NYATI SI LE AKPAA DZI
Nu Si Na Wodzudzɔ Ŋutasesẽ Le Wo Srɔ̃wo Ŋu
Nudzɔdzɔ 1: Isabel * dzilawo va wo srã ge kpɔ. Wo kple wo vinyɔnua kple srɔ̃a woɖo dze viviwo le fiẽsi ma me. Dzila kae manye dada na be ye vi ɖe ŋutsu sia tɔgbi o? Ele nu wɔm ɖe eŋu nyuie.
Nudzɔdzɔ 2: Frank do dɔmedzoe helĩhelĩ. Egale nu wɔ ge le dziku me abe ale si ko wòwɔnɛ ɖaa ene—atu kɔ mo na srɔ̃a, atu afɔkpoe, alé eƒe taɖa anɔ hehem, alo alé eƒe ta anɔ xaxlãm ɖe gli.
ÐEWOHĨ awɔ nuku na wò be nàse be nudzɔdzɔ eveawo siaa ku ɖe srɔ̃tɔ ɖeka mawo ke ŋu.
Abe ale si ko wònɔna le ame siwo sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu gome ene la, Frank nya ale si wòawɔ ameŋkumenu le ame bubuwo kple toa kpakple lɔ̃xoa ŋkume wòadze abe “ame nyui aɖee” wònye ene. Gake ne Frank kple srɔ̃a ɖeɖe woli la, esẽa ŋuta le eŋu ale gbegbe.
Wohe ŋutsu geɖewo le ƒome siwo me ŋutasesẽ xɔ aƒe ɖo la me, abe ale si wòle le Frank gome ene. Esi wònye akpa medzia vi wòɖia adeɣe o ta la, ne ŋutsu siawo va tsi la, wobuna be naneke megblẽ le ŋutasesẽ ŋu o, kura gɔ̃ hã be esɔ. Gake ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu mesɔ le mɔ aɖeke nu o. Esia tae wòkua dzi na ame geɖewo ne wose be ŋutsu aɖe ƒo srɔ̃a.
Gake nublanuitɔe la, ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu nye nuwɔna si bɔ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe ɖee fia be le United States dukɔa me godoo la, le miniti ɖeka ɖe sia ɖe me la ame 16 yɔa telefonxexlẽdzesi aɖe si woɖo ɖi koŋ be ame siwo ŋu wosẽ ŋuta le la nayɔ. Ŋutasesẽ le ƒometɔwo ŋu le aƒe xɔm ɖe dekɔnu vovovo me tɔwo, gatɔwo kple hiãtɔwo, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa dome le xexea me godoo. Esi wònye be ame siwo ŋu wosẽa ŋuta le la dometɔ geɖe mekɔa nu le edzi o ta la, kuxia anya keke ta wu nyatakaka si numekulawo na. *
Ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu ŋuti nyatakaka siawo fɔ nyabiase aɖewo ɖe te: Aleke wɔ ŋutsu ate ŋu asẽ ŋuta le ame ŋu, vevietɔ le srɔ̃a ŋu nenema gbegbe? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo la ŋui?
Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo xɔe se be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsu siwo sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu la ŋu woatrɔ. Ðe tɔtrɔ sia wɔwɔ le bɔbɔea? Ao. Gake ɖe wòanya wɔa? Ɛ̃! Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe srɔ̃ŋutsu geɖewo ŋu wodzudzɔ ŋutasesẽ le wo srɔ̃wo ŋu heva zu ame fatuwo kple ame siwo ŋu bubu le. (Kolosetɔwo 3:8-10) Bu Troy kple Valerie ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu kpɔ.
Aleke mia dome nɔ le gɔmedzedzea me?
Valerie: Le zã si me míedo ŋugbe na mía nɔewo me la, Troy ƒo tome nam sesĩe, eye teƒea dro kwasiɖa ɖeka. Eɖe kuku nam vevie hedo ŋugbe be yemagawɔe azɔ o. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, nya mawo tɔgbi ko wògblɔna nam zi geɖe.
Troy: Nu sia nu ko tea ŋu nana medoa dziku, le kpɔɖeŋu me, ne womeɖa fiẽnuɖuɖu kaba o. Gbe ɖeka metsɔ tu ƒe tagbɔ ƒo Valerie. Ɣebubuɣi la, meƒoe kutɔkutɔe hesusui be eku. Eyome, medo vɔvɔ̃ nɛ be mawu mía viŋutsuvia hetsɔ hɛ ɖo ve dzi na ɖevia.
Valerie: Menɔa vɔvɔ̃ dzi ɣesiaɣi. Ɣeaɖewoɣi la, ele be masi le aƒea me va se ɖe esime Troy ƒe dzi fa. Gake le wo katã me la, eƒe dzugbewo veam wu ƒoƒoawo.
Troy, tso ɖevime kee nèsẽa ŋuta?
Troy: Ɛ̃, tso nye ɖevime kee. Ƒome si me wowɔa ŋutasẽnu le mee menɔ tsi. Fofonye ƒoa danye enuenu le nye kple nɔvinyewo ŋkume. Esi fofonye gblẽ mí ɖi la, danye gava nɔ ŋutsu bubu gbɔ, eye eya hã ƒonɛ. Ŋutsu sia dɔ nye kple nɔvinyenyɔnu gbɔ. Wodee mɔ̃ ɖe esia ta. Ke hã, mede dzesii be nyemate ŋu atsɔ nu siawo dometɔ aɖeke ado taflatsɛ ɖe nye ŋutasẽnuwɔwɔa ta o.
Valerie, nu kae na nèdo dzi nɔ egbɔ?
Valerie: Menɔ vɔvɔ̃m nɛ. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ke ne eti yonyeme va ke ɖe ŋunye, eye wòwum alo wu dzinyelawo ɖe? Ke ne meyi ɖasamae, evɔ nyaa gagblẽ ɖe edzi kura ya ɖe?’
Ɣekaɣie nɔnɔmeawo te tɔtrɔ?
Troy: Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nye. Le gɔmedzedzea me la, menɔ ŋu ʋãm be srɔ̃nye va le xɔlɔ̃ yeyewo dzem, eye megblɔ na ɖokuinye be ele be maɖee tso “kɔmama” manyatalenu sia si me. Ale wɔ nye ŋutasẽnuwɔnawo doa gã ɖe edzi, menye ɖe Valerie ɖeɖe ko ŋu o, ke ɖe Yehowa Ðasefoawo hã ŋu. Gake gbe ɖeka la, hehedɔ dze mía viŋutsuvi Daniel, si xɔ ƒe ene la dzi, eye woxɔe ɖe kɔdzi kwasiɖa etɔ̃ kloe. Le ɣeyiɣi ma katã me la, Ðasefoawo na kpekpeɖeŋu geɖe mí, wokpɔa mía vinyɔnu Desiree, si xɔ ƒe ade gɔ̃ hã, gbɔ na mí. Ðasefo aɖe si wɔ dɔ zã bliboa katã va nɔ Daniel gbɔ ale be Valerie te ŋu dɔ alɔ̃ vie. Ale si gbegbe ame siawo siwo tututu ŋu mewɔ ŋlɔmi le la nyo dɔme nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mekpɔe dze sii be Ðasefowoe nye Kristotɔ vavãwo, eye mebia be woava srɔ̃ Biblia kplim. Esi wonɔ Biblia srɔ̃m kplim la, mesrɔ̃ ale si wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu kple nu si mele be wòawɔ ɖe eŋu o. Meɖe asi le ŋutasẽnuwɔwɔ kple nya tɔamewo gbɔgblɔ ŋu keŋkeŋ. Mlɔeba meva zu Yehowa Ðasefo.
Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe kpe ɖe ŋuwò nètrɔ?
Troy: Wosɔ gbɔ ŋutɔ. Biblia gblɔ le 1 Petro 3:7 be made “asixɔxɔ” srɔ̃nye ŋu. Galatiatɔwo 5:23 de “tufafa” kple “ɖokuidziɖuɖu” ƒe dzi ƒo nam. Efesotɔwo 4:31 ƒo nu tsi tre ɖe “dzugbewo” zazã ŋu. Hebritɔwo 4:13 gblɔ be “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wodze gaglãa” le Mawu ŋkume. Esia fia be Mawu kpɔa nye nuwɔnawo ne ame aɖeke mekpɔ wo o hã. Meva kpɔe hã be ele be mawɔ tɔtrɔ le ame siwo medea ha kplii la hã gome, elabena “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Le nyateƒe me la, xɔ̃nye tsãtɔwo dea ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe dzi ƒo nam. Wosusui be esɔ be woaƒo nyɔnu atsɔ “abɔbɔe ɖe anyi.”
Aleke wò srɔ̃ɖeɖea le fifia?
Valerie: Ƒe 25 ye nye esi Troy zu Yehowa Ðasefo. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, elɔ̃am vevie, efaa tu, eye wòwɔa nu ɖe ŋunye nyuie.
Troy: Nyemate ŋu atrɔ vɔ̃ siwo mewɔ ɖe nye ƒomea ŋu ya o, eye mekpɔe be mele be masẽ ŋuta le srɔ̃nye ŋu hafi o. Gake mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yesaya 65:17 me nyawo ava eme, esime nu manyomanyo mawo magava ame ƒe tame o.
Aɖaŋu kae miaɖo na ƒome siwo me amewo wɔa ŋutasẽnu le wo srɔ̃wo ŋu le?
Troy: Ne èsẽa ŋuta le wò ƒomea me tɔwo ŋu alo dzua wo la, ke lɔ̃ ɖe edzi be yehiã kpekpeɖeŋu, eye nàna woakpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu geɖe. Le gonyeme la, esi Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kplim, eye medea ha kple wo la, esia kpe de ŋunye mete ŋu ɖu ŋutasẽnuwɔwɔ si ɖom abe axɔ̃ ene la dzi.
Valerie: Mègatsi dzi nàtsɔ ale si nɔnɔmea le le wò ƒomea me anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o, eye mègatsi klokloklo awɔ ɖe aɖaŋu siwo ame siwo buna be yewoe nya nu si nyo na wò la aɖo na wò la dzi o. Togbɔ be menye ame sia amee nuwo ava yi na abe ale si wòva yi le mía gome ene o hã la, dzi dzɔam be nyemeɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te o, elabena mía dome le vivim fifia ŋutɔ.
ALE SI WOAWƆ ADZUDZƆ ŊUTASESẼ LE AME SRƆ̃ ŊU
Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋutsu geɖewo ŋu wowɔ tɔtrɔ siwo hiã
Biblia gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo.” (2 Timoteo 3:16) Abe Troy si ŋu nya míegblɔ le etame ene la, srɔ̃tɔ geɖewo wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi, eye wote ŋu trɔ asi le ale si wobua tame kple ale si wowɔa nui ŋu.
Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ale si Biblia ate ŋu aɖe vi na miaƒe ƒomea la ŋua? Ne èdi nyatakaka bubuwo kpee la, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ŋu, alo ʋu www.jw.org.
^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
^ mm. 8 Ele eme baa be nyɔnu geɖewo hã ƒoa wo srɔ̃wo ya. Ke hã, le ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu ƒe nya siwo wotsɔ yia setɔwo gbɔ ƒe akpa gãtɔ gome la, ŋutsuwoe sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu.