Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afɔku Aɖe Si Ŋu Wòle Be Dzila Ðe Sia Ðe Natsi Dzi Ðo

Afɔku Aɖe Si Ŋu Wòle Be Dzila Ðe Sia Ðe Natsi Dzi Ðo

 Afɔku Aɖe Si Ŋu Wòle Be Dzila Ðe Sia Ðe Natsi Dzi Ðo

HEATHER kple Scott wonye atsu kple asi nyui aɖe siwo dzi dzɔna ale gbegbe, siwo si ŋutsuvi sue si xɔ ƒe etɔ̃ le. * Woléa be na wo via nyuie. Esia wɔwɔ mele bɔbɔe le egbexexea me o. Dzimaɖitsitsi kple agbanɔamedzi geɖewoe esia lɔna ɖe eme. Nu gbogbo aɖewo ŋutɔe wòle be woafia ɖeviwo! Heather kple Scott tsia dzi ɖe woƒe agbanɔamedziawo dometɔ ɖeka aɖe koŋ ŋu vevie: Wodi be yewoakpɔ yewo via ta tso gbɔdɔnu madzemadzewo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe afɔkua me. Nu ka ta?

Heather gblɔ be: “Fofonye nye ame nikpi, dɔmedzoetɔ, kple ahanoxe. Eƒoam kutɔkutɔe, eye wòwɔa gbɔdɔnuwo ɖe mía kple nɔvinyenyɔnuwo ŋu madzemadzee.” * Ame geɖe nya be nu vɔ̃ɖi sia wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu dea abi woƒe seselelãme ŋu vevie. Mewɔ nuku o be Heather ɖoe kplikpaa be yeakpɔ ye vi ŋutsuvia ta! Nenema kee Scott hã se le eɖokui me.

Dzila geɖe tsia dzi ɖe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe kuxia ŋu. Anɔ eme be wò hã ètsia dzi nenema ke. Togbɔ be ɖewohĩ womewɔ gbɔdɔnuwo ɖe ŋuwò le ɖevime hede abi wò seselelãmewo ŋu abe ale si wònɔ le Heather kple Scott gome ene o hã la, ɖikeke mele eme o be ànya se nuwɔna nyɔŋu sia si bɔ ŋuti nyatakaka gbãdzinamewo kpɔ. Le xexea me godoo la, edzia ŋɔ na dzila ɖɔʋuwo ŋutɔ ne wose be wowɔa nu sia ɖe ɖeviwo ŋu le woƒe nutoa me.

Mewɔ nuku o be kuxi sia ŋuti numekula aɖe gblɔ le ale si gbɔdɔnuwɔna vɔ̃ɖi siawo le dzidzim ɖe edzi ŋu be “enye nu siwo ɖea dzi le ame ƒo wu, siwo le dzɔdzɔm le mía ŋɔli la dometɔ ɖeka.” Ewɔ nublanui ŋutɔ, gake ɖe wòwɔ nuku be nu siawo tɔgbi le dzɔdzɔma? Mewɔ nuku na ame siwo srɔ̃a Biblia ya o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be míele ɣeyiɣi vɔ̃wo, siwo wòyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me, si me ‘ŋutasẽnuwɔlawo’ abɔ, eye amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo” kple “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,” la me.—Timoteo II, 3:1-5.

Gbɔdɔnuwɔna vɔ̃ɖi ƒe nya sia nye kuxi dovoɖiname aɖe. Le nyateƒe me la, ame siwo dina be yewoawɔ gbɔdɔnu ɖe ɖeviwo ŋu madzemadzee ƒe nuwɔna vɔ̃ɖi sia ŋu bubu ɖeɖe dzaa ɖea fu na dzila aɖewo ale gbegbe. Gake ɖe kuxia gbɔ manya kpɔ na dzilawo oa? Alo ɖe nanewo li siwo dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo taa? Nyati eve siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.—g10/07.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔwo le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me.

^ mm. 3 Gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu madzemadzee nye ame tsitsi aɖe, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, ƒe ɖeviwo zazã atsɔ aɖi kɔ na eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo. Zi geɖe la, elɔa gbɔdɔnuwɔna siwo Biblia yɔ be agbe gbegblẽ nɔnɔ, siwo ate ŋu anye asilili ame ƒe no kple vidzinuwo ŋu, gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, gbɔdɔdɔ to nu me alo to meƒi me, ɖe eme. Nuwɔna vɔ̃ɖi siawo dometɔ aɖewo—abe asilili no ŋu na ame, gbɔgblɔ na ame kã be yeadɔ egbɔ, amamaɖeɖenuwɔnawo ɖeɖe fia ɖevi, dzidzɔkpɔkpɔ ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu, kple eɖoɖo koŋ agblẽ ame ŋutɔ ƒe ama ɖi—katã nye nu siwo woate ŋu abu de nuwɔna siwo Biblia yɔ be “ŋukpenanuwɔwɔ” alo “makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me” la me.—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:19.