Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Honduras

Tsaɖiɖi Yi Honduras

HONDURAS gɔmee nye “Gogloƒe” le Spaingbe me. Ðewohĩ Christopher Columbus ye zã nya sia tsɔ ɖɔ tsi siwo le Atlantik-ƒuta. Ame aɖewo gblɔ be afi mae Honduras kpɔ eƒe ŋkɔa tsoe.

Hondurastɔwo dea asixɔxɔ gã aɖe nuteƒewɔwɔ na ame ƒe ƒometɔwo kple nuwɔwɔ aduadu kpli wo ŋu ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a siaae tsoa nya me ɖekae le nya veviwo abe ga siwo woazã atsɔ akpɔ aƒea dzi kple ɖeviwo ƒe sukudede ene la ŋu.

Hondurastɔ akpa gãtɔ nye Mestizowo, si fia Europatɔ siwo ɖe anyigba ma dzi tɔwo ƒe viwo. Honduras vidzidziwo ƒe to aɖewo me tɔwo gakpɔtɔ li, wo dometɔ ɖekae nye Chortí. Honduras vidzidziwo ƒe to siwo dometɔ aɖewoe nye Garifunawo gblɔna be teƒe bubu aɖee yewo tɔgbuiwo tso va tsi afi ma.

Garifunawo ƒe hadzila aɖe le ʋu ƒom

Garifunawo nye Afrikatɔwo kple Karib Indiatɔ siwo nɔ St. Vincent ƒukpo dzi la ƒe dzidzimeviwo. Le  ƒe 1797 me lɔƒo la, Garifunawo va ɖo ƒukpo siwo woyɔna be Islas de la Bahía (Bay Ƒukpowo) la dzi. Emegbe wova tsi Karib Ƒutawo le Titina Amerika ƒe duwo me. Garifunawo tso afi ma kaka ɖe Titina Amerika kple Dziehe Amerika ƒe akpa vovovowo.

Garifunawo lɔ̃a ɣeɖuɖu dzidzɔtɔe eye wonɔa ʋuwo ƒom. Woƒe dekɔnuwo dometɔ aɖewoe nye awu siwo le amadede vovovowo me, glitotowo kple nuɖuɖuwo abe ereba (enye abolo gbadza kpabɛ aɖe si wotsɔa agbeli wɔna) ene.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame 400 aɖewoe le Honduras. Wowɔa kpekpewo le Spaingbe, Eŋlisigbe, Garifunagbe, Honduras Tokunɔgbe, Chinatɔwo ƒe Mandarin kple Miskitogbe me.

Ereba, enye abolo gbadza kpabɛ aɖe si wotsɔa agbeli wɔna