Ne Srɔ̃wò Wɔ Ahasi
AME ƒe dzi gbãna ne srɔ̃a wɔ ahasi. Le nyateƒe me la, srɔ̃tɔ aɖewo tea ŋu tsɔna kena wo srɔ̃ si dze agɔ si trɔ dzi me la, eye wo dome gavivina. a Ne srɔ̃tɔawo lɔ̃ be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ alo agbe yewo nɔewo o, ame si dzi wodze agɔa le la sea veve eteƒe didina. Aleke ame siawo awɔ anɔ te ɖe vevesesea nu?
MAWUNYAKPUKPUI SIWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ
Togbɔ be enyea dzigbãnya hã la, Biblia faa akɔ na srɔ̃tɔ si dzi wodze agɔa le. Wova kpɔnɛ be Mawu le yewoƒe nuxaxa kple aɖatsiwo kpɔm eye wòsea veve ɖe yewo nu.—Malaki 2:13-16.
“Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.”—Psalmo 94:19.
Bill gblɔ be: “Esi mexlẽ mawunyakpukpui ma la, mekpɔe le susu me ɖaa be Yehowa le akɔ fam nam abe ale si vifofo si sea veve ɖe via nu wɔnɛ ene.”
“Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.”—Psalmo 18:25.
Carmen, ame si srɔ̃ mewɔ nuteƒe o ɣleti geɖe gblɔ be: “Srɔ̃nye mewɔ nuteƒe o. Gake meka ɖe edzi be Yehowa ya awɔ nuteƒe nam. Mado ŋukpem gbeɖe o.”
“Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo . . . dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo . . . ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.
Sasha gblɔ be: “Mexlẽ kpukpui sia zi geɖe. Esi medo gbe ɖa edziedzi ta la, Mawu na mekpɔ ŋutifafa.”
Ame siwo katã ƒe nya míegblɔ va yi la se le wo ɖokui me kpɔ be yewoana ta. Gake woɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu eye eƒe Nyaa do ŋusẽ wo. Bill gblɔe ale: “Xɔse si nɔ asinye la na taɖodzinu nɔ nye agbe ŋu togbɔ be edze abe nu sia nu dome gblẽ ene hã. Togbɔ be meto ‘bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã,’ Mawu nɔ kplim.”—Psalmo 23:4.
a Àte ŋu axlẽ nu tso ne àtsɔe ake loo màtsɔe ake o ŋu le nyati siwo le May 8, 1999 ƒe Nyɔ! me si ƒe tanyae nye “Ne Srɔ̃tɔ aɖe Mewɔ Nuteƒe O.”