Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8

Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?

Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?

Ðe wòwɔ na wò kpɔ be ne yedo gbe ɖa na Mawu la, mesenɛ oa? Ne èse le ɖokuiwò me alea kpɔa, ke menye wò ɖeka koe o. Ame geɖe do gbe ɖa na Mawu tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ, gake kuxiawo gakpɔtɔ li. Ðe ema fia be Mawu mesea míaƒe gbedodoɖawo oa? Ao, mefia nenema o. Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míedo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nu la, esenɛ. Na míakpɔ nya siwo Biblia gblɔ ɖa.

MAWU SEA GBEDODOÐAWO.

“Oo Gbedodoɖasela, gbɔwòe ame ƒomeviwo katã ava.”—Psalmo 65:2.

Ame aɖewo gblɔna be esi gbedodoɖa nana yewoƒe dzi dzea eme ta koe yewodonɛ ɖa, togbɔ be woxɔe se be ame aɖeke mesenɛ o hã. Gake menye nane si ana míaƒe dzi nadze eme, ale be míate ŋu anɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu koe gbedodoɖa nye o. Biblia ka ɖe edzi na mí be “Yehowa * tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. . . . Esea woƒe ɣlidodo.”—Psalmo 145:18, 19.

Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu sea esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo. Egblɔ lɔlɔ̃tɔe be: “Miayɔm, miava do gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.”—Yeremiya 29:12.

MAWU DI BE NÀDO GBE ÐA NA YE.

“Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.”—Romatɔwo 12:12.

Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi’ eye be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.’ Esia na eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu di be míado gbe ɖa na ye.—Luka 18:1; Efesotɔwo 6:18.

Nu ka tae Mawu di be míanɔ gbe dom ɖa na ye? Bu eŋu kpɔ: Vifofo kae madzɔ dzi na be ye vi nabia kpekpeɖeŋu ye o? Enye nyateƒe be, vifofo ate ŋu anya nu si via hiã alo ale si wòsena le eɖokui me xoxo, gake ne esee ɖevia bia eƒe kpekpeɖeŋu la, esia nana wòkpɔnɛ be ye via ka ɖe ye dzi eye ye kplii dome le kplikplikpli. Nenema kee ne míedoa gbe ɖa na Yehowa Mawu la, míeɖenɛ fianɛ be míeka ɖe edzi eye míedi be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli.—Lododowo 15:8; Yakobo 4:8.

MAWU TSƆ ÐE LE EME NA WÒ ŊUTƆŊUTƆ.

“[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:7.

Mawu di be míado gbe ɖa na ye elabe elɔ̃ mí eye wòléa be na mí. Enya míaƒe kuxiwo kple nu siwo ŋu míetsia dzi ɖo la nyuie, eye wòdi be yeakpe ɖe mía ŋu.

Fia David do gbe ɖa na Yehowa Mawu le eƒe agbemeŋkekewo katã me be wòakpe ɖe ye ŋu, eɖe eƒe susuwo kple seselelãmewo hã gblɔ nɛ. (Psalmo 23:1-6) Aleke Mawu se le eɖokui me tso David ŋu? Mawu lɔ̃ David eye wòse eƒe gbedodoɖawo katã. (Dɔwɔwɔwo 13:22) Nenema kee Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo elabe etsɔ ɖe le eme na mí.

“MELƆ̃A YEHOWA ELABENA ESEA NYE ƔLIDODO”

Nya mawoe ame siwo ŋlɔ Biblia-gbalẽ si nye Psalmowo la dometɔ ɖeka gblɔ. Eka ɖe edzi be Mawu sea yeƒe gbedodoɖawo, eye ema nyanya kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Gbedodoɖa kpe ɖe eŋu wòse le eɖokui me be yete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli eye wòdo ŋusẽe wòte ŋu nɔ te ɖe kuxiwo kple nu siwo do nuxaxa nɛ le agbe me la nu.

Ne míeka ɖe edzi be Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo la, ana míayi edzi anɔ gbe dom ɖa nɛ. Bu nu si dzɔ ɖe Pedro dzi ŋu kpɔ. Pedro le Spain ƒe dziehe, eye viaŋutsu si xɔ ƒe 19 la ku le ʋufɔku aɖe me. Esi wònɔ nu xam la, eɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Mawu eye wòdo gbe ɖa nɛ edziedzi be wòafa akɔ na ye akpe ɖe ye ŋu. Nu kae do tso eme? Pedro gblɔ be: “Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu. Eto mía nɔvi Kristotɔwo dzi kpe ɖe nye kple srɔ̃nye ŋu hefa akɔ na mí.”

Zi geɖea, Mawu toa xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ mi la dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Enana wokpena ɖe mía ŋu hefaa akɔ na mí

Togbɔ be gbedodoɖa mena Pedro ƒe via gbɔ agbe o hãa, gbedodoɖa kpe ɖe eya kple eƒe ƒomea ŋu ŋutɔ. Pedro srɔ̃, María del Carmen gblɔ be: “Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye mete ŋu do dzi esi menɔ nu xam. Menyae be Yehowa Mawu se nu si me tom melea gɔme, elabe ne medo gbe ɖa nɛa, nye dzi dzea eme eye nye susu me dzea akɔ anyi.”

Biblia na eme kɔ ƒãa be Mawu sea gbedodoɖawo eye nu siwo me ame geɖe to le agbe me hã ɖo kpe esia dzi. Ke hã, ele eme be Mawu meɖoa gbedodoɖawo katã ŋu o. Nu ka tae Mawu ɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu eye meɖoa ɖewo ya ŋu o?

^ mm. 5 Yehowa ye nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ.—Psalmo 83:18.