Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yayra Siwo Ŋu Asixɔxɔ Le Wu Kesinɔnuwo

Yayra Siwo Ŋu Asixɔxɔ Le Wu Kesinɔnuwo

Yayra Siwo Ŋu Asixɔxɔ Le Wu Kesinɔnuwo

DƆWƆÐUI nyui aɖe nɔ Jon si le United States (États-Unis) la si. Esime wònye ɖekakpui ko la, ezɔ mɔ yi xexea ƒe teƒe vovovowo eye wòkpɔ ga geɖe. Aƒe nyui aɖe nɔ woa kple srɔ̃a si eye woɖua agbe dziɖeɖitɔe. Le ame geɖe ƒe susu nu la, nu dze edzi na wo.

De ŋugble tso kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Kostas * nye ame 80 siwo wotia le ame 5,000 siwo ŋlɔ dɔbiagbalẽ, siwo wotia be woanye Europa ƒe gadzraɖoƒe xɔŋkɔ aɖe ƒe dɔsrɔ̃viwo la dometɔ ɖeka. Le ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, wodoe ɖe ŋgɔ zi geɖe, eye mlɔeba, eva zu gadzraɖoƒe bubu aɖe ƒe dɔdzikpɔƒe gãwo dometɔ ɖeka ƒe dzikpɔla. Kaka wòaɖe asi le dɔ ma ŋu ahaɖo eya ŋutɔ ƒe dɔwɔƒe la, ga si wòkpɔna le ƒe ɖeka me sɔa gbɔ wu esi ame akpa gãtɔ kpɔna le woƒe agbenɔɣi katã. Ese le eɖokui me be nu dze edzi na ye.

Ke hã, ŋutsu eve siawo siaa ka ɖe edzi be yayrawo li siwo ŋu asixɔxɔ le wu ŋutilãmekesinɔnuwo. Le kpɔɖeŋu me, egbea la, Jon lɔ̃ faa va zu Biblia fiala be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu woate ɖe Mawu ŋu. Jon gblɔ be: “Nye ŋutɔ mekpɔe dze sii be ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ mehea dzikpɔkpɔ vanɛ o. Agbagbadzedze be wòasu ame si kple beléle nɛ menaa vovo nɔa ame ŋu kura o. Gake agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu nana yayra geɖewo, abe dzidzɔ geɖe wu kpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe me, susumekɔdzeanyi, kple dzitsinya nyui ene, sua ame si.”

Kostas hã de dzesii be: “Mawu medi be míaɖoe kplikpaa be ŋutilãmenuwo nanɔ mía si wu ale si dze o. Meka ɖe edzi bliboe be nu sia nu si wòna mí wu esi míehiã gbe sia gbe la da agba ɖe mía dzi be míazãe wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.” Nyitsɔ laa la, Kostas kple eƒe ƒomea dze gbe bubu sɔsrɔ̃ gɔme kple susu be yewoate ŋu afia Biblia me gɔmeɖosewo ame geɖe wu. Egblɔ be, “Míesrɔ̃e be nunana amewo naa míekpɔa dzidzɔ geɖe wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Le nyateƒe me la, Jon kple Kostas siaa va de dzesii be asixɔxɔ le yayra siwo míekpɔna le Mawu subɔsubɔ me ŋu wu ŋutilãmekesinɔnuwo. Daniel Gilbert, si nye nufialagã le Harvard Yunivɛsiti la, de dzesii be susu ƒe lãmesẽmenɔnɔ ŋuti nunyalawo “zã ƒe blananewo tsɔ srɔ̃ nu tso ƒomedodo si le kesinɔnuwo kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu, eye wo katã woƒo nya ta be kesinɔnuwo nana amewo kpɔa dzidzɔ nenye be wona wodo le hiãkame kolikoli me eye wova kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ abe ale si wòdze ene.” Ke hã, egblɔ kpee be, “Ne egasɔ gbɔ wu ema la, menaa dzidzɔ boo aɖeke sua ame si o.”

Nane Si Amewo Va Dea Dzesi Emegbe Kple Vevesese

Nunyala aɖe de dzesii be: “Ne ame nya do le hiãkame me ko la, ewɔ nuku ŋutɔ be ne eƒe kesinɔnuwo va le agbɔ sɔm ɖe edzi la, meganaa amea kpɔa dzidzɔ kokoko o.” Le ƒe alafa si va yi ƒe gɔmedzedze la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii esime wònɔ gbe biam Andrew Carnegie, si nye ame siwo to gayibɔwɔwɔ ƒe dɔwɔƒe gãwo vɛ, kple ame siwo si ga nɔ wu le xexe me ɣemaɣi la dometɔ ɖeka. Aƒetɔ Carnegie gblɔ nɛ be: “Manyo be ame aɖeke naʋã ŋum o. Aleke nye kesinɔnuwo ate ŋu akpe ɖe ŋunyee? Mexɔ ƒe blaade fifia, eye nye dɔgbo megatea ŋu tua nuɖuɖu o. Malɔ̃ faa aɖe asi le nye miliɔn gbogboawo ŋu ɖe sɔhɛmeŋusẽ kple lãmesẽmenɔnɔ ta.”

Emegbe nyadzɔdzɔŋlɔlaa gblɔ kpee be: “Kasia, Aƒetɔ Carnegie trɔ hegblɔ kple vevesese kpakple seselelãme si nyemate ŋu aɖɔ o be, ‘Ne magate ŋu adze agbea gɔme ake la, malɔ̃ faa adzra nu sia nu si le asinye ɖe sɔhɛmeŋusẽ ta.’” Aƒetɔ J. Paul Getty, si hã nye kesinɔtɔ gã aɖe, si kpɔ ga tso mɔ̃memikuku me la, gblɔ nenema ke emegbe be: “Ga ƒe amesinɔnɔ mehea dzidzɔkpɔkpɔ vanɛ kokoko o. Ðewohĩ dzidzɔmakpɔmakpɔ boŋ.”

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe Biblia ŋlɔla aɖe ƒe nya sia dzi be: ‘Mègana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nu si nye tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: “Ame kae nye Yehowa hã” o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.’—Lododowo 30:8, 9.

Fia Salomo si ɖu fia le blema Israel la ɖe nu me be: ‘Meɖo kpo gaɖo kpo ɖe dzi wu ame siwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.’ Ke hã, egblɔ kpee be: “Tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.” Salomo gblɔ hã be: “Yehowa ƒe yayra—eyae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”—Nyagblɔla 2:9-11; 5:11, 12; Lododowo 10:22, NW.

Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Yayra Mavɔwo Me

Eme kɔ ƒãa be, ne míekpɔ egbɔ be míele ƒomedodo nyui me kple Mawu ko hafi dzidzɔ vavãtɔ asu mía si. Ne míetsɔ Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ la, míakpɔe be míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa anyo ɖe edzi eye míaƒe dzi adze eme.

Dzidzɔtɔe la, míate ŋu agblɔ be ga mayi edzi anye dzimaɖitsitsitsoƒe na ame ɖaa o? Biblia na etsɔme aɖe si me woaɖe ŋukeklẽ kple asitsatsa me amebaba ɖa keŋkeŋ la ƒe kakaɖedzi mí. (1 Yohanes 2:15-17) Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo nue amewo anɔ agbe ɖo le eƒe nuɖoanyi yeye si ava ɖe eyome la me. Woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso abe ale si Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me esime wòwɔ atsu kple asi gbãtɔa ɖe edzi ene. Yayra ka gbegbee nye esi wòanye be míakpɔe be dzidzɔ, ŋutifafa, kple lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖe anyigba bliboa katã dzi!—Yesaya 2:2-4; 2 Petro 3:13; 1 Yohanes 4:8-11.

Ɣemaɣi la, vivisese anɔ anyi eye agbenɔnɔ mati ame o. Ŋutilãmeyayrawo akpe ɖe gbɔgbɔmetɔwo ŋu, esime Mawu anɔ egbɔ kpɔm be tame si yeɖo le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo nanɔ anyigba dzi tegbee la le eme vam. Míeka ɖe edzi be nuɖuɖu, dɔƒe, kple dɔwɔwɔ si naa dzidzeme ame anɔ anyi na ame sia ame. Woaɖe ahedada ɖa keŋkeŋ.—Psalmo 72:16; Yesaya 65:21-23; Mixa 4:4.

Ame ɖe sia ɖe si ɖenɛ fiana tso dzi blibo me be yexɔ Yehowa, Mawu si na woŋlɔ Biblia la, dzi se la maɖu ŋukpe o. (Romatɔwo 10:11-13) Eya ta aleke gbegbe nunya anɔ eme be míati yayra siwo ŋu asixɔxɔ le wu kesinɔnuwo yomee nye esi!—1 Timoteo 6:6-10.—g09 03-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ne míetsɔ Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ la, dzidzeme geɖe wu asu mía si le agbe me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gazazã nunyatɔe ate ŋu ana míase vivi le agbe me geɖe wu