Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

Akɔfafa Na Ame Siwo Le Nu Xam

Akɔfafa Na Ame Siwo Le Nu Xam

Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be mènya nu si nàwɔ atsɔ akpe ɖe wò lɔlɔ̃tɔ aɖe si le eƒe ame vevi aɖe si ku fam la ŋu oa? Ɣeaɖewoɣi la, míanya nya si míagblɔ alo nu si tututu míawɔ o, si wɔnɛ be míenɔa anyi kpoo naneke mawɔmawɔe. Ke hã nu ŋutɔŋutɔwo li míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋu.

Zi geɖe la, nu si hiã koe nye amea gbɔ nɔnɔ kple akɔfanya kpui aɖe abe, “Baba na wò seea,” gbɔgblɔ ene. Le teƒe geɖewo la, asikpakpla kɔ na amea alo eƒe alɔnu léle ɖetsɔlemetɔe hã aɖee afia be èle veve sem ɖe enu. Ne ame si dzi kua dzɔ ɖo la di be yeaƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu na wò la, ɖo toe veveseɖeamenutɔe. Esi ganyo wue nye be, nàwɔ nane atsɔ akpe ɖe ƒome si dzi kua dzɔ ɖo ŋu, ɖewohĩ ate ŋu anye aƒemedɔwo, abe nuɖaɖa, ɖeviawo gbɔ kpɔkpɔ, alo asikpekpe ɖe kunuwɔwɔa ƒe ɖoɖowo ŋu ene, ne wolɔ̃. Kpekpeɖeŋu siawo ate ŋu aɖe vi geɖe wu nya wɔdɔɖeamedziwo gbɔgblɔ gɔ̃ hã.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àdi be yeaƒo nu tso ame si ku la ŋu, ɖewohĩ àƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyui aɖewo alo nu dodzidzɔname siwo miewɔ va yi ŋu. Esia ate ŋu ana ame si le nu xam la nako alɔgbɔnu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Pam si srɔ̃ŋutsu Ian ku ƒe ade ye nye esi va yi la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo gblɔa nu nyui siwo Ian wɔ siwo ŋu nyemenya naneke tsoe o la nam, eye esia doa dzidzɔ nam.”

Numekulawo ka nya ta be amewo kpena ɖe ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la ŋu le gɔmedzedzea me, gake ema megbe kpuie la, wo xɔlɔ̃awo ƒe susu dzona le wo dzi, elabena wogatrɔna ɖe woawo ŋutɔwo ƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu. Eya ta le kua wɔwɔ vɔ megbe la, ɖoe wò taɖodzinu be yeanɔ xɔ̃wò si dzi kua dzɔ ɖo la srãm kpɔ edziedzi. * Ame siwo le woƒe ame vevi aɖe si ku fam la kpɔa ŋudzedze ɖe sasrãkpɔ siawo ŋu ŋutɔ, elabena ekpena ɖe wo ŋu wokpɔa gbɔdzɔe vie tso woƒe nuxaxaa me.

Bu Japan ɖetugbui si ŋkɔe nye Kaori ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eƒe dzi gbã gudugudu esime dadaa ku eye ɣleti 15 megbe ko nɔvianyɔnu tsitsitɔ hã ku. Gake dzidzɔtɔe la, xɔlɔ̃ vavãwo yi edzi nɔ kpekpeɖeŋu namee. Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Ritsuko, si tsi wu Kaori sãsãsã la, gblɔ nɛ be yeanye exɔlɔ̃ kplikplikpli. Kaori gblɔ be: “Ne mato nyateƒea, nyemekpɔ dzidzɔ ɖe eƒe susua ŋu o. Nyemedi be ame aɖeke nava xɔ ɖe danye teƒe o, eye nyemexɔe se be ame aɖe ate ŋu axɔ ɖe eteƒe hã o. Ke hã esi Mama Ritsuko wɔa nu ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe ta la, nye kplii dome va le kplikplikpli. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, nye kplii míewɔa nya nyui gbɔgblɔ dɔa ɖekae eye míeyia Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã ɖekae. Ekpeam meva noa tii le egbɔ, eɖaa nu vɛ nam eye wòŋlɔa akɔfanyawo kple nyuidinamegbalẽwo nam enuenu. Nɔnɔme nyui siwo le Mama Ritsuko si la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

Ƒe wuieve ye nye esi va yi tso esime Kaori dada ku, eye egbea eya kple srɔ̃a wozãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia. Kaori gblɔ be: “Mama Ritsuko gakpɔtɔ tsɔ ɖe le eme nam kokoko. Ɣesiaɣi si metrɔ yi aƒe la, meyina ɖasrãnɛ kpɔna eye míekpɔa dzidzɔ le hadede tuameɖowo me.”

Ame bubu si ŋu wokpe ɖo nenema ke lae nye Poli, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka, si le Cyprus. Sozos si nye Poli srɔ̃ la nye dɔmenyotɔ kple Kristotɔ dzikpɔla si ɖo kpɔɖeŋu nyui le beléle na hamea me tɔwo me. Ekpea tsɔ̃eviwo kple ahosiwo vaa eƒe me zi geɖe be yewoaɖu nu ahakpɔ gome le hadede tuameɖowo me. (Yakobo 1:27) Nublanuitɔe la, esi Sozos xɔ ƒe 53 la, nu te ahɔhɔ̃ me nɛ eye wòku. Poli gblɔ be: “Srɔ̃nye wɔnuteƒea si mía kplii míeli ƒe 33 la ku gblẽm ɖi.”

Di mɔ siwo dzi nàto akpe ɖe ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la ŋu

Esi wowɔ kua vɔ la, Poli kple viaŋutsuvi suetɔ Daniel, si xɔ ƒe 15 la, ʋu yi Canada. Esi woyi la, wowɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe le afi ma. Poli gblɔ be: “Mía xɔlɔ̃ siwo le hame yeye sia me la menya naneke tso nu siwo dzɔ ɖe mía dzi va yi kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom míenɔ ŋu o. Ke hã wodoa vivi ɖe mía ŋu hegblɔa dzideƒonyawo na mí, eye wonaa kpekpeɖeŋu siwo míehiã la mí. Woƒe ɖetsɔlemea kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ, vevietɔ le ɣeyiɣi ma si me vinyeŋutsua hiã fofoa vevie wu! Ame siwo xɔa ŋgɔ le hamea me la tsɔ ɖe le eme na Daniel ale gbegbe. Wo dometɔ ɖeka ya kpɔa egbɔ be Daniel wɔ ɖeka kpli yewo kpakple xɔlɔ̃ bubuwo le hadede tuameɖowo me alo ɣesiaɣi si wodi be yewoaƒo bɔl vie.” Nuwo le edzi yim nyuie na vidada sia kple viaŋutsua siaa egbea.

Nyateƒeae nye be, míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi ana kpekpeɖeŋu ame siwo le woƒe ame vevi siwo ku fam la ahafa akɔ na wo. Biblia hã faa akɔ na mí kple etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe.

^ mm. 6 Ame aɖewo dea dzesi kugbea ɖe woƒe ɣletigbalẽ dzi gɔ̃ hã be wòanye ŋkuɖodzi na yewo, ale be yewoate ŋu afa akɔ na ƒometɔawo le ɣeyiɣi si me wohiã nɛ wu, si nye kugbea loo alo ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ.