Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nànɔ Te Ðe Akogotsitsi Nu

Ale Si Nànɔ Te Ðe Akogotsitsi Nu

KUXIA

“Xɔ̃nye nyɔnuvi eve aɖewo li, wowɔa nu ɖekae eye wogblẽam ɖi. Wonɔa ale si wokpɔ dzidzɔe la gblɔm ɣesiaɣi mesena. Gbe ɖeka esi meyɔ wo dometɔ ɖeka la, evelia hã nɔ egbɔ ɣemaɣi. Ame bubue va ƒo nu kplim le telefon la dzi, gake esime nye kple amea míenɔ nu ƒom la, mese xɔ̃nye eveawo nɔ dze ɖom henɔ nu kom. Woƒe dzidzɔkpɔkpɔa ko mese, eye esia na megase le ɖokuinye me geɖe wu be metsi akogo!”—Maria. *

Èse le ɖokuiwò me kpɔ be wogblẽ ye ɖi yetsi akogoa? Nenye nenemae la, Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gake na míabu nu ʋɛ aɖewo siwo wòle be nànya ku ɖe akogotsitsi ŋu la ŋu gbã.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ame sia ame kloe tsia akogo ɣeaɖewoɣi. Ame xɔŋkɔwo gɔ̃ hã tsia akogo. Nu ka tae? Elabe zi geɖe la, menye xɔlɔ̃ agbɔsɔsɔme si le ame si ye nana be wotsia akogo alo wometsia akogo o, ke boŋ xɔlɔ̃ si ƒomevi le ame si gbɔe wòtsona. Xɔlɔ̃ gbogbo aɖewo ate ŋu anɔ ame xɔŋkɔ aɖe si, gake xɔlɔ̃ vavã aɖeke manɔ esi o, esia ana wòatsi akogo.

Akogotsitsi ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu. Numekula siwo lé ŋku ɖe numekuku 148 aɖewo siwo wowɔ la me tsonuwo ŋu la ƒo nya ta be ame siwo medea ha kple ame bubuwo ale o la tea ŋu kuna kaba, eye nu si wògblẽna le wo ŋu nu sẽ “teƒe eve wu nu si lolo fũu gblẽna le ame ŋu” eye “wòsɔ kple nu si sigarɛt-ti 15 nono gbe sia gbe gblẽna le ame ŋu.”

Akogotsitsi ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Le nyateƒe me la, akogotsitsi ate ŋu awɔe be nàlɔ̃ faa adze xɔlɔ̃ ame sia ame ko. Ŋutsuvi aɖe si ŋkɔe nye Alan gblɔ be: “Ne ètsi akogo la, ànɔ didim vevie be amewo natsɔ ɖe le eme na ye. Àte ŋu agblɔ na ɖokuiwò be, xɔlɔ̃ aɖe nɔ ame si la nyo wu ɖeke manɔ ame si, elabe afi aɖe kpɔkpɔ nyo wu yamekpɔkpɔ. Gake esia ate ŋu ahe kuxiwo vɛ.”

Mɔ̃ɖaŋunuwo meɖea akogotsitsi ɖa ɣesiaɣi o. Aƒenɔvi aɖe si ŋkɔe nye Natalie gblɔ be: “Nukutɔe la, metea ŋu ŋlɔa nu na ame gbogbo aɖewo to asitelefon alo kɔmpiuta dzi gbe sia gbe, gake megatsia akogo kokoko.” Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Tyler hã se le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Nuŋɔŋlɔ na amewo to asitelefon dzi le abe numeɖenu ene, gake dzeɖoɖo kple amewo ŋkume-kple-ŋkume le abe nuɖuɖua ŋutɔŋutɔ ene. Togbɔ be numeɖenu vivina ŋutɔ hã la, ehiã be nàɖu nu ŋutɔŋutɔ hafi ate ŋu aɖi ƒo.”

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Susu nyui nènɔ asiwò. Tsɔe be xɔlɔ̃wòwo yi kplɔ̃ɖoƒe aɖe evɔ womekpe wò o eye nèva kpɔ fotoawo le internet dzi hahokadoƒe si dzi wodaa fotowo ɖo la dzi. Nyataƒoƒo evee dze ŋgɔwò, àte ŋu aƒo nya ta be ɖe woɖoe koŋ gbe ye kpekpe na kplɔ̃ɖoƒea alo àgblɔ na ɖokuiwò be ɖewohĩ menye susu vɔ̃ aɖeke tae o. Esi màte ŋu anya susu si tututu tae womekpe wò ɖo o ta la, nu ka tae nàbui be ɖe woɖoe koŋ gbe ye kpekpe? Ðe manyo boŋ be nàdze agbagba abui be ɖewohĩ manye susu vɔ̃ aɖeke tae oa? Zi geɖe la, menye nɔnɔme si me nèle lae nana nètsia akogo o, ke boŋ ale si nèbua nɔnɔmeae.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 15:15.

Ƒo asa na nya siwo menyea nyateƒe ɣesiaɣi o gbɔgblɔ. Ne ètsi akogo la, ate ŋu adzɔ be nàgblɔ be: “Amewo mekpeam gbeɖe o” alo “Amewo melɔ̃a hadede kplim ɣeaɖekeɣi o.” Gake ɖeko nuŋububu alea ana be nàgase le ɖokuiwò me geɖe wu be yetsi akogo. Eye esia ana nàse le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ɖi, esia awɔe be wò ŋutɔ nàɖe ɖokuiwò ɖe aga, eye ne èɖe ɖokuiwò ɖe aga la, àtsi akogo, eye akogotsitsia ana nàse le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ɖi.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 18:1.

Lɔ̃ faa nàdze xɔlɔ̃ ame siwo tsi wu wò. Biblia ƒo nu tso David ŋu. David mekpɔ xɔ ƒe blaeve ɣemaɣi o esime wòdo go Yonatan, ame si tsi wui abe ƒe 30 ene. Togbɔ be Yonatan tsi wu David sãsãsã hã la, wo ame evea wova zu xɔlɔ̃ veviwo. (1 Samuel 18:1) Esia ate ŋu ava eme na wò hã. Kiara, ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe 21 la gblɔ be: “Nyitsɔ laa hafi meva kpɔe be xɔlɔ̃dzedze ame siwo tsi wu ame ɖea vi ŋutɔ. Xɔ̃nye vevi aɖewo tsi wum ƒe gbogbo aɖewo, mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wobua nuwo ŋu nyuie eye woli ke nyuie la hã ŋu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Hiob 12:12.

Kpɔ vi siwo wòɖena ne wò ɖeka nèli la dze sii. Ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewotsi akogo ne woawo ɖeɖe woli. Gake mehiã kokoko be nàse le ɖokuiwò me be yetsi akogo ne eva dzɔ be wò ɖeka nèli o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu dea ha kple amewo, ke hã edia ɣeyiɣi eya ŋutɔ ɖeka nɔa anyi. (Mateo 14:23; Marko 1:35) Wò hã àte ŋu awɔ nenema. Le esi nàbu wò ɖeka ƒe anyinɔnɔ be enye akogotsitsi teƒe la, zã ɖoɖoeziɣi ma boŋ nàtsɔ ade ŋugble le yayra siwo su asiwò la ŋu vevie. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàzu xɔlɔ̃ si ƒe nu nyoa ame ŋu.Lododowo 13:20.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.