Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxo Alo Wodo Ŋgɔ Na Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?

Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxo Alo Wodo Ŋgɔ Na Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?

DZƆDZƆMEŊUTINUNYA

MENYE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA GBALẼE BIBLIA NYE O, KE HÃ NU SIWO WÒGBLƆ KU ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ŊU DO ŊGƆ SÃSÃSÃ NA NU SIWO WONYA ƔEMAƔI. NA MÍADE ŊUGBLE LE KPƆÐEŊU ƲƐ AÐEWO ŊU KPƆ.

Ðe gɔmedzedze li na xexea?

Tsã la, dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo bui be nya ma ƒe ŋuɖoɖoe nye ao. Fifia wova lɔ̃ ɖe edzi be gɔmedzedze li na xexea. Biblia ya gblɔ nya ma xoxoxo eme kɔ.—1 Mose 1:1.

Aleke anyigba ƒe nɔnɔme le?

Tsã la, ame geɖe susu be anyigbaa le gbadzaa. Le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Helatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be anyigba le godoo. Gake do ŋgɔ kura na ema, le ƒe alafa enyilia D.Y. me la, Biblia ŋlɔla Yesaya gblɔ be ‘anyigba le nogoo’ eye esia ate ŋu afia “godoo.”—Yesaya 40:22.

Ðe dziƒowo ŋutɔŋutɔ dome ate ŋu agblẽa?

Helatɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala Aristotle, si nɔ anyi le ƒe alafa enelia D.Y. me la, bu be anyigba koe ate ŋu agblẽ, gake dziƒo si ɣletiviwo le ya matrɔ alo agblẽ o. Eƒe susua nɔ amewo si ƒe alafa geɖe. Gake le ƒe alafa 19 lia me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nɔ gbɔgblɔm be nuwo ate ŋu atɔtɔ. Wogblɔ be nu siwo le dziƒo kple anyigba dzi la ate ŋu agblẽ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalaawo dometɔ ɖeka si do susu sia ɖe ŋgɔ si nye Lord Kelvin, va de dzesi nya si Biblia gblɔ tso dziƒo kple anyigba ŋu be: “Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene.” (Psalmo 102:25, 26) Abe ale si Biblia gblɔe ene la, Kelvin xɔe se be Mawu ate ŋu atiae be yeaxe mɔ be yeƒe nuwɔwɔwo dome nagagblẽ o.—Nyagblɔla 1:4.

Nu kae lé ɣletinyigbawo abe míaƒe anyigba ene ɖe yame?

Aristotle fia nu be dziƒonuwo le wo nɔewo me nogonogo, woate ŋu akpɔ nu to wo me, eye anyigba le woƒe titina. Kaka ƒe alafa 18 lia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) naɖo la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nɔ lɔlɔ̃m ɖe susu si nye be womeku ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ɖe naneke ŋu o la dzi. Gake Hiob ƒe agbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa 15 lia D.Y. me gblɔ be Wɔla la “meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.”—Hiob 26:7.

ATIKEWƆNYAWO

TOGBƆ BE MENYE ATIKEŊUTINUNYA GBALẼE BIBLIA NYE O HÃ, EƑO NUTSO MƆFIAME SIWO KU ÐE LÃMESẼNYAWO ŊU LA ŊU XOXOXO.

Dɔnɔwo ɖeɖe ɖe aga.

Mose ƒe Sea gblɔ be woaɖe ame siwo ŋu kpodɔ le la ɖe aga. Tso esime dɔvɔ̃wo do le ƒe alafa 5 lia K.Ŋ., va ɖo ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu lɔƒo hafi ɖɔktawo va kpɔe be ele be woanɔ dɔnɔwo ɖem ɖe aga, eye wole ewɔm va se ɖe egbea.—3 Mose ta 13 kple 14.

Ele be woaklɔ asi ne woka asi ame kuku ŋu.

Do ŋgɔ na ƒe alafa 19 lia la, zi geɖea, ne ɖɔktawo ka asi ame kukuwo ŋu la, womeklɔa asi hafi kpɔa dɔnɔwo gbɔ o. Esia na ame geɖe ku. Ke hã, Mose ƒe Sea gblɔ be ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋu mekɔ o. Sea gblɔ gɔ̃ hã be, ele be woazã tsi atsɔ akɔ amea ŋu. Subɔsubɔnuwɔna mawo de wo dzi le lãmesẽnyawo gɔ̃ hã me.—4 Mose 19:11, 19.

Afɔdzi ɖiɖi ɖe to me.

Afɔdzi siwo womeɖi o nana mĩtsinyenyedɔ wua ɖevi gbogbo aɖewo ƒe sia ƒe. Mose ƒe Sea gblɔ be ele be woaɖi afɔdzi ɖe to me le afi si mete ɖe aƒewo ŋu o.—5 Mose 23:13.

Ɣeyiɣi si woatso aʋa.

Mawu ƒe Sea gblɔ be ne wodzi ŋutsuvi la, woatso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe. (3 Mose 12:3) Ne wodzi vi la, axɔ abe kwasiɖa ɖeka ene hafi eƒe ʋua nate ŋu abla. Le Biblia ŋlɔɣi, hafi atikewɔnyawo va de ŋgɔ la, ale si wolalana kwasiɖa ɖeka megbe hafi tsoa aʋa na ɖeviwo la, kpɔ wo ta.

Ale si nɔnɔme nyuiwo dea lãmesẽ dzi.

Dɔdada ŋuti numekulawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be nɔnɔme nyuiwo abe dzidzɔ, mɔkpɔkpɔ, akpedada kple didi be woatsɔ ake dea ame ƒe lãmesẽ dzi. Biblia gblɔ be: “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.”—Lododowo 17:22.