Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dɔwo Sɔ Gbɔ Ðe Dzinye Akpa!’

‘Dɔwo Sɔ Gbɔ Ðe Dzinye Akpa!’

 ‘Dɔwo Sɔ Gbɔ Ðe Dzinye Akpa!’

NU KPEKPE kɔla siwo ʋlia ho le Olympic kametehoʋiʋli me la medzea agbagbe gbe sia gbe be yewoakɔ nu kpekpetɔ kekeake o. Ke boŋ wokɔa nu siwo mekpe fũu o edziedzi eye wotoa mɔ sia dzi nana ŋusẽ ɖoa wo ŋu hena nu kpekpewo kɔkɔ. Ne wodzea agbagbe ɣesiaɣi kɔa nu siwo wòhiã be woaʋli vevie hafi ate ŋu akɔ la, woagblẽ nu le woƒe lãmekawo kple ƒunukpeƒewo ŋu, eye esia awɔe be womagate ŋu anye hoʋlilawo o.

Le mɔ ma ke nu la, anɔ eme be esi nènye sukuvi ta la, èkua kutri vevie le suku. Eye ne wode dɔ sesẽ aɖe asi na wò alo nèle dzadzram ɖo ɖe dodokpɔwo ŋu la, èlɔ̃na faa henɔa klalo be yeaku kutri geɖe wu. * Gake ne sukudɔdeasiwo kple dɔ bubuwo li kɔ ɖe dziwò wòhiã be nàwɔ hena ŋkeke geɖe ɖe? Àkpɔe be asesẽ ŋutɔ be nàɖu nu ɖe ɖoɖo nu alo adɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie. Dɔ sesẽ mawo si wòle be nànɔ wɔwɔm atraɖii ana nàva dze dɔ mlɔeba. Ðewohĩ nenemae nèsena le ɖokuiwò me fifia. *

Sukudɔdeasi Siwo Nu Metsona O

Hiroko, * sukuvi aɖe si xɔ ƒe 15, si le Japan, gblɔ be: “Esi menɔ ŋgɔ yim le suku la, nye sukudɔdeasiwo va nɔ dzidzim ɖe edzi eye wosesẽna ɖe edzi. Exɔa ɣeyiɣi didi aɖe hafi mewua wo nu. Dɔ bubu geɖewo li medi be mawɔ, gake ele be matsɔ sukudɔdeasia ayii le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Dzidzi ƒoam ɣeaɖewoɣi.” Svetlana, si xɔ ƒe 14, si le Russia la ŋlɔ tso sukudɔdeasi siwo wòxɔna ŋu be: “Eva le sesẽm nam ŋutɔ be mawu nye sukudɔdeasiwo nu. Ele be masrɔ̃ sukunu geɖe wu ƒe sia ƒe eye nufialawo hã biana tso mía si be míaxlẽ nu gbogbo aɖewo tso wo ŋu. Gawu la, nufiala ɖe sia ɖe bua sukunu si wòfiana be ele vevie wu bubuawo. Esesẽ ŋutɔ be mada asɔ le nɔnɔme sia me bene mate ŋu awɔ dɔdeasiawo katã.”

Nu ka tae wotea gbe ɖe sukudɔdeasiwo wɔwɔ dzi nenema gbegbe ɖo? Gilberto, si xɔ ƒe 18, si le Brazil la ŋlɔ bena: “Nufialawo gblɔ be yewodi be yewoadzra mí ɖo ne míate ŋu akpe akɔ kple dɔwɔɖuikpɔkpɔ ƒe kuxi sesẽ la.” Ne susu sia tae gɔ̃ hã la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be sukudɔdeasiawo ƒe agbɔsɔsɔ wu tsɔtsɔ na ye. Ðewohĩ àte ŋu aɖe seselelãme sia dzi kpɔtɔ to ale si nàtrɔ wò nukpɔsusu ku ɖe sukudɔdeasiwo ŋu kple afɔ ŋutɔŋutɔ siwo nàɖe atsɔ ana be wò nuwo nanɔ ɖoɖo nu dzi.

Bu sukudɔdeasiwo ƒe dzidziɖedzi abe hehexɔxɔ si nèhiã be nàte ŋu akpɔ dzidzedze le wò tsitsime ene.  Togbɔ be awɔ na wò be ɣeyiɣi siwo yezãna ɖe sukudɔdeasiwo ŋu mewua enu gbeɖe o hã la, wò sukudeɣiwo nu ava yi kaba wu ale si nèsusui. Ne èva te dɔwɔwɔ hele ɖokuiwò dzi kpɔm la, ado dzidzɔ na wò ŋutɔ be nète ŋu wu dɔdeasi sesẽ mawo nu. ‘Eme anyo na wò le agbagba siwo nèdze’ le wò sukudeɣi ta.—Nyagblɔla 2:24.

Àte ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ ne èmla ɖokuiwò hewɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu. (Kpɔ aɖaka si nye  “Mɔ Siwo Dzi Nàto Aɖe Nuteɖeamedzi Dzi Kpɔtɔ.”) Ne eva zu numame na wò be èwɔa wò sukudɔdeasiwo ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ fɔléleɖenuŋutɔe la, nufialawo ate ŋu ava ka ɖe dziwò eye woadi be yewoakpe ɖe ŋuwò. Tsɔe be ƒomedodo ma tɔgbi le mia kple nufiala aɖe dome. Ne eva dzɔ be nane si mènɔ mɔ kpɔm na o do mo ɖa eye nègblɔ nɛ do ŋgɔ be yemate ŋu awu eƒe dɔdeasia nu ɖe ɣeyiɣi dzi o la, mèkpɔe be ase nu gɔme na wò oa? Mawu subɔlawo siwo nɔ anyi le blema la dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Daniel la “[ɖia] anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o.” Ale si gbegbe Daniel léa fɔ ɖe eƒe dɔwo ŋu la na fia la ka ɖe edzi hedoe ɖe ŋgɔ. (Daniel 6:5) Eya ta ne èsrɔ̃ Daniel le ale si nèwɔa wò sukudɔdeasiwoe me la, nufialawo ase nu gɔme na wò ne ehiã.

Ðe toɖoɖo nyuie le sukuxɔ me, sukudɔdeasiwo kple dɔ bubu siwo xɔa ɣeyiɣi geɖe wɔwɔ ɖe ɣeyiɣi dzi aɖe sukunuteɖeamedzi ɖa keŋkeŋ le dziwòa? Ao, gake nuteɖeamedzi siwo nàkpɔtɔ anɔ sesem le ɖokuiwò me la atso wò didi be yeawɔ dɔ nyuie gbɔ. Le esi teƒe be nànɔ mɔ bɔbɔe siwo dzi nàto aɖe ta le sukudɔdeasiwo te ŋu bum la, àva kpɔe boŋ be nusɔsrɔ̃ ava nɔ dzrowòm vevie eye esia awɔe be wò nugɔmesese ade to ɖe edzi.

Nuteɖeamedzi sia tɔgbi nyo eye wòɖea vi. Ke hã, nuteɖeamedzi si gblẽa nu le ame ŋu, si mehiã o, ate ŋu ava ɖe fu na wò.

 Nusɔsrɔ̃ Siwo Wotsɔ Kpe Ðe Sukunufiaɖoɖoa Ŋu Na Woxaxa

Bu ame aɖe si kua eƒe ʋu sesĩe ɣesiaɣi ŋu kpɔ. Ele du dzi sesĩe va ɖo teƒe aɖe si wowɔ dzesi ɖo be wòatɔ eye wòɖo afɔ brake (alo frein) dzi enumake eye ʋua ƒe tayawo te le anyigba xooo va tɔ. Emegbe egaho kple du eye tayawo nɔ totrom sesĩe. Nu kae ava dzɔ ɖe ʋukula madzeakɔanyi sia ƒe ʋua dzi mlɔeba? Agblẽ nu le ʋua ƒe mɔ kple eŋutinu bubuwo ŋu godoo. Gake hafi esia nadzɔ la, ate ŋu adzɔ be wòakpɔ afɔku eye ʋua dome nagblẽ.

Le mɔ ma ke nu la, sukuvi geɖe menaa woƒe ŋutilã kple susu gbɔna ɖe eme le suku kple le kpakpã vɔ megbe o. Denise Clark Pope ŋlɔ tso sukuvi vovovo siwo wòdo goe ŋu ɖe eƒe agbalẽ si nye Doing School me be: “Wodzea ŋkekea gɔme kaba, zi geɖe la, gaƒoƒo ɖeka alo eve do ŋgɔ hafi ame tsitsiwo nadze woƒe ŋkekea me dɔwo gɔme, eye wova wua enu le zã me, le bɔlƒoƒo, ɣeɖuɖusɔsrɔ̃, sukuviwo ƒe aɖaŋuɖokpekpewo kpakple sukudɔdeasiwo, ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui, kple aƒemedɔwo wɔwɔ vɔ megbe.”

Ne sukuviwo le hloloetsotso sia dzi tso ŋkeke yi ŋkeke la, lãmesẽkuxiwo ava ɖe fu na wo godoo. Ne nu va te ɖe wo dzi vevie la, dɔmedɔ kple taɖuame ate ŋu ava nɔ fu ɖem na wo vevie. Ne ɖeɖiteameŋu na woƒe dɔlélenutsiŋutete me gbɔdzɔ la, woate ŋu adze dɔ mlɔeba. Ekema, womagate ŋu awɔ geɖe abe ale si wowɔnɛ tsã ene o, eye woaʋli vevie ŋutɔ hafi ŋusẽ nagaɖo wo ŋu. Ðe nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm ɖe dziwòa?

Enyo ŋutɔ be ame naʋli sesĩe le taɖodzinu ɖɔʋuwo gbɔ ɖoɖo ta, gake aleke kee ŋusẽ ɖale ŋuwòe o, seɖoƒe li na nu si gbegbe nàte ŋu awɔ le ŋkekea me. Biblia ɖo aɖaŋu nyui sia be: “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” (Filipitɔwo 4:5) Nya ‘nugɔmesese’ ƒe gɔmeɖeɖe evee nye “nu si megbɔ eme o” kple “nuŋububu nyui ƒe amesinɔnɔ.” Nugɔmesela wɔa nyametsotso siwo megblẽa nu le eya ŋutɔ alo ame bubuwo ŋu o. Eɖea tsitsi nyui fiana, si nye nɔnɔme aɖe si xɔ asi ŋutɔ le egbexexe malike sia me. Eya ta be nàte ŋu akpɔ wò lãmesẽ ta la, nye nugɔmesela—ɖe asi le dɔwɔna siwo mehiã boo o, siwo nètsɔ do agba na ɖokuiwò la dometɔ aɖewo ŋu.

Kesinɔnuwo Yome Titi

Gake le sɔhɛ aɖewo ya gome la, nugɔmesese alo dadasɔ le nuwɔna me le na wo abe nu si hea ame ɖe megbe le taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo me ene. Sukuvi siawo tɔgbi xɔe se be nu si naa wokpɔa dzidzedze ye nye dɔwɔɖui si me fetu gã le kple kesinɔnu siwo dona tso eme ƒe amesisusu. Aƒetɔ Pope de dzesi nuŋububu sia  le sɔhɛ siwo wòbia gbee la dometɔ aɖewo ŋu. Ede dzesii be: “Sukuvi siawo di be ɣeyiɣi geɖe wu nasu yewo si bene yewoadɔ alɔ̃ eye yewoƒe lãmesẽ nanyo ɖe edzi, gake woƒe ɖoɖowɔɖi siwo nana vovo menɔa wo ŋu o, siwo dome suku, ƒome, kple dɔwɔɖui gbanɔamedziwo le la, mete ŋu na didi sia va eme na wo o. Nenema kee wodi be yewoakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu le hadede kple xɔlɔ̃wo, gomekpɔkpɔ le dɔ bubuwo me, alo ŋkeke aɖewo xɔxɔ atsɔ aɖi ɖe eme me hafi, gake wo dometɔ akpa gãtɔ kpɔe be yewomate ŋu anɔ gome kpɔm le nu siawo me agakpɔtɔ alé ɖoƒe kɔkɔ si yewoɖo le suku la me ɖe asi o. Wokpɔe dze sii be ehiã be yewoawɔ tiatia, eye le woawo gome la, dzidzedzekpɔkpɔ le etsɔme le vevie wu dzidzɔkpɔkpɔ fifia.”

Ele be sukuvi siwo zãa wo ɖokuiwo kutɔkutɔe alea la nabu nya si nunyala aɖe gblɔ ɣeaɖeɣi la ŋu be: “Ne xexeme blibo la zu ame aɖe tɔ, eye wòbu eƒe agbe ɖe, viɖe kae wòkpɔ? Alo nane li, si ame atsɔ aɖɔli eƒe agbea?” (Mateo 16:26, Nubabla Yeye La) Yesu Kristo to nya mawo dzi nɔ nu xlɔ̃m be, xexe sia me taɖodzinu siwo gbɔ míadze agbagba be míaɖo la mele vevie o, elabena woagblẽ nu le míaƒe ŋutilã, seselelãme, kpakple mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu.

Susuŋutinunyala Madeline Levine ŋlɔ nu tso “nyateƒe si wònye be ga, sukudede, ŋusẽ, ŋkɔxɔxɔ, kple ŋutilãmenuwo mekpɔa ame ta tso dzidzɔmakpɔmakpɔ alo nuteɖeamedzi me o” ŋu ɖe eƒe agbalẽ si nye The Price of Privilege (Fe Si Woxena Ðe Nudzedziname Ta) me. Aƒetɔ Pope si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be: “Medo go ɖevi gbogbo aɖewo kple dzila siwo ʋlina be nu sia nu nadze edzi na yewo pɛpɛpɛ—le nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe si le wo si ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu nu ta.” Eye wògblɔ kpee be: “Ðe wòle be míanɔ agbagba dzem be míanɔ lãmesẽ me—le susu me, ŋutilã me, kple nuŋububu gome boŋ.”

Nanewo le vevie sãsãsã wu ga. Esiawo dometɔ aɖewoe nye seselelãme kpakple ŋutilã me dedienɔnɔ, dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple mía Wɔla. Nu siawo nye nunana xɔasiwo tso Mawu gbɔ. Ne ŋutilãmenuwo kple ŋkɔxɔxɔ yome titi na be nu siawo bu ɖe wò la, ɖewohĩ womagasu asiwò gbeɖe o. Esi nya siawo le susu me na wò la, de ŋugble tso nu si Yesu fia ŋu. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be [yewohiã Mawu], elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”—Mateo 5:3.

Sɔhɛ geɖe va lɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi. Esi woyia edzi wɔa dɔ nyuie le suku la, wonyae be menye dɔwɔwɔ nyuie le suku kple ŋutilãmekesinɔnuwo ye hea dzidzɔ vavãtɔ vanae o. Wode dzesii be taɖodzinu mawo yome titi naa nu tena ɖe yewo dzi madzemadzee. Sukuvi mawo va kpɔe dze sii be kɔɖiɖi na ale si ‘yewohiã Mawui’ ye nye gɔmeɖoanyi nyuitɔ na etsɔme si me dzidzɔ vavãtɔ anɔ ƒe amesisusu. Adzɔ dzi na magazine sia talawo alo Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoafia ale si nàwɔ aɖi kɔ na ale si nèhiã Mawui be nàkpɔ dzidzɔ la wò.—g09 04-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Young People Ask . . . Could I Be Doing Better in School?” (Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Mate Agawɔ Dɔ Nyuie Wu Le Sukua?), si ƒo nu tso sukuvi siwo mewɔa dɔ nyuie o alo wɔa kuvia la ŋu, si dze le March 22, 1998 ƒe yevugbe me Nyɔ! me, axa 20-22.

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Young People Ask . . . What Can I Do About So Much Homework?” (Sɔhɛwo Biana Be . . . Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Sukudɔdeasi Gbogbo Siawo Ŋu?), si dze le April 8, 1993 ƒe yevugbe me Nyɔ! me, axa 13-15, hena nyatakaka bubuwo ku ɖe nyati sia ŋu.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Aleke kee ŋusẽ ɖale ŋuwòe o, seɖoƒe li na nu si gbegbe nàte ŋu awɔ le ŋkekea me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Wɔwòla la ŋuti sidzedze xɔxɔ ye nye hehe nyuitɔ kekeake si nàte ŋu axɔ

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

 MƆ SIWO DZI NÀTO AÐE NUTEÐEAMEDZI DZI KPƆTƆ

❑ Ðe nèzãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔa agbalẽ ɖeɖewo kple nuŋlɔɖigbalẽwo me tsam ne èle nane dima? Ame aɖewo hiã kpekpeɖeŋu be woate ŋu aɖo woƒe nuwo ɖe ɖoɖo nyui nu. Aɖaŋuɖoɖobiabia ame bubuwo megakpe ŋu na wò o.

❑ Ðe nèhea nuwo wɔwɔ ɖe megbea? Te nu sia kpɔ: Dze agbagba nàwu dɔdeasi aɖe nu do ŋgɔ na eƒe ɣeyiɣi. Ne ètee kpɔ la, gbɔdzɔe kple dzidzɔ si gbegbe nàkpɔ la awɔ nuku na wò, eye esia ate ŋu aʋã wò be nàdzudzɔ wò sukudɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe.

❑ Ðe nèdea dzesii zi geɖe be yeƒe susu nɔa tsaglãla tsam le ɣeyiɣi si me nufiala le nu fiama? Te nu sia kpɔ hena ɣleti ɖeka: Lé to ɖe sukuxɔ me numedzodzrowo ŋu nyuie, eye wɔ nuŋlɔɖi nyui siwo ŋu dɔ nàva wɔ emegbe. Àva kpɔe be sukudɔdeasiwo wɔwɔ va le bɔbɔe na ye wu eye esia ado dzidzɔ na wò ŋutɔ. Emetsonu nyui sia aɖe nuteɖeamedzi si ɖea fu na wò le suku la dzi kpɔtɔ.

❑ Ðe nèɖoe be yeasrɔ̃ sukunu siwo awɔe be nàwu sukudede nu kaba evɔ esia biaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe wu tso asiwòa? Ðe wòle vevie kokoko be nàsrɔ̃ sukunu mawoa? Ƒo nu tso eŋu na dziwòlawo. Bia ame aɖe si si sukudede ŋuti nukpɔsusu dasɔ le la ƒe nukpɔsusu. Ðewohĩ àkpɔe be sukunusɔsrɔ̃ mawo maɖe vi boo aɖeke na wò le wò ŋgɔyiyi ɖo ta sukunuwuwu gbɔ me o.

[Aɖaka si le axa 6]

SUSU ME AMETAKPƆGLI

“Kesinɔtɔ ƒe nuwo nye eƒe du sesẽ, eye wòbuna be, gli kɔkɔwo wonye.” (Lododowo 18:11) Le blemaɣeyiɣiwo me la, amewo ɖoa ŋu ɖe gli kɔkɔwo ŋu hena takpɔkpɔ tso amedzidzelawo si me. Gake bu eŋu kpɔ be yele du aɖe me si ƒe ametakpɔgli nye nu si nàte ŋu akpɔ le susu me ko. Aleke kee nàna wòadze na wò abe gli ŋutɔŋutɔe wònye ene hã la, gli ma mate ŋu anye takpɔnu aɖeke na wò tso wò futɔwo si me o.

Abe ale si ame siwo le du si ŋu ametakpɔgli mele o me manɔ dedie o ene la, sɔhɛ siwo tiaa kesinɔnuwo yome la ado kpo nu godoo. Ne dzilae nènye la, anyo be nàkpe ɖe viwò ŋu wòaƒo asa na ŋutilãmenudidi ƒe mɔ la, eye wòagava nɔ abe ame aɖe si kpɔa eƒe ametakpɔgli le susu me ene o.

Nyateƒenya siwo gbɔna siwo wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzro nu me kple viwòŋutsu alo viwònyɔnu:

▪ Zi geɖe la, kesinɔnu geɖe ƒe amesinɔnɔ hea kuxi geɖewo vanɛ wu wo gbɔ kpɔkpɔ. “Kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.”Nyagblɔla 5:11; 1 Timoteo 6:9, 10.

▪ Ðoɖo nyui wɔwɔ nana be ame mehiãa kesinɔnuwo hafi wòakpɔ dzidzɔ o. “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ [godoo].”Lododowo 21:5; Luka 14:28.

▪ Fetu sue si naa ame tea ŋu kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ la hea dzidzeme vanɛ. “Mègana ahedada kple hotsuim o.”Lododowo 30:8. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 43 Àkpɔ nyatakaka bubu geɖe ku ɖe ŋutilãmenudidi ƒe mɔ la ŋu le April 8, 2003, ƒe Nyɔ! me, axa 18-19.

 [Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

MEGABU sukudɔdeasiwo be wonye agba O, ke boŋ bu wo abe agbemedɔ si nàva wɔ la ŋuti hehexɔxɔ ene

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Agbagbadzedze be woawɔ geɖe wu ame ƒe ŋutete meɖea vi o