Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe dzidzɔmɔkpɔkpɔ ate ŋu ade wò lãmesẽ dzia?

Ðe dzidzɔmɔkpɔkpɔ ate ŋu ade wò lãmesẽ dzia?

Ðe dzidzɔmɔkpɔkpɔ ate ŋu ade wò lãmesẽ dzia?

“Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.” Nya siawoe Israel fia nyanu aɖe ŋlɔ ƒe 3,000 aɖewoe nye esia. (Lododowo 17:22) Ðɔktawo le lɔlɔ̃m ɖe ale si nunya le nya siawo, siwo tso gbɔgbɔ me, me la dzi egbea. Gake “dzi kpɔdzidzɔ” mesua ame si le eɖokui si o.

Mele bɔbɔe na mía dometɔ akpa gãtɔ be míaƒo asa na gbe sia gbe nuteɖeamedzi siwo hea nuxaxa kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi vɛ la o. Ke hã, numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be togbɔ be nɔnɔme sesẽwo ava mía dzi hã la, dzidzɔmɔkpɔkpɔmenɔnɔ ɖea vi.

Woɖe dzidzɔmɔkpɔkpɔ gɔme be enye “mɔkpɔkpɔ nyuie ƒe amesinɔnɔ alo mɔkpɔkpɔ na nyui.” Alekee ame si kpɔa mɔ dzidzɔtɔe la wɔa nui ne kuxi aɖe va edzi? Mebua kuxia be anɔ anyi ɖaa o. Elɔ̃na ɖe ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ dzi. Edea ŋugble le nu si dzɔ la ŋu nyuie. Emegbe ne anya wɔ la, etsona ɖe nuwɔwɔ ŋu heɖɔa nuwo ɖo.

Gake ame si mɔkpɔkpɔ bu ɖo ya bua fɔ eɖokui. Esusuna be afɔku siwo va ye dzi la anɔ anyi ɖaa, eye be yeƒe movidzɔdzɔ, numanyamanya, alo ɖeka madzemadze gbɔe kuxia tso. Esia nana wònaa ta heɖea asi le eɖokui ŋu ɖe eƒe nɔnɔme wɔnublanuia me.

Ðe dzidzɔmɔkpɔkpɔmenɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmesẽ kple nukpɔsusu nyuie ƒe mía si nɔnɔ dzia? Ɛ̃. Le numekuku aɖe si dɔyɔƒe si nye Mayo Clinic, Rochester, Minnesota, si le Amerika wɔ ƒe nya nu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be ame siwo nɔa dzidzɔmɔkpɔkpɔ me la nɔa lãmesẽ nyui me, eye wonɔa agbe didi wu ame bubuwo. Numekulawo de dzesii hã be ame siawo te ŋu kpea akɔ kple nuteɖeamedziwo nyuie wu, eye esesẽna ŋutɔ hafi woléa blanui.

Ke hã, mele bɔbɔe be ame nanɔ dzidzɔmɔkpɔkpɔ me le xexe sia si me kuxiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi le me o. Eya ta mewɔ nuku o be, esesẽna na ame geɖe be woanɔ mɔ kpɔm na nyui. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxi sia gbɔ? Aɖaŋuɖoɖo aɖewo le aɖaka si le axa sia me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Togbɔ be dzidzɔmɔkpɔkpɔmenɔnɔ maɖɔ nu sia nu ɖo o hã la, ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòanɔ lãmesẽ nyui me ahakpɔ dzidzeme le agbe me. Biblia gblɔ be: “Blanuiléla ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe nyea vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ nɔa aglotutu dzi ɣesiaɣi.”—Lododowo 15:15, The Jerusalem Bible.g9/07.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 30]

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nànye Dzidzɔme *

▪ Ne eva tame na wò be nane wɔwɔ mado dzidzɔ na ye o, alo be yemakpɔ dzidzedze le nane me o la, ɖe asi le susu ma ŋu. Na wò susu nanɔ nu nyui siwo ado tso eme la ŋu boŋ.

▪ Dze agbagba nàse vivi na dɔ si wɔm nèle. Aleke kee wò dɔa ɖale o, wò susu nenɔ eƒe akpa siwo doa dzidzɔ na wò ŋu.

▪ Dze xɔlɔ̃ siwo nye dzidzɔmewo.

▪ Ðɔ kuxi siwo ŋu nàte ŋu awɔ nane le la ɖo, eye esiwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o mègaɖe fu na wò o.

▪ Ŋlɔ nu etɔ̃ siwo do dzidzɔ na wò wu le ŋkeke ɖe sia ɖe me la ɖi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Wotu nya siwo le etame la dometɔ aɖewo ɖe agbalẽ aɖe si Mayo Clinic ɖe ɖe go la dzi.