Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ne Eva Hiã Be Nàtrɔ Gbɔ Va Aƒe Me

Ne Eva Hiã Be Nàtrɔ Gbɔ Va Aƒe Me

KUXIA

Wogblɔ le wo ŋu be, “wonye dzidzime siwo yina ʋuu gatrɔna gbɔna”—wonyea ɖekakpui kple ɖetugbui siwo dzo le aƒe me va le wo ɖokuiwo si, gake ganyawo ƒe sesẽ wɔnɛ be wogatrɔna gbɔna vaa aƒe me. Ðe esia dzɔ ɖe wò hã dziwòa?

Nenye be èlɔ̃ tɔwò kple nɔwò vevie gɔ̃ hã la, tɔtrɔ gbɔ va aƒe me ate ŋu asesẽ na wò. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sarah * gblɔ be: “Esi meʋu va le ɖokuinye si la, ena dzi ɖo ƒonye, eye nyemegakpɔa ame aɖeke sinu be woawɔ nuwo nam o. Gake tɔtrɔ gbɔ na mese le ɖokuinye me be megazu ɖevi ake.” Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Richard hã se le eɖokui me nenema ke. Egblɔ be: “Nyemedi be matrɔ agbɔ hafi o, gake ga aɖeke megale asinye matsɔ akpɔ ɖokuinye dzi o. Mekpɔe be medo kpo nu.”

Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi me la, nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖɔ nuwo ɖo.

NU SIWO GBƆ WÒTSONA

Gakuxiwo. Sɔhɛ geɖewo ƒe ŋkume kea dzo ne wova kpɔe be agbea mele bɔbɔe abe ale si yewo susui ene o. Richard si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Mezã ga siwo katã le gadzraɖoƒe nam tsɔ kpɔ ɖokuinye dzi.” Nu ma tɔgbi ke dzɔ ɖe ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Shaina si dzo le aƒe me esi wòxɔ ƒe 24 gake trɔ gbɔ le ƒe ɖeka kple afa megbe hã dzi. Egblɔ be: “Ðe wòle be malé be na ga si le asinye nyuie hafi, ga aɖeke menɔ asinye hafi meʋu le aƒe me o gake metrɔ gbɔ kple fe.” *

Dɔwɔɖuinyawo. Dɔwɔɖui ƒe gege le ame si ate ŋu agblẽ ɖoɖo nyui si ame aɖe wɔ be yeanɔ ye ɖokui si la me. Nu ma tututue dzɔ ɖe Shaina dzi. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ atikewɔwɔ na ame ƒe dɔ aɖe le suku, eye habɔbɔ aɖe kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ, gake esi dɔa va ge le asinye la, meva tsi yame. Meva nɔ kɔƒe aɖe me, eye dɔ si mesrɔ̃ la tɔgbi aɖeke meli makpɔ awɔ o!”

Mɔkpɔkpɔ si meva eme o. Sɔhɛ aɖewo dze dɔwɔwɔ gɔme evɔ womedzra ɖo ɖe nu si gbegbe woƒe dɔa abia tso wo si la ŋu o. Dɔa va sesẽna na wo wu ale si wosusui. Gake ewɔa nuku na wo be ale si yewo susui be ne yewova le yewo ɖokui si la ana yewoakpɔ dzidzɔ la mevaa eme nenema o. Womenya be tsitsi anɔ ame ɖokui si bia nu geɖe nenema gbegbe o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dzro eme kple dziwòlawo be yedi be yeatrɔ agbɔ. Midzro nyawo abe esiwo gbɔna ene me: Ɣeyiɣi didi kae nàgava nɔ aƒea me? Esi nèli la, aleke nàte ŋu akpe asi ɖe aƒea me ƒe gazazãwo ŋu? Aƒemedɔ kawoe nàte ŋu awɔ? Afɔ kawoe nàɖe be nàgava nɔ ɖokuiwò si? Metsɔ le ƒe si nèxɔ me o, ɖo ŋku edzi be dziwòlawo ƒe kpɔkplɔ tee nègava le, eya ta ele be nàwɔ ɖe woƒe sededewo dzi.—Biblia ƒe mɔfiame: 2 Mose 20:12.

Srɔ̃ ale si nàzã gae. Agbalẽ si nye Mɔfiame Si Sɔ Na Ale si Nàzã Wò Gae: Na Ƒewuiviwo Kple Kɔledziviwo (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Ale si nèzãa wò gae fifia ye afia nenye be azã wò ga nyuie le etsɔme loo alo mazãe nyuie o. . . . Nu vevitɔ si wòle be nàsrɔ̃ fifiae nye ale si mele be nàzã wò ga ɖe nu siwo mehiã o ŋu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Luka 14:28.

Xɔ Aɖaŋuɖoɖo si sɔ. Dziwòlawo kple ame tsitsi bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nàdzra ga ɖo, awɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu kple ale si nàxe nugblẽfewo. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Marie gblɔ be: “Ele be matrɔ yi megbe ava srɔ̃ ale si wozãa gae. Xɔ̃nye aɖe kpe ɖe ŋunye mewɔ nuŋlɔɖi tso nu siwo hiãm ŋutɔŋutɔ kple esiwo mehiãm o ŋu. Ewɔ nuku nam be nu siwo ŋu mezãa ga ɖo ƒe akpa gãtɔ mehiãm ŋutɔŋutɔ hafi o! Mesrɔ̃ ale si matu nɔnɔme si akpe ɖe ŋunye be manɔ ɖokuinye si ɖo—si nye ɖokuidziɖuɖu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 13:10.

Menye dɔ si tɔgbi nànɔ wɔwɔm ye nye nu vevitɔ o, ke boŋ ale si nàbi ɖe dɔ si wɔm nèle me ye

Dze agbagba nàdi dɔ. Zã ɣeyiɣi siwo le asiwò fifia nàtsɔ adi dɔ. Gake ɖɔ ŋu ɖo, elabena ame aɖewo ade dzi ƒo na wò be nàdi “dɔ si tututu nàdi be yeawɔ le agbe me.” Gake ‘dɔ si tututu nàdi be yeawɔ le agbe me didi’ awɔe be màkpɔ dɔ bubuwo ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo anɔ ʋuʋu ɖi na wò la o! Le esi nàgblẽ ɣeyiɣi anɔ dɔ aɖe koŋ dim teƒe la, di dɔ le teƒe vovovowo boŋ. Ðo ŋku edzi be menye dɔ si tɔgbi nànɔ wɔwɔm ye nye nu vevitɔ o, ke boŋ ale si nàbi ɖe dɔ si wɔm nèle me ye. Le nyateƒe me la, wode dzesii be ne dɔwɔlawo le dɔ wɔm le teƒe aɖe, eye ɣeyiɣiwo va le yiyim la, wova bina ɖe edzi; esia nana wosea vivi na dɔa. Mehiã kokoko be nànɔ dɔ si nèdi be yeawɔ le agbe me la wɔm hafi alɔ̃ dɔ si wɔm nèle o!

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 8 Kɔledzi sukuvi siwo le United States (États-Unis) la doa go kuxi sia ƒomevi zi geɖe. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Wall Street Journal) gblɔ be: Le mama dedie nu la, sukuvi siwo doa ga tsɔa kpɔa woƒe sukunyawo gbɔ la nyia dɔla 33,000 ƒe fe ne wowu suku nu.