NYƆ! January 2014 | Nyatakakadzraɖoƒe Si Nyo Na Ame Sia Ame
Àdi be yease Biblia gɔme ɖe edzia? Alo àdi be wò ƒomea nakpɔ dzidzedzea? Sɔhɛ nènye eye nèle aɖaŋuɖoɖo dima? Nya siwo sɔ na ame sia ame le míaƒe nyatakakadzroƒea.
NYATI SI LE AKPAA DZI
Nyatakakadzraɖoƒe Si Nyo Na Ame Sia Ame
Srɔ̃ ale si nàzã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea eye nàkpɔ ale si Biblia me nunya si ɖea vi ɣesiaɣi la akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋui ɖa.
Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
Nyatiawo dometɔ aɖewo: ɖevi ƒe gomenɔamesi le Afrika-dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe, vɔvɔ̃ na Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu le Italy kple ale si sɔhɛwo gbena be woagado yewo ɖe ŋgɔ le dɔ me o le dzidzim ɖe edzi le Japan.
INTERVIEW
Nugbagbesueŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse
Ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ la na Feng-Ling Yang, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si le Japan, megava xɔ nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la dzi se o. Nu ka tae?
NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU
Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu
Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana ame nyui nawɔ nu gbegblẽwo. Nu kae wòle be nànya tso hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu eye aleke nànɔ te ɖe enui?
NU SI BIBLIA GBLƆ
Nuwɔwɔwo
Biblia ƒo nu tso “ŋkeke” ade siwo Mawu tsɔ wɔ nu gbagbewoe la ŋu. Ðe ŋkeke mawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye gaƒoƒo 24 hã?
LANDS AND PEOPLES
Tsaɖiɖi Yi Italy
Wonya Italytɔwo nyuie be wowɔa xɔlɔ̃, blemanuwo bɔ ɖe wo gbɔ eye nutata vovovowo le wo si. Xlẽ nu tso ale si Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le edzi yim le du sia mee la ŋu.
WAS IT DESIGNED?
Nya Ɣaɣla Aɖe Si Ku Ðe Yiyiɖɔ Ŋu
Yiyiɖɔ tea ŋu sesẽna alo bɔbɔna ne ehiã. Xlẽ nu tso ale si wòdzɔnae kple nu si tae la ŋu.