Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | PAOLA CHIOZZI

Lãmetsiŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Lãmetsiŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Ðɔkta Paola Chiozzi nye lãmenu suesuewo ŋuti nunyala si le dɔ wɔm le Ferrara Yunivɛsiti le Italy ƒe 20 kple edzivɔe nye esia. Nyɔ! ƒe magazinea talawo bia gbee tso dzɔdzɔmeŋutinunya si wòsrɔ̃ kple nu si dzi wòxɔ se la ŋu.

Ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí vie.

Fofonye nye afɔkpawɔla, eye danye nye agbledela. Gake nye ya medi be mava nye dzɔdzɔmeŋutinunyala. Seƒoƒowo, xeviwo, kple nudzodzoe vovovo siwo ƒo xlã míaƒe aƒea doa dzidzɔ nam ale gbegbe. Mesusunɛ be ame aɖe si si nunya le wu amegbetɔwoe anya wɔ nu siawo.

Esia fia be èxɔe se be Wɔla aɖe li tso ɖevime kea?

Kura o. Mekea ɖi tso nye ɖevime ke nenye be Mawu aɖe li. Dzidɔ wu fofonye kpata, eye mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae Wɔla aɖe si wɔ nu nyui siawo aɖe mɔ ɖe fukpekpe kple ku ŋu?’

Ke ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya si nèsrɔ̃ kpe ɖe ŋuwò nèkpɔ ŋuɖoɖoa?

Nyemekpɔ ŋuɖoɖoa enumake o. Mesrɔ̃ nu tso lãmenugbagbeviwo ƒe kuku ŋu—tso esiwo le dɔ dzi le míaƒe lãme la ƒe kuku kple wo ɖokui ɖɔliɖɔli ŋu. Esia to vovo na esiwo kuna le esi womekpɔ nunyiame nyuitɔ o, si wɔnɛ be míedzea dɔ ɣeaɖewoɣi la. Ɣeaɖeɣi va yi la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo metsɔa ɖeke le nu sia si dzɔna la me boo o, togbɔ be ele vevie na míaƒe lãmesẽ hã.

Mɔ ka nue lãmenugbagbevi siwo le dɔ dzi le míaƒe lãme ƒe kuku ɖea vi le?

Lãmenugbagbevi suesue siwo ŋku mate ŋu akpɔ o miliɔn teƒe miliɔn geɖe ye le míaƒe lãme. Le ɖoɖoa nu la, ele be esiawo katã naku eye bubuwo naxɔ ɖe wo teƒe. Lãmenugbagbevi siawo ƒe agbenɔƒewo le vovovo; ɖewo ɖɔlina le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe eye bubuwo nɔa anyi ƒe ʋɛ aɖewo hafi kuna. Woƒe kuku kple wo ɖokui ɖɔliɖɔli zɔna ɖe ɖoɖo nyui aɖe ŋutɔ nu ale be wòagagblẽ naneke le mía ŋu o.

 Ke nu kae ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?

Numekuku aɖewo ɖee fia be, ne ele be lãmenugbagbevi aɖe naku gake meku o la, ate ŋu ahe ƒunukpeƒetetedɔ kple kansa avɛ. Azɔ hã, ne lãmenugbagbevi aɖe ku do ŋgɔ la, ate ŋu ahe lãmetutudɔ kple tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu avɛ. Nye numekukua ƒe akpa aɖee nye be madi ale si woada dɔ siawoe.

Vi kae nusɔsrɔ̃ tso ale si lãmenugbagbeviwo kuna ŋu ɖe na wò?

Le nyateƒe me la, ewɔ nuku nam. Mekpɔe be ame aɖe si di be míanɔ lãmesẽ me kokokoe anya wɔ ɖoɖo nyui sia. Eya ta megabiaa ɖokuinye kokoko be, Nu ka tae amegbetɔwo kpea fu hekuna? Nyemekpɔ ŋuɖoɖoa o.

Gake èva ka ɖe edzi be ame aɖee wɔ ɖoɖo be lãmenugbagbeviwo nanɔ wo nɔewo ɖɔlim ya.

Ɛ̃. Ðoɖo bliboa gɔmesese mele bɔbɔe kura o, gake ale si lãmenu siawo wɔa dɔ le ɖoɖo nyui nu la ɖe nunya gã aɖe fia. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe nunyae. Mezã nusuekpɔmɔ̃ be matsɔ ase ɖoɖo vovovo siwo nana lãmenugbagbevi siawo nɔa dɔ dzi la gɔme. Ðoɖo siawo dometɔ aɖewo tea ŋu ɖɔa nu ɖo le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me ne ehiã. Lãmenugbagbevi siawo ŋutɔe ɖea esiwo gblẽ la ɖa. Wowɔ ɖoɖoa wòde ŋgɔ ale gbegbe be nu bliboa wɔ nuku ŋutɔ.

Esi míaƒe lãmenugbagbeviwo katã ɖɔa li wo nɔewo ɖe ɖoɖo nyui aɖe nu ta la, anya wɔ be míanɔ agbe tegbee

Nyabiase aɖewo nɔ asiwò ku ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu. Aleke nèwɔ kpɔ ŋuɖoɖoawo?

Le ƒe 1991 me la, atsu kple asi aɖe siwo nye Yehowa Ðasefowo va nye aƒe me, eye mebia be woaɖe nu si tae míekuna me nam. Wotsɔ ale si Biblia ɖo nya sia ŋui la fiam: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.” (Romatɔwo 5:12) Ne ɖe ame gbãtɔ ɖo to Mawu la, anye ne anɔ agbe tegbee. Enumake mede dzesii be esia wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu meke ɖo le nye numekukuwo me. Eme va kɔ nam azɔ be Mawu mewɔ mí be míaku hafi o. Esi míaƒe lãmenugbagbeviwo katã ɖɔa li wo nɔewo ɖe ɖoɖo nyui aɖe nu ta la, anya wɔ be míanɔ agbe tegbee.

Nu kae na nèva ka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia la nye?

Meva srɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso Mawu ŋu le Psalmo 139:16: ‘Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me.’ Esi menye lãmetsiŋutinunyala ta la, mesrɔ̃a nu tso ale si míaƒe lãmenugbagbeviwo wɔa dɔe ŋu. Aleke ame si ŋlɔ Psalmowo wɔ nya esia? Zi ale si meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, zi nenemae meva ka ɖe edzi be Mawue na woŋlɔ Biblia.

Aleke wokpe ɖe ŋuwò nèva se Biblia ƒe nufiafiawo gɔmee?

Yehowa Ðasefo aɖe srɔ̃ Biblia kplim. Meva se nu si tae Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo kpea fu ɖo la gɔme. Meva srɔ̃e, abe ale si Biblia ŋutɔ gblɔe ene, be Mawu do ŋugbe be ‘yeami ku saɖagatsi tegbee.’ (Yesaya 25:8) Ele bɔbɔe na mía Wɔla la be wòatrɔ asi le míaƒe ameti wɔnukua ŋu be wòayi edzi anɔ dɔ wɔm le ɖoɖo deblibo nu ale be míase vivi na agbe si nuwuwu manɔe na o.

Aleke nèzã Biblia me nunya si su asiwò la tsɔ kpe ɖe amewo ŋui?

Meva zu Yehowa Ðasefo le ƒe 1995 me, eye tso ɣemaɣi la, meƒoa nu tso nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me ŋu na amewo. Le kpɔɖeŋu me, nye dɔwɔhati aɖe ƒe dzi gbã vevie esime nɔviaŋutsu wu eɖokui. Sɔleme si wòdena fiaa nu be Mawu matsɔ ame siwo wu wo ɖokui la ƒe nu vɔ̃ ake wo gbeɖe o. Gake metsɔ ale si Biblia ƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu la fiae. (Yohanes 5:28, 29) Eƒe dzi dze eme ŋutɔ esi wòva kpɔe be Wɔla la tsɔa ɖe le eme na mí. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, mekpɔnɛ be Biblia me nyawo gbɔgblɔ na amewo nana mekpɔa dzidzɔ wu nu si dzɔdzɔmeŋutinunya si menya ate ŋu awɔ nam!