Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NUSƆSRƆ̃NYATI 4

“Gbɔgbɔ La Ŋutɔ Ðia Ðase”

“Gbɔgbɔ La Ŋutɔ Ðia Ðase”

“Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.”—ROM. 8:16.

HADZIDZI 25 Mawu Ƒe Nunɔamesi Tɔxɛ

NYA VEVIAWO *

Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Kristotɔ siwo ade 120 la dzi le Pentekoste ŋkekea dzi le nudzɔdzɔ wɔnuku aɖe me (Kpɔ memama 1-2 lia)

1-2. Nu wɔnuku kae dzɔ le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekostea dzi?

KWASIÐAGBE ŋdi mee, le Yerusalem. Gbe ma gbee nye ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste ŋkekea. Nusrɔ̃la siwo ade 120 la ƒo ƒu ɖe aƒe aɖe ƒe dziƒoxɔ me. (Dɔw. 1:13-15; 2:1) Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, Yesu gblɔ na wo be woakpɔtɔ anɔ Yerusalem, elabe wole nunana tɔxɛ aɖe xɔ ge. (Dɔw. 1:4, 5) Nu kae va dzɔ?

2 “Kasia wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene.” Gbeɖiɖia xɔ aƒe bliboa me. Eyome, “nane si le abe dzoƒaɖewo ene” la dze le nusrɔ̃lawo ƒe ta dzi, eye “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ.” (Dɔw. 2:2-4) Nudzɔdzɔ wɔnuku sia mee Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe ame mawo dzi le. (Dɔw. 1:8) Woawoe nye ame gbãtɔ siwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe * si ami na, siwo wòna mɔkpɔkpɔ be woava ɖu fia kple Yesu le dziƒo.

NU KAWOE DZƆNA NE WOTSƆ GBƆGBƆ KƆKƆE SI AMI NA AME AÐE?

3. Nu ka tae ame siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔa me le Pentekoste ŋkekea dzi la meke ɖi kura be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na yewo o?

3 Ne ènye nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔa me gbe ma gbe la dometɔ ɖeka la, màŋlɔ nudzɔdzɔ ma be gbeɖe o. Nane si le abe dzoƒaɖe ene va dze ɖe wò ta dzi, eye ète gbe bubuwo dodo! (Dɔw. 2:5-12) Ðikeke aɖeke manɔ mewò be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ye o. Gake ɖe wotsɔa gbɔgbɔ kɔkɔea sia ami na  ame sia ame si wotia la le mɔ ɖedzesi aɖe nua? Ao. Aleke míewɔ nya? Eye ɣekaɣie ame aɖewo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea?

4. Ɣekaɣie wosi ami na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ aɖewo? Ðe eme.

4 Na míaƒo nu tso ɣeyiɣi si me wosi ami na ame aɖewo la ŋu. Menye Kristotɔ mawo siwo ade 120 la koe wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi o. Emegbe le ŋkeke ma ke dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame bubu siwo ade 3,000 la hã. Woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea esi woxɔ nyɔnyrɔ. (Dɔw. 2:37, 38, 41) Gake le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, menye Kristotɔwo katãe wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na esi woxɔ nyɔnyrɔ o. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Samariatɔwo ɣeyiɣi aɖe le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. (Dɔw. 8:14-17) Eye esi gale etɔxɛ wue nye esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kornelio kple eƒe aƒemetɔwo hafi woxɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã.—Dɔw. 10:44-48.

5. Le 2 Korintotɔwo 1:21, 22 ƒe nya nu la, nu kawoe dzɔna ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame aɖe?

5 Azɔ na míadzro nu si dzɔna ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame aɖe la me. Ate ŋu asesẽ na ame aɖewo siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na la be woalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa tia yewo. Woate ŋu anɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Nu ka tae wònye nyee Mawu tia?’ Ame bubuwo ya mase le wo ɖokuiwo me nenema o. Aleke kee wòɖale o, apostolo Paulo ɖe nu si dzɔna ne wosi ami na ame aɖe la me be: “Esi miexɔe se megbe la, woto eya ke dzi tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la tre mia nu, * eye esia nye míaƒe domenyinu la ƒe kpeɖodzi sue aɖe si míexɔ do ŋgɔ.” (Ef. 1:13, 14; etenuŋɔŋlɔ) Eya ta, Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi nana eme kɔna na Kristotɔ siawo nyuie be yetia wo. Le mɔ sia nu la, gbɔgbɔ kɔkɔea nyea “kpeɖodzi sue aɖe [alo ŋugbedodo]” si naa kakaɖedzi wo be, le etsɔme la, yewoava nɔ agbe tegbee le dziƒo, ke menye le anyigba dzi o.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:21, 22.

6. Nu kae wòle be Kristotɔ amesiamina nawɔ hafi wòaxɔ eƒe dziƒofetua?

 6 Ne wosi ami na Kristotɔ aɖe la, ɖe esia fia be axɔ eƒe dziƒofetua godooa? Ao. Eka ɖe edzi be wotia ye be yeava yi dziƒo ya. Gake ele be wòaɖo ŋku nuxlɔ̃amenya sia dzi; eyae nye: “Nɔviwo, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be miali ke mia yɔyɔ kple mia tiatia la sesĩe, elabena ne miewɔa esiawo la, miado kpo nu gbeɖe o.” (2 Pet. 1:10) Eya ta, ne woyɔ Kristotɔ aɖe alo tiae hesi ami nɛ be wòava nɔ agbe le dziƒo gɔ̃ hã la, ne eyi edzi wɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu ko hafi wòaxɔ eƒe teƒeɖoɖoa.—Flp. 3:12-14; Heb. 3:1; Nyaɖ. 2:10.

ALEKE AME WƆNA NYANA BE WOSI AMI NA YE?

7. Aleke amesiaminawo wɔna nyana be woyɔ yewo na dziƒoyiyi?

7 Gake aleke ame aɖe awɔ anya be woyɔ ye na dziƒoyiyi? Ŋuɖoɖoa dze ƒãa le nya si Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma, siwo “woyɔ be woava zu ame kɔkɔewo” la me. Egblɔ na wo be: “Menye kluvinyenye ƒe gbɔgbɔ si ana miaganɔ vɔvɔ̃m ake lae miexɔ o, ke boŋ vinyenye ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, eye gbɔgbɔ sia ʋãa mí míedoa ɣli be: ‘Abba, Fofo!’ Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.” (Rom. 1:7; 8:15, 16) Eya ta, Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi nana eme kɔna na amesiaminawo kɔtɛ be yeyɔ wo na dziƒoyiyi.—1 Tes. 2:12.

8. Aleke 1 Yohanes 2:20, 27 ɖee fia be Kristotɔ amesiaminawo mehiã kpeɖodzi tso ame bubuwo gbɔ be wosi ami na wo o?

8 Yehowa nana kakaɖedzi blibo sua amesiaminawo si le woƒe yɔyɔa ŋu ale gbegbe be ɖikeke aɖeke menɔa woƒe susu kple dzi me be woyɔ yewo na dziƒoyiyi o. (Xlẽ 1 Yohanes 2:20, 27.) Ele eme be ehiã be Yehowa nafia nu Kristotɔ amesiaminawo to hamea dzi abe ale si wòle le ame bubu ɖe sia ɖe gome ene ya. Ke hã, mehiã be ame aɖeke naɖo kpe edzi na wo be wosi ami na wo o. Yehowa zã ŋusẽ si tri akɔ wu le xexe bliboa me, si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, tsɔ na eme kɔ na wo kɔtɛ be wosi ami na wo!

‘WOGBUGBƆ WO DZI’

9. Ne wosi ami na ame aɖe la, tɔtrɔ kawoe wòdea dzesii, abe ale si Efesotɔwo 1:18 ɖee fia ene?

9 Ate ŋu asesẽ na Mawu subɔla siwo li egbea la dometɔ geɖe be woase nu siwo dzɔna ɖe ame aɖe dzi ne Mawu si ami nɛ la gɔme. Nu ka tae? Nu si tae nye be womesi ami na woawo ŋutɔwo o. Ðe Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, ke menye le dziƒo o. (1 Mose 1:28; Ps. 37:29) Ke hã, Yehowa tia ame aɖewo be woava nɔ agbe le dziƒo. Eya ta, ne esi ami na wo la, etrɔa woƒe mɔkpɔkpɔ kple nuŋububu kura ale gbegbe be, wova nɔa mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le dziƒo.—Xlẽ Efesotɔwo 1:18.

10. Nu kae wòfia be ‘woagbugbɔ ame adzi’? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

10 Ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔwo la, ‘wogbugbɔa wo dzina,’ alo ‘dzia wo tso dziƒo.’ * Yesu hã ɖee fia be manya wɔ kura be woaɖe ale si tututu ame si ‘wogbugbɔ dzi,’ alo ame si “wodzi tso gbɔgbɔ me” la sena le eɖokui me la gɔme na ame aɖe si womesi ami na o.—Yoh. 3:3-8; etenuŋɔŋlɔ.

11. Ðe ale si ame ƒe nuŋububu trɔna ne wosi ami nɛ la me.

11 Ne wosi ami na Kristotɔwo la, aleke woƒe nuŋububu trɔnae? Hafi Yehowa nasi ami na Kristotɔ siawo la, wokpɔa mɔ vevie be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wonɔa mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa eye wòatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso  la vevie. Ðewohĩ, wokpɔnɛ le susu me be yewole atuu wɔm na yewoƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe si wofɔ ɖe tsitre. Gake ne wosi ami na wo vɔ la, woƒe nuŋububu trɔna. Nu ka tae? Menye esi agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa megadzea wo ŋu o tae o. Menye esi nu te ɖe wo dzi alo wole fu kpem vevie tae wotrɔ woƒe susu o. Eye menye ɖe wova nɔ sesem le wo ɖokuiwo me be agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi ati ame tae o. Ke boŋ, Yehowae zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ trɔ woƒe nuŋububu kple woƒe mɔkpɔkpɔ.

12. Le 1 Petro 1:3, 4 ƒe nya nu la, aleke Kristotɔ amesiaminawo sena le wo ɖokui me tso woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu?

12 Ame aɖe si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na la ate ŋu ase le eɖokui me be yemedze na mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia o. Ke hã, mekea ɖi aɖabaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã be Yehowa tia ye o. Eƒe dzi glina kple dzidzɔ kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ ne ele mɔnukpɔkpɔ siwo ava su esi le etsɔme la ŋu bum.—Xlẽ 1 Petro 1:3, 4.

13. Aleke amesiaminawo sena le wo ɖokui me tso woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi afi sia ŋu?

13 Gake ɖe esia fia be amesiaminawo dina be yewoakua? Apostolo Paulo ɖo nyabiase sia ŋu. Etsɔ woƒe amegbetɔŋutilã sɔ kple agbadɔ eye wògblɔ be: “Le nyateƒe me la, mí ame siwo le agbadɔ sia me la míeŋena, eye nu tea mía ŋu, elabena míedi be míaɖe esia ada ɖi o, ke boŋ be míado ekemɛa, ale be agbe nami nu si kuna la.” (2 Kor. 5:4) Menye ɖe Kristotɔ siawo megasea vivi na agbea o, eye menye ɖe wodina be ku nava wu yewo kaba o. Ke boŋ, wosea vivi na agbea eye wodina be yewoazã ŋkeke ɖe sia ɖe atsɔ asubɔ Yehowa aduadu kple yewoƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo. Ke hã, nu ka ke wɔm woɖale o, woɖoa ŋku dzidzɔmɔkpɔkpɔ si su wo si ku ɖe etsɔme ŋu la dzi ɣesiaɣi.—1 Kor. 15:53; 2 Pet. 1:4; 1 Yoh. 3:2, 3; Nyaɖ. 20:6.

ÐE YEHOWA SI AMI NA WÒA?

14. Nu kawoe menye kpeɖodzi be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ame aɖe o?

14 Ðewohĩ, ènɔa ɖokuiwò biam be, ɖe wòanye be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ye mahã. Ne nenemae la, bu biabia vevi siawo ŋu kpɔ: Ðe nèkpɔe be dzo le ye me etɔxɛ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋua? Ðe nèsena le ɖokuiwò be dzo tɔxɛ aɖe le ye me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋua? Ðe Biblia-sɔsrɔ̃ kple “Mawu ƒe nu goglowo” me dzodzro vivia nuwòa? (1 Kor. 2:10) Ðe nèsena le ɖokuiwò me be Yehowa na nu nyui geɖewo le dodom tso yeƒe gbeƒãɖeɖedɔa mea? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be agba gã aɖe le ye dzi be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasubɔ Yehowa? Ðe kpeɖodzi geɖewo le asiwò be Yehowa kpe ɖe ŋuwò le mɔ tɔxɛwo nu le wò agbe mea? Ne èɖo biabia siawo ŋu kakaɖedzitɔe be ɛ̃ la, ɖe esia ɖo kpe edzi be wotia wò na dziƒoyiyia? Ao, mefia nenema o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Mawu subɔlawo katã ate ŋu ase le wo ɖokuiwo me nenema—wosi ami na wo loo alo womeɖasi ami na wo o. Eye mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale Yehowa subɔlawo si o, Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ana wo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu mawo ke. Le nyateƒe me la, ne ewɔna na wò eveve nenye be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na wò la, ɖikeke sia tɔgbi fia be womesi ami na wò o. Ame siwo Yehowa yɔ la ƒe susu mewɔna na wo eveve nenye be wosi ami na yewo loo alo womesi ami na yewo o! Woawo ŋutɔwo nya be wotia yewo!

Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ do ŋusẽ Abraham, Sara, David, kple Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa wowɔ nukunu geɖewo, gake mezã eƒe gbɔgbɔa tsɔ tia wo be woava nɔ agbe le dziƒo o (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Aleke míewɔ nya be menye ame siwo katã xɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa lae wotia be woayi dziƒo o?

15 Le Biblia katã me la, woƒo nu tso xɔsetɔ siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea evɔ dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ mesu wo si o la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ David. (1 Sam. 16:13) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe  eŋu wòse nu goglowo gɔme tso Yehowa ŋu eye gbɔgbɔa ʋãe hã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe. (Marko 12:36) Ke hã, apostolo Petro gblɔ be David “melia yi dziƒo o.” (Dɔw. 2:34) Azɔ hã, ‘gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ’ Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa “fũu.” (Luka 1:13-16) Yesu gblɔ be ame aɖeke menye gã wu Yohanes o, gake egblɔ hã be manɔ ame siwo ayi Dziƒofiaɖuƒea me la dome o. (Mat. 11:10, 11) Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ do ŋusẽ ŋutsu siawo wowɔ nukunu geɖewo, gake mezã eƒe gbɔgbɔa tsɔ tia wo be woava nɔ agbe le dziƒo o. Ðe esia fia be womewɔ nuteƒe de ame siwo aɖu fia le dziƒo la nu oa? Ao. Nu si wòfia koe nye be, Yehowa afɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi.—Yoh. 5:28, 29; Dɔw. 24:15.

16. Teƒeɖoɖo kae Mawu subɔla siwo li egbea la dometɔ akpa gãtɔ le mɔ kpɔm na?

16 Agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔa mesu Mawu subɔla siwo le anyigba dzi egbea la dometɔ akpa gãtɔ si o. Woawo hã wole mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigbaa dzi abe, Abraham, Sara, David, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, kpakple ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo la ke ene, le ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea aɖu wo dzi.—Heb. 11:10.

17. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si akplɔ esia ɖo me?

17 Esi wònye be amesiamina aɖewo gakpɔtɔ le Mawu ƒe amewo dome egbea ta la, esia fɔa biabia aɖewo ɖe te. (Nyaɖ. 12:17) Le kpɔɖeŋu me, aleke wòle be amesiaminawo nabu wo ɖokuiwoe? Ne miaƒe hamea me tɔ aɖe te kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia la, aleke wòle be nàwɔ nu ɖe eŋu? Ke ne ame siwo gblɔ be wosi ami na yewo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ya ɖe? Ðe wòle be wòaɖe fu na wòa? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 5 Tso keke ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekostea dzi la, Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe Kristotɔ aɖewo—mɔkpɔkpɔ mae nye be woaɖu fia kple Via le dziƒo. Gake, ne wotia Kristotɔ aɖe na mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia la, aleke wòwɔna nyana? Nu kawoe dzɔna ne Yehowa tia ame aɖe be wòava nɔ agbe le dziƒo? Wotu nyati sia ɖe nyati aɖe si dze le January 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me nyawo dzi. Míakpɔ biabia mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo míedina vevie be míanya la le nyati sia me.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ si ami na ame: Esia fia be Yehowa Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ tia ame aɖe be wòaɖu fia kple Yesu le dziƒo. Mawu toa eƒe gbɔgbɔa dzi doa esia ƒe ŋugbe na amea, alo naa eƒe ‘kpeɖodzi sue aɖe amea do ŋgɔ.’ (Ef. 1:13, 14) Kristotɔ siawo ate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea “ɖia ɖase,” alo nana eme kɔna, na yewo nyuie be teƒeɖoɖo asu yewo si le dziƒo.—Rom. 8:16.

^ mm. 5 NYAMEÐEÐE: Amenutetre. Amenutetre sia mefia be wotre amea nu keŋkeŋ o, negbe ɖe wòwɔ nuteƒe va se ɖe ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na eƒe ku alo va se ɖe ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na xaxa gãa ƒe gɔmedzedze ko hafi woatre enu keŋkeŋ.—Ef. 4:30; Nyaɖ. 7:2-4; kpɔ “Questions From Readers” alo “Questions des lecteurs,” si dze le April 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me, kple “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le January 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 10 Ne èdi numeɖeɖe bubuwo ku ɖe nu si wòfia be ‘woagbugbɔ ame adzi’ ŋu la, kpɔ April 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 3-12.

HADZIDZI 27 Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Woɖalé mí de gaxɔ me le míaƒe xɔse ta alo míele gbeƒã ɖem nyateƒea hele nu fiam amewo le ablɔɖe me o, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le anyigba dzi esime Mawu Fiaɖuƒea aɖu mía dzi.