Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
Nu siwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se la mele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o, elabena woƒe agbalẽwo le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le xexea me godoo. Nu siwo dzi woxɔ se la dometɔ vevi aɖewoe nye esiwo gbɔna.
1. Biblia Ðasefowo xɔe se be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16)
Jason D. BeDuhn, si nye subɔsubɔhawo ŋuti nufiala, ŋlɔ be: “[Yehowa Ðasefowo] ŋutɔ meɖo nu si dzi wodi be yewoaxɔ ase la ɖi o; wotu woƒe dzixɔsewo katã ɖe Biblia dzi.” Nu si Biblia fia la dzie woxɔna sena; womeɖea eme abe ale si woawo ŋutɔwo dii ene o. Gake wonyae hã be mele be woase nya sia nya si Biblia gblɔ la gɔmee abe ale si tututu wogblɔe ene o. Le kpɔɖeŋu me, ŋkeke adre si Biblia gblɔ be wotsɔ wɔ nuwo la nye kpɔɖeŋuŋkekewo, eye ɣeyiɣi didi aɖee wotsi tsitre ɖi na.—1 Mose 1:31; 2:4.
2. Wɔla la Mawu vavã la tsɔ ŋkɔ na eɖokui, si na wòto vovo tso alakpamawuwo gbɔ: eyae nye Yehowa (alo Yahweh, abe ale si wòle Roma Katolikotɔwo ƒe Biblia si nye Jerusalem Bible me ene; ŋkɔ sia dzi kee agbalẽnyalagã siwo li egbea dometɔ aɖewo hã da asi ɖo). * (Psalmo 83:19)
Ale si woŋlɔa ŋkɔa ɖe Hebrigbe me la dze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me. Yesu ɖee fia be ŋkɔ ma le vevie ŋutɔ esi wògblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Eme kɔ be Mawu di be míatsɔ mía ɖokui ana ye ɖeka ko. Eya tae Ðasefowo mezãa nɔnɔmetata alo nɔnɔmewɔwɔ aɖeke le woƒe subɔsubɔ me o.—1 Yohanes 5:21.
3. Yesu Kristo Eyae nye Ðela la, “Mawu ƒe Vi la,” kple “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.” (Yohanes 1:34; Kolosetɔwo 1:15; Dɔwɔwɔwo 5:31)
Esi wònye ɖe wowɔe ta la, menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖekee wònye o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28) Yesu nɔ agbe le dziƒo kpɔ hafi va anyigba dzi, eye esi wòku tsɔ sa vɔ ɖe mía ta megbe la, wofɔe ɖe tsitre, eye wògatrɔ yi dziƒo. “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to [eya amea dzi] ko.”—Yohanes 14:6.
4. Mawu Fiaɖuƒea Enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ le dziƒo, eye eƒe fiae nye Yesu Kristo.
Ame 144,000, siwo “woƒle tso anyigba dzi” la, aɖu dzi kplii. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3, 4; Daniel 2:44; 7:13, 14) Woaɖu anyigba la dzi, aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã ɖa le edzi, ale be ame miliɔn geɖe siwo vɔ̃a Mawu la ɖeɖe ko nasusɔ ɖe edzi.—Lododowo 2:21, 22.
5. Anyigba la Nyagblɔla 1:4 gblɔ be: “Anyigba ya li tegbee.”
Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi vɔ la, ekema woatrɔe wòazu paradiso, eye ame dzɔdzɔewo anɔ edzi tegbee. (Psalmo 37:10, 11, 29) Ekema gbe si Yesu do ɖa be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi” la ava eme.—Mateo 6:10, Eʋegbe Biblia.
6. Nyagblɔɖi siwo le Biblia me “Mawu, . . . mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2)
Eya ta nya si wògblɔ ɖi la vana eme ɣesiaɣi, eye nya siwo wogblɔ ɖi le Biblia me tso xexe sia ƒe nuwuwu ŋu hã ava eme. (Yesaya 55:11; Mateo 24:3-14) Ame kawoe atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ ma me? Yohanes Gbãtɔ 2:17 ɖo eŋu be: “Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.”
7. Dunyahedziɖulawo Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17)
Eya ta Yehowa Ðasefowo wɔa dukɔ si me wole la ƒe sewo dzi ne se mawo menya tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o ko.—Dɔwɔwɔwo 5:29; Romatɔwo 13:1-3.
8. Gbeƒãɖeɖe Yesu gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia” le anyigba blibo la katã dzi hafi xexe sia nawu enu. (Mateo 24:14)
Yehowa Ðasefowo bui be bubu wònye na yewo be yewoawɔ dɔ sia si ana amewo nakpɔ agbe la. Gake wonyae be ne ame aɖe alɔ̃ aɖo to alo maɖo to o la, eya ŋutɔ ƒe nyae. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.”—Nyaɖeɖefia 22:17.
9. Nyɔnyrɔxɔxɔ Ame siwo srɔ̃ Biblia nyuie hese egɔme, eye wodi be yewoazu Ðasefo asubɔ Mawu la koe Yehowa Ðasefowo nyrɔna. (Hebritɔwo 12:1)
Wonyrɔa ame siawo ɖe tsi me wònyea dzesi na amewo be wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu.—Mateo 3:13, 16; 28:19.
10. Mamadede nunɔlawo kple hameviwo dome Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Mi katã la, nɔviwoe mienye.” (Mateo 23:8)
Nunɔlawo ƒe ha aɖeke menɔ Kristotɔ gbãtɔ alo Biblia ŋlɔlawo dome, si to vovo na hameviwo o. Biblia me kpɔɖeŋu sia kee Yehowa Ðasefowo srɔ̃na egbea.—g10-E 08.
^ mm. 4 Menye Yehowa Ðasefowoe kpa ŋkɔ “Yehowa” o. Woɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme be “Yehowa” le gbe geɖewo me ƒe alafa geɖewoe nye esia, eye wo dometɔ aɖewoe nye Eŋlisigbe kple Germanygbe. Gake nublanuitɔe la, ame siwo ɖe Biblia gɔme le mía ŋɔli la dometɔ aɖewo tsɔ dzesideŋkɔwo, abe “Mawu” kple “Aƒetɔ” ene, ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔa, wònye bubumademade ame si gbɔ Biblia tso la ŋu.