Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nane Gblẽ Le Mɔxexeɖefufɔfɔnu Ŋua?

Ðe Nane Gblẽ Le Mɔxexeɖefufɔfɔnu Ŋua?

 Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Nane Gblẽ Le Mɔxexeɖefufɔfɔnu Ŋua?

NU KAE nye wò nukpɔsusu? Ðe wònye nu gbegblẽ be srɔ̃tɔ aɖewo naxe mɔ ɖe fufɔfɔ nua? Ðewohĩ wò subɔsubɔ dzixɔsewo akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nàɖo nya sia ŋui dzi. Katolikohaa fiaa nu be nu sia nu si ame awɔ be yeatsɔ axe mɔ na vidzidzi “nye nu gbegblẽ le dzɔdzɔme nu.” Le Katolikotɔwo ƒe nufiafiaa nu la, mele be woazã naneke le srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ me be woatsɔ axe mɔ na fufɔfɔ o. Eya ta le Katolikotɔwo gome la, mɔxexeɖefufɔfɔnu “mesɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo nu o.”

Ame geɖe meda asi ɖe nukpɔsusu ma dzi o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be, “Katolikotɔ siwo wu 75 le alafa me le United States gblɔ be ele be sɔlemehaa naɖe mɔ ɖe atikewo zazã atsɔ axe mɔ ɖe fufɔfɔ nu ŋu. . . . Eye ame miliɔn geɖe daa sedede sia dzi gbe sia gbe.” Wo dometɔ aɖe si ŋkɔe nye Linda, si si vi etɔ̃ le la lɔ̃ ɖe edzi be yezãa mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnuwo, gake egblɔ be: “Nye dzitsinya mebua fɔm be mele nu vɔ̃ wɔm o.”—Pittsburgh Post-Gazette.

Nya kae Mawu ƒe Nya la gblɔ le nya sia ŋu?

Agbe Nye Nu Xɔasi

Mawu bua ɖevi ƒe agbe nu xɔasii, esime wònye fugboe kura gɔ̃ hã. Gbɔgbɔ ʋã Israel fia Dawid wòŋlɔ bena: “Nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔ aɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.” (Psalmo 139:13, 16) Agbe dzea egɔme tso fufɔfɔ dzi, eye Mose ƒe Sea ɖee fia be woate ŋu abia akɔnta tso ame si le afɔkudodo vi nɔdɔme ta. Mose II, 21:22, 23  ɖee fia be ne ŋutsuwo le kɔ dam eye wodo afɔku funɔ alo vi si le eƒo, eye wo dometɔ aɖe ku la, woatsɔ nyaa yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume. Woadzro ale si nua dzɔe me kpɔ be ɖee woɖoe wɔ hã, gake tohehea ate ŋu anye be “woabia agbe ɖe agbe teƒe.”

Gɔmeɖose ma lɔ mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnuwo zazã ɖe eme, elabena mɔxexeɖevidzidzinu ƒe mɔnu aɖewo nyea fuɖeɖe. Mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnu siawo tɔgbi mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe gɔmeɖose siwo bia be woade bubu agbe ŋu o. Gake mɔxexeɖevidzidzinu ƒe mɔnu akpa gãtɔ melɔa fuɖeɖe ɖe eme o. Ke nu kae míagblɔ tso mɔnu mawo ya ŋu?

Womede se na Kristotɔwo le Biblia ƒe akpa aɖeke be woadzi asɔ gbɔ o. Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔa kple Noa ƒe ƒomea be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” Gake Mawu megbugbɔ se ma de na Kristotɔwo ya o. (Mose I, 1:28; 9:1) Eya ta srɔ̃tɔwo ate ŋu atiae nenye be yewoadzi vi, vi ale si nu yewoadzi, kple ɣeyiɣi si me yewoadzi wo. Nenema kee Ŋɔŋlɔawo mede se ɖe mɔxexeɖevidzidzinu hã nu o. Eya ta le Biblia ƒe nukpɔsusu nu la, ne ŋutsu kple srɔ̃a wotiae be yewoazã mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnu aɖe si melɔ fuɖeɖe ɖe eme o la, esia nye woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso. Ke nu ka tae Katolikoha la de se ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ŋu ɖo?

Amegbetɔwo Ƒe Nunya Kple Mawu Ƒe Nunya

Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be ƒe alafa evelia M.Ŋ. mee ame siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la va xɔ Stoatɔwo ƒe nufiafia, si nye be taɖodzinu ɖeka pɛ si le gbɔdɔdɔ ŋu le se nue nye vidzidzi, de eme. Xexemenunya dzie wotu nufiafia sia ɖo, ke menye Biblia mee wòtso o. Menye Mawu ƒe nunya dzie wòtui ɖo o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe nunya dzie. Amewo lé nufiafia sia me ɖe asi le ƒe alafa geɖe siwo va yi me, eye Katolikotɔwo ƒe mawunyafiala vovovo kekee ɖe enu. * Gake susu si koŋ le megbe na nufiafia siae nye be srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ hena vivisese dzaa ko nye nu vɔ̃, eye esia ta, srɔ̃tɔwo ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me, evɔ woagbe be yewomadzi vi o la nye agbe gbegblẽ nɔnɔ. Gake menye nu siae Ŋɔŋlɔawo fia o.

Wozã hakpanya wɔdɔɖeamedziwo tsɔ ɖɔ dzidzɔ si ŋutsu kple srɔ̃a akpɔ le gbɔdɔdɔ nuwɔna si sɔ le se nu me le Biblia gbalẽ si nye Lododowo me be: “No tsi tso wò tsido me, tsidzidzi tso wò vudo me! Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa.”—Lododowo 5:15, 18, 19.

Mawu ƒe nunanae srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ nye. Gake menye vidzidzi koe nye taɖodzinu si le eŋu o. Gbɔdɔdɔ naa mɔnukpɔkpɔ srɔ̃tɔwo be woaɖe lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le wo nɔewo gbɔ afia wo nɔewo. Eya ta ne srɔ̃tɔ aɖewo tiae be yewoaxe mɔ na fufɔfɔ to mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnu aɖewo zazã me la, ema nye woawo ŋutɔwo ƒe nyametsotso, eye mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu wo o.—Romatɔwo 14:4, 10-13.—g9/07.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ðe nane gblẽ le srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ ŋua?—Lododowo 5:15, 18, 19.

▪ Nu kae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔwo ne wole mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnuwo zãm?—Mose II, 21:22, 23.

▪ Alekee wòle be amewo nabu srɔ̃tɔ siwo zãa mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnuwo?—Romatɔwo 14:4, 10-13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ƒe alafa 13 lia me koe Gregory IX de se si woyɔ le New Catholic Encyclopedia me be “se gbãtɔ si te papa aɖe de asii si tsi tsitre ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnuwo zazã ŋu, si lɔ xexe bliboa me nɔlawo katã ɖe eme.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔa kple Noa ƒe ƒomea be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” Gake Mawu megbugbɔ se ma de na Kristotɔwo ya o