo.” (2 Tim. 3:2-4) Nɔnɔme gbegblẽ siawo tsi tsitre ɖe nɔnɔme nyui siwo nye tufafa kple ɖokuibɔbɔ, siwo Mawu di be yeƒe subɔlawo natu ɖo, la ŋu. (2 Sam. 22:28) Kristotɔ siwo de yunivɛsiti la dometɔ aɖewo va bua nuwo ŋu abe xexea me tɔwo ene, ke menye abe ale si Mawu bua nuwo ŋui ene o. Na míadzro nu si ate ŋu adzɔ ɖe wo dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ko me kpɔ.
Aleke wòate ŋu adzɔe be xexemenunya naɖe aboyo míaƒe tamesusu? (Kpɔ memama 14-16 lia) *
15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si me nɔvinyɔnua to la me?
15 Nɔvinyɔnu aɖe si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 15 sɔŋ ye nye esia la gblɔ be: “Ɣemaɣi la, Ðasefo xɔnyɔnyrɔe menye; mexlẽ nu tso afɔku siwo le yunivɛsitidede me ŋu eye mese nu tso eŋu hã, gake
meŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃amenya mawo dzi. Mesusui be nuxlɔ̃amenya mawo meku ɖe ŋunye o.” Kuxi kawo mee wòto? Egblɔ be: “Sukunusɔsrɔ̃awo bia ɣeyiɣi kple kutrikuku geɖe, si wɔe be, nyemegatea ŋu kpɔa ɣeyiɣi doa gbe ɖa na Yehowa ale si dze, abe ale si mewɔnɛ tsã ene o; ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe be, ne mele Biblia me dzrom kple amewo le gbeadzi la, nyemegasea vivi nɛ o. Azɔ hã, ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe be, nyemegatea ŋu dzraa kpekpeawo ɖo nyuie o. Gake esi meva de dzesii be suku kɔkɔ dede le nu gblẽm le ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome ŋu la, mekpɔe be ele be madzudzɔ. Eye medzudzɔ.”16 Nu kae suku kɔkɔ dede gblẽ le nɔvinyɔnu sia ƒe nuŋububu ŋu? Egblɔ be: “Ekpea ŋu nam be magblɔ be suku kɔkɔ dede na meva nɔ vodada dim le amewo ŋu, vevietɔ, le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo ŋu; media nu si gbɔ woƒe ŋutete ŋu tso wo si, eye meɖea ɖokuinye ɖe aga. Meku kutri ɣeyiɣi didi aɖe hafi te ŋu va dzudzɔ nuŋububu nenema. Nu siwo me meto le ɣeyiɣi mawo me la na mekpɔ ale si gbegbe afɔku le eme be míaŋe aɖaba aƒu nuxlɔ̃amenya siwo mía Fofo si le dziƒo la gblɔna na mí to eƒe habɔbɔa dzi la dzi. Yehowa nyam nyuie wu ale si menya ɖokuinye. Ne ɖe meɖo to Yehowa ƒe gbe la, anye ne nyemeto kuxi mawo gbegbe me o!”
17. (a) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ? (b) Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?
17 Ðoe kplikpaa be yemaɖe mɔ gbeɖe be Satana ƒe xexe sia me ‘nunya kple beble dzodzro’ naɖe aboyo ye o. Yi edzi nànɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe ayemɔawo ŋu. (1 Kor. 3:18; 2 Kor. 2:11) Mègaɖe mɔ nɛ gbeɖe be wòana nàŋlɔ Yehowa be o. Nɔ agbe ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔawo nu. Eye mègaɖe mɔ Satana naflu wò nàŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo dzi o. Ke, ne ède dzesii be xexe sia ƒe nuŋububu va le ŋusẽ kpɔm ɖe ye dzi xoxo ya ɖe? Nyati si kplɔ esia ɖo la ana míakpɔ ale si Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míamu tamesusu kple numame siwo “li ke sesĩe” le mía me la gɔ̃ hã aƒu anyi.—2 Kor. 10:4, 5.
HADZIDZI 49 Míado Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi
^ mm. 5 Satana bi ɖe amefuflu me ŋutɔ. Eflu ame geɖewo woxɔe se be yewole ablɔɖe me, evɔ le nyateƒe me la, eɖe wo aboyoe wonye eƒe kluviwo. Nyati sia aƒo nu tso ayemɔ siwo dzi Satana tona flua amewo la dometɔ aɖewo ŋu.
^ mm. 48 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Israel-viwo le ha dem kple Kanaantɔ siwo le eƒom ɖe wo nu be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe Baal subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ manɔsenu me.
^ mm. 51 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Amadede vovovo siwo le subɔsubɔha aɖe ƒe boblodoʋuƒo dzi la ɖee fia be subɔsubɔha ma ɖe mɔ be ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo nanye haa me viwo.
^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe le yunivɛsiti dem. Eya kple eƒe sukuhatiwo lɔ̃ ɖe nya si gblɔm woƒe nufiala le be dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya ate ŋu akpe ɖe amegbetɔwo ŋu woakpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ la dzi. Emegbe, esi wòde kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, metsɔ ɖeke le nu si le edzi yim me o eye ekpɔ kpɔgblɔ le nɔviawo ŋu.