Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Afrika Dzi

Susuhehe Yi Afrika Dzi

Ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔ geɖewo le agbagba dzem be yewoana agbenɔnɔ nade amewo dzi le Afrika. Gake kuxi sesẽwo gakpɔtɔ le fu ɖem na Afrikatɔwo kokoko.

Gbenyiwo Wuwu Manɔsenu

Wowu gbenyi 1,004 le South Africa le ƒe 2013 me evɔ le ƒe 2007 me la, gbenyi 13 ko wowu. Togbɔ be ele alea hã la, ɖeko gbenyi ƒe dzo ƒlelawo gale geɖe wu dim, eye gbenyi ƒe dzo kilogram ɖeka ate ŋu axɔ asi wu sika kilogram ɖeka. Gbenyi ƒe dzo ɖeka ate ŋu axɔ dɔlar miliɔn afã.

BU NYA SIA ŊU: Ðe dziɖuɖuwo ate ŋu aɖe sedzimawɔmawɔ ɖa gbe ɖeka?—Yeremiya 10:23.

Zãnuxɔxɔ Siwo Womeʋua Goe O

Dukɔwo Dome Amebabanutsiha bu Ɣedzeƒe Afrika dukɔwo de xexemedukɔ siwo me zãnuxɔxɔ xɔ aƒe ɖo wu le la dome. Gake ame siwo si woxɔa zãnu le la dometɔ 90 le 100 me meʋua go zãnuxɔlawo o. Habɔbɔa ƒe nyanuɖela si le Kenya gblɔ be: “Ewɔ abe dukɔmeviwo mekana ɖe woƒe dziɖuɖumegãwo dzi be woate ŋu awɔ nane tso nu fitifiti wɔwɔ ŋu o ene.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo.”—2 Mose 23:8.

Internetzazã Le Afrika

Xexea Me Kadodomɔnuwo Ƒe Habɔbɔ gblɔ be kaka ƒe 2014 ƒe nuwuwu naɖo la, Afrikatɔ 20 kloe le 100 me anɔ Internet zãm. Ame siwo le Internet zãm le woƒe asitelefonwo dzi le Afrika la dzi ɖe edzi teƒe eve ne wotsɔe sɔ kple xexea me katã tɔ le mama dedie nu.