Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu

KUXIA

“Esi menɔ gɔmedzesuku la, nye sukuhatiwo melɔ̃a nye nya o eye esia tena ɖe dzinye ŋutɔ. Eye esi medze sekɛndrisuku gɔme la, metrɔ nye dzedzeme kple nye agbenɔnɔ, gake menye ɖe nyui dzi o. Medi vevie be xɔlɔ̃ nanɔ asinye ale gbegbe be meva le agbe nɔm abe nye sukuhatiwo ene ale be woalɔ̃ nye nya.”—Jennifer, exɔ ƒe 16. *

Ðe hawòtiwo ƒoa nya ɖe nuwòa? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu.

Ne èwɔa nu be yeadze ye hatiwo ŋu la, àzu abe robot ene le wo si me eye woawɔ wò ale si wodii. Nu ka ta nàɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ma gbegbe ɖe dziwò?Romatɔwo 6:16.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana ame nyui nazu ame gbegblẽ.

Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”1 Korintotɔwo 15:33.

“Ðeko wòle abe míenya be nane menyo be míawɔ o, gake ne woƒo nya ɖe mía nu la míaƒe seselelãmewo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi eye míezua ameŋudzelawo ene!”—Dana.

Menye hawòtiwo koe ƒoa nya ɖe nuwò o.

Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.”Romatɔwo 7:21.

“Zi geɖe la, nye ŋutɔ menyee dzodzroa nɔna; nye ŋutɔe nu siwo ŋu hanyetiwo ƒoa nu le hedoa vivi ɖo la dzrona.”—Diana.

Anye dada na wò ne ète ŋu nɔ te ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu.

‘Dzitsinya nyui nenɔ asiwò’1 Petro 3:16.

“Ɣeaɖeɣi va yi la, esesẽ nam be manɔ te ɖe hanyetiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu, gake fifia ya nyemegavɔ̃na be mato vovo na wo o eye metɔa afɔ to sesĩe le nye nyametsotsowo me. Naneke mevivina wu be woadɔ alɔ̃ le zã me kple dzitsinya dzadzɛ o.”—Carla.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne hawòtiwo le eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu gbegblẽ la te mɔnu siwo gbɔna kpɔ nàtsɔ anɔ te ɖe enu.

Bu emetsonuawo ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne mewɔ woƒe didiwo dzi eye asi tum ɖe, aleke dzinyelawo abumee? Aleke mabu ɖokuinyee?’Biblia ƒe gɔmeɖose: Galatiatɔwo 6:7.

“Dzinyelawo biaa nya siawo tɔgbim: ‘Ne èna ta la nu kae adzɔ ɖe dziwò?’ Wokpe ɖe ŋunye mekpɔ ale si gbegbe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ahem ade nu gbegblẽ wɔwɔ me la dze sii.”—Olivia.

Ka ɖe nu siwo nèxɔ se la dzi. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae mexɔe se be nuwɔna sia anye afɔku na nye ŋutɔ loo alo ame bubuwo?’Biblia ƒe gɔmeɖose: Hebritɔwo 5:14.

“Esi menɔ ɖevime la, ne ame aɖe di be yeable nunye mawɔ nu gbegblẽ la, ɖeko megblɔna be megbe, gake fifia ya metea ŋu ɖea nu si tae megbe be nyemawɔ nane o alo lɔ̃ be mawɔe la gɔme na amewo nyuie. Meléa nye dzixɔse siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu me ɖe asi goŋgoŋ. Nye ŋutɔe ɖea ɖokuinye nu, menye ame bubu o.”—Anita.

Bu ame si tɔgbi nèdi be yeanye la ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ame ka tɔgbie medi be manye?’ Azɔ bu nyaƒoɖeamenu siwo nèle go domee ŋu, eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae ame ma tɔgbi awɔ le nɔnɔme sia me?’Biblia ƒe gɔmeɖose: 2 Korintotɔwo 13:5.

“Ame si menye la dzea ŋunye, eya ta nyemetsɔa ɖeke le ale si ame bubuwo abum la me o. Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be mele alea hã la, ame geɖe lɔ̃a gbɔnyenɔnɔ.”—Alicia.

Bu nu si ava dzɔ le etsɔme ŋu. Ne sukuvie nènye la, ame siwo ŋu nèle agbagba dzem be yeadze fifia la magava nye ame aɖeke na wò le ƒe aɖewo megbe o alo kura gɔ̃ hã le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe o.

“Ne mele foto siwo míeɖe le suku kpɔm la, nyemegaɖoa ŋku nye sukuhati aɖewo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã dzi o. Gake esime menɔ suku la, woƒe nyawoe nɔa vevie nam wu nye dzixɔse kura gɔ̃ hã. Bometsitsi ka gbegbee nye esi!”—Dawn, exɔ ƒe 22 fifia.

Dzra ɖo. Biblia gblɔ be: “Mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.”Kolosetɔwo 4:6.

“Dzinyelawo kpena ɖe nye kple nɔvinye nyɔnu suea ŋu míebua nyaƒoɖeamenu siwo míate ŋu ado goe la ŋu, eyome míewɔa nu abe ale si woate ŋu adzɔe ene, ale be ne wova dzɔ la míanya nu si míawɔ.”—Christine.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.