NYATI SI LE AKPAA DZI

Ƒe Nenie Nàte Ŋu Anɔ Agbe?

Ƒe Nenie Nàte Ŋu Anɔ Agbe?

HARRIET ku le ƒe 2006 me esi wòxɔ ƒe 175. Gake menye amegbetɔe Harriet nye o. Klo aɖe si wotsɔ tso Galapagos va da ɖe lãwo kpɔƒe le Australia lae wònye. Harriet ƒe agbenɔƒewo sɔ gbɔ ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple mí amegbetɔwo tɔ. Gake eƒe agbenɔƒe mede naneke ne wotsɔe sɔ kple nu gbagbe bubuwo tɔ o. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

  • Numekula siwo le Finland gblɔ be fɔli si nɔa tsi viviwo me ate ŋu anɔ agbe ƒe 200.

  • Zi geɖe la, adza siwo le atsiaƒu me la nɔa agbe ƒe 100 kple edzivɔ, eye wogblɔ be wotea ŋu nɔa agbe ƒe 400 kple edzivɔ gɔ̃ hã.

  • Ati gbogbo aɖewo nɔa agbe ƒe akpe geɖe, wo dometɔ aɖewoe nye adidoti ƒomevi aɖewo, kpomi ƒomevi aɖewo kple logoti ƒomevi aɖewo.

Ke hã ne amegbetɔ si wobuna be ede ŋgɔ wu anyigbadzinuwɔwɔwo katã la dze agbagba le eɖokui ŋu ʋuu hã la, ƒãa hafi eƒe agbenɔƒe dea 80 alo 90!

Ðe nèsusu be ƒe 80 alo esi wu nenema vie koe míate ŋu anɔ agbea? Alo ɖe wòanya wɔ be míanɔ agbe wòadidi wu ema? Ame geɖewo susui be dzɔdzɔmeŋutinunya kple atikewɔwɔmɔnuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe wòadidi wu.

 Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋuia?

Dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ akpa gã aɖe le lãmesẽnyawo kple atikewɔwɔmɔnuwo dodo ɖe ŋgɔ me. Magazine aɖe gblɔ be: “Ame ʋɛ aɖewo koe dɔ xɔleameŋuwo kple vidzidzimekuxiwo wuna le [United States]. Vidzĩwo ƒe kuku dzi ɖe kpɔtɔ 75 le alafa me tso ƒe 1960 me.” (Scientific American) Gake dzɔdzɔmeŋutinunya mete ŋu kpɔ dzidzedze boo aɖeke le ame tsitsiwo ƒe agbenɔƒewo dzidzi ɖe edzi me o. Magazine ma ke ƒe tata bubu gblɔ be: “Le ƒe geɖe ƒe numekuku megbe kura gɔ̃ hã la, womenya nu si tututu gbɔ amegãkuku tsona o.” Ke hã, edze ƒãa be “amewo kua amegã ne woƒe lãmenu siwo nana be ŋutilã wɔa dɔ nyuie la gbɔdzɔ.” Magazinea gblɔ yi edzi be: “Ne lãmenuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gbɔe amegãkuku tsona la, míexɔe se be woate ŋu ati enu gbe ɖeka.”Scientific American.

“Le ƒe geɖe ƒe numekuku megbe kura gɔ̃ hã la, womenya nu si tututu gbɔ amegãkuku tsona o”

Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le agbagba dzem be yewoawɔ agbedomenyiŋusẽ ŋuti nunya ƒe akpa yeye si míayɔ le nyati sia me be dzɔdzɔmeŋusẽfianu ŋuti nunya la ŋu dɔ atsɔ asrɔ̃ nu tso nu si gbɔ amegãkuku kple tsitsimedɔlélewo tsona la ŋu. Nu kae dzɔdzɔmeŋutinunya ƒomevi sia nye?

Nyatakaka siwo hiã hena lãmenugbagbevi yeyewo wɔwɔ la nɔa lãmenugbagbeviwo ŋutɔ me. Nyatakaka siawo ƒe akpa gãtɔ nɔa lãmenugbagbevi ƒe domenyiŋusẽfianuwo me. Nyitsɔ laa la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gawɔ numekuku detowo tso nu siwo nɔa lãmenugbagbeviwo me ŋu, eye nu si ŋu woke ɖo lae nye dzɔdzɔmeŋusẽfianu. Dzɔdzɔmeŋusẽfianu ŋuti nunya ku ɖe nu wɔnuku siwo yia edzi le lãmenugbagbeviwo me kple ale si wowɔa dɔe la ŋu.

Dzɔdzɔmeŋusẽfianu to vovovo sãsãsã na domenyiŋusẽfianu. Domenyiŋusẽfianuwo le abe atrakpui totro eve ƒokpli ene, gake dzɔdzɔmeŋusẽfianuwo ya nye lãmenu siwo léna ɖe domenyiŋusẽfianuwo ŋu. Dɔ kae lãmenu siawo wɔna? Abe ale si ame si daa ati ɖe ha dzi fiaa mɔ hadzilawo ene la, lãmenu siawo fiaa mɔ ale si nyatakaka siwo le domenyiŋusẽfianuwo me la wɔa dɔe. Lãmenu sia ate ŋu ana domenyiŋusẽfianu aɖewo nadzudzɔ dɔwɔwɔ alo adze dɔwɔwɔ gɔme le lãmenugbagbevia ƒe hiahiã nu, eye nu bubuwo abe nuɖuɖu, nuteɖeamedzi kple aɖinuwo ene hã tea ŋu nana lãmenu sia wɔa dɔ sia. Nu siwo ŋu numekulawo va ke ɖo nyitsɔ laa ku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽfianu ŋu la he tɔtrɔ gã aɖe va nu gbagbewo ŋuti nunya me, eye wokpɔe be lãmenu sia wɔa akpa aɖe le dɔléle aɖewo koŋ kple amegãkuku me.

Numekula Nessa Carey, si wɔa numekuku tso lãmenu sia ŋu la gblɔ be: “[Dzɔdzɔmeŋusẽfianu] wɔa akpa aɖe le dɔlélewo abe tagbɔdɔ si nana wotɔtɔna, ƒunukpeƒetetedɔ, kansa kple vevesese atraɖii ene me.” Egblɔ kpee be esia “wɔa akpa aɖe godoo le amegãkuku hã me.” Eya ta numekuku tso lãmenu sia ŋu ate ŋu ana woava ke ɖe dɔdamɔnu siwo atsi dɔléle siwo dometɔ aɖee nye kansa la nu eye wòana amewo nanɔ lãmesẽ me geɖe wu ahana woƒe agbenɔƒewo nadidi ɖe edzi. Gake fifia la, womekpɔ ke ɖe dɔdamɔnu gobi aɖeke ŋu o. Carey gblɔ be: “Nu siwo míewɔna ɖaa [be míatsɔ atsi amegãkuku nu] ko míegawɔna, eyae nye amagbe geɖe ɖuɖu [kple] kamedede edziedzi.”

Nu ka tae amegbetɔwo le kutri kum nenema gbegbe be yewoanɔ agbe wòadidi wu? Nu ka tae míedina be míanɔ agbe ɖaa? Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Times bia be, “Nu ka tae amegbetɔwo le agbagba dzem le xexea me godoo be yewoayi edzi anɔ agbe, eɖanye to makumakunyenye, tsitretsitsi, agbenɔnɔ le ku megbe alo gbugbɔgadzi me o?” Abe ale si míakpɔe le nyati sia me ene la, ŋuɖoɖoa ɖe nu si tututu gbɔe amegãkuku tso la fia.

 Nu Ka Tae Míedina Be Míanɔ Agbe Tegbee?

Ƒe akpe geɖee nye esi ame butame geɖewo nɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo dim. Ðe ŋuɖoɖo fakɔname si me susu le si wɔ ɖeka kple míaƒe wɔwɔme kple didi be míanɔ agbe tegbee la lia? Ame miliɔn geɖe aɖo biabia sia ŋu kple kakaɖedzi be, ɛ̃ ɖe li! Nu ka tae? Woke ɖe ŋuɖoɖo fakɔname siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe wɔwɔme ŋu la ŋu le Biblia me.

Tso gɔmedzedzea me ke la, Biblia na eme kɔ ƒãa be togbɔ be amegbetɔwo sɔ kple lãwo le nanewo me hã la, woto vovo na lãwo sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 1:27 gblɔ be Mawu wɔ amegbetɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu. Le mɔ ka nu? Ede ŋutete mía me be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye kple nunya afia. Eye esi wònye Mawu ŋutɔ li tegbee ta la, ede didia mí amegbetɔwo hã me be míanɔ agbe tegbee. Nyagblɔla 3:11 gblɔ be “Mawu de mavɔmavɔnyenye tame” kple dzi me na amegbetɔ.Agbenya La.

Kpeɖodzi si li be ɖe wowɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe ɖaa la dzena le ŋutete si le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃, vevietɔ ŋutete si le eŋu be wòasrɔ̃ nu la me. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, “Seɖoƒe meli” na nyatakaka siwo gbegbe amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ate ŋu axɔ o. (The Encyclopedia of the Brain and Brain Disorders) Nu ka tae wòle be ŋutete sia nanɔ mía si nenye be míazãe o? Vavãe, tame si Mawu ɖo ɖe  ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me la dzena le amegbetɔ ŋu le mɔ ɖedzesiwo nu. Ke nu ka tae míetsina kua amegã, kpea fu hekuna?

Nu Si Tae Míekua Amegã Hekuna

Ŋutilã deblibo kple tiatiawɔblɔɖe nɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ si. Nublanuitɔe la, womewɔ tiatiawɔblɔɖe sia ŋuti dɔ nyuie o esi wotiae be yewoadze aglã ɖe yewo Wɔla la ŋu. * (1 Mose 2:16, 17; 3:6-11) Woƒe tomaɖomaɖo alo nu vɔ̃a he fɔɖiɖi kple ŋukpe gã aɖe va wo dzi. Egblẽ nu le woƒe ŋutilã hã ŋu, eye wòna wonɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi kaka va ku mlɔeba. Ale wɔ 1 Korintotɔwo 15:56 gblɔ be: “Veve si hea ku vanɛ lae nye nu vɔ̃.”

Domenyinuŋutise na be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo katã nyi blibomademade ƒe dome, eye esia na wodina be yewoawɔ nu vɔ̃ alo nu gbegblẽ. Romatɔwo 5:12 gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.”

Le nu siwo katã me míedzro va se ɖe fifia la, aleke míaƒo nya tae? Eyae nye be: Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu ake ɖe nu si ana míanɔ agbe tegbee la ŋu gbeɖe o. Mawu koe ate ŋu aɖe nu siwo nu vɔ̃ gblẽ le mía ŋu la ɖa. Gake ɖe wòawɔea? Biblia ɖo eŋu kã be, ɛ̃ awɔe!

“Ami Ku Saɖagatsi Tegbee”

Mawu ɖe afɔ vevi aɖe xoxo be yeaɖe nu vɔ̃ kple ku ɖa. Edɔ Yesu Kristo wòva tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Aleke Yesu ƒe kua ate ŋu aɖe vi na míi? Wodzi Yesu wònye ame deblibo eye “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” (1 Petro 2:22) Eya ta gome le esi be wòanɔ agbe tegbee abe amegbetɔ deblibo ene hafi. Ke nu kae wòtsɔ eƒe agbe deblibo la wɔ? Elɔ̃ faa tsɔe na be woatsɔ axe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Nyateƒee, Yesu tsɔ eƒe agbe na be “wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Eteƒe madidi o, woawɔ tafe ma ŋu dɔ bliboe wòaɖe vi na mí. Vi kae esia ate ŋu aɖe na wò? Bu mawunyakpukpui siawo ŋu kpɔ:

  • “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”Yohanes 3:16.

  • “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”Yesaya 25:8.

  • “Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.”1 Korintotɔwo 15:26.

  • “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ . . . Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o.”Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ƒe nenie nàte ŋu anɔ agbe? Biblia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ ƒãae nye esi: Mɔkpɔkpɔ le amegbetɔwo si be woate ŋu anɔ agbe tegbee, eye mɔkpɔkpɔ sia ava eme ne Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa le anyigba dzi. (Psalmo 37:28, 29) Mɔkpɔkpɔ vevi siae nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ na ame si wohe ɖe ati ŋu le exa la be: “Ànɔ Paradiso me kplim.”Luka 23:43.

Ɛ̃, ale si amegbetɔ dina be yeanɔ agbe tegbee la sɔ eye wòle dzɔdzɔme nu hã. Mawue de didi ma mía me! Gawu la, ana didi sia nava eme na mí. (Psalmo 145:16) Gake ele be míawɔ míaƒe akpa dzi. Le kpɔɖeŋu me, ele be míaxɔ Mawu dzi ase. Hebritɔwo 11:6 gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze [Mawu ŋu] nyuie o, elabena ele be ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye be ezua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.” Xɔse sia menye nane dzi xɔxɔ se eŋumabumabui o, ke boŋ enye nu si ŋu wokpɔ kpeɖodzi le, si wotu ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi la, dzi xɔxɔ se. (Hebritɔwo 11:1) Ne èdi be xɔse sia nasu ye si la, ke te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ŋu alo ʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org.

^ mm. 21 Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea fɔ nya vevi aɖewo ɖe te ku ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu. Woƒo nu tso nya vevi siawo, siwo ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hena ɣeyiɣi kpui aɖe me la, ŋu le Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Xlẽe le Internet dzi le www.jw.org.