Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Bɔtri Ƒe Nusese Wɔnuku La

Bɔtri Ƒe Nusese Wɔnuku La

BƆTRI alo abɔ aɖewo le Anyiehe Amerika siwo ƒe towo medidi de milimeta ɖeka o, ke hã woƒe nusese de amegbetɔwo tɔ ɖi ge kloe. Nudzodzoe sia tea ŋu dea vovototo gbe vovovo siwo le ɖiɖim le adzɔge ʋĩ ke la dome. Le kpɔɖeŋu me, etea ŋu dea vovototo bɔtri bubu ƒe xɔxlɔ̃ kple agutɔ si le nu dim be yealé la ƒe xɔxlɔ̃ dome.

BƆTRI ƑE TO

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Bɔtri ƒe towo le eƒe ŋgɔgbefɔ eveawo ŋu. Abe ale si wòle le amegbetɔ ƒe to gome ene la, bɔtri ƒe to léa gbeɖiɖi ɖi, henyaa gbe si le ɖiɖim kple afi si wòle ɖiɖim tso. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ nu tɔxɛ aɖe le nudzodzoe sia ƒe to me, si nye kotoku nyaŋui si me tsi le, si vuna gblotoo abe ƒuƒuloto (alo wotowoto) ene. Kotoku sia wɔa dɔ abe amegbetɔ kple lã siwo dzia vi ƒe to ememetɔa ƒe akpa si ƒe nɔnɔme le abe abɔbɔ ene. Ke hã wo tɔ lolo wu bɔtri tɔ sãsãsã. Kotoku siae nana be bɔtri sea nu le mɔ wɔnuku sia nu.

Nufialagã Daniel Robert, si fiaa nu le yunivɛsiti aɖe (University of Bristol’s School of Biological Sciences) me le United Kingdom gblɔ be nu sia si wode dzesi le bɔtri ƒe nusese ŋu la akpe ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋu “woawɔ nusemɔ̃ siwo le sue wu, siwo woazã atsɔ ase gbeɖiɖiwo nyuie wu mɔ̃ siwo katã wowɔ kpɔ.” Numekulawo xɔe se be nu sia si ŋu woke ɖo le bɔtri ŋu la ana woato gbeɖiɖimɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ aɖe vɛ, si dzi woato awɔ mɔ̃ deŋgɔ siwo woazã le kɔdziwo le dɔdada me.

Nu kae nèsusu? Ðe bɔtri ƒe nusese wɔnuku la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?